Ŋgɔdonya Siwo Míazã le Gbeadzisubɔsubɔdɔa Me
Numeɖeɖewo: Hafi nànya ŋgɔdonya si ƒomevi nàzã le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, ele be nàde ŋugble le nu etɔ̃ ŋu nyuie: (1) Nya si wode asi na mí be míagblɔe nye “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia.” (Mat. 24:14) Ne míele nu ƒom tso eŋu tẽ o hã la, ele be wòanɔ susu me na mí be míakpe ɖe amewo ŋu be woakpɔ alesi wòhiãe la adze sii, alo ɖewohĩ míaɖe mɔxenu siwo ana be womadi be yewoasee o la ɖa. (2) Ðetsɔtsɔ le amesiwo míedoa goe ƒe nyonyo me anukwaretɔe akpe ɖe mía ŋu, abe alesi wòkpe ɖe Yesu ŋu ene, be míaɖo amewo ƒe dzi gbɔ. (Mar. 6:34) Ðetsɔleme vavã sia adze le nukomo ɖoɖo vividodoɖeameŋutɔe kple xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe nɔnɔme ɖeɖefia, lɔlɔ̃ be míaɖo to ne wole nu ƒom kple míaƒe nyawo tɔtrɔ be wòasɔ ɖe nusi woagblɔ nu, kpakple alesi míazã nyabiabiawo atsɔ ade dzi ƒo na wo be woaƒo nu ale be míate ŋu ase woƒe nukpɔsusu me nyuie wu la me. (Kor. I, 9:19-23) (3) Le xexeame ƒe akpa aɖewo la, wokpɔa mɔ be amedzrowo nawɔ kɔnu aɖewo hafi agblɔ nusitae wova ɖo. Le teƒe bubuwo la, aƒemenɔla akpɔ mɔ be amedzro si menye ye ŋutɔe yɔe o la nagblɔ nusita wòva la tẽ.—Tsɔe sɔ kple Luka 10:5.
Ŋgɔdonya siwo gbɔna la fia alesi Ðasefo kpɔnuteƒe aɖewo dzea dzeɖoɖo gɔmee. Ðikekemanɔmee la, àdi be yeagblɔe le ye ŋutɔ yeƒe nyagbɔgblɔ me. Àkpɔe hã be ne èxɔ aɖaŋuɖoɖo tso Ðasefo bubu siwo le miaƒe hamea me siwo kpɔ dzidzedze le eme nyuie gbɔ la, akpe ɖe ŋuwò.
AƑEME BIBLIA NUSƆSRƆ̃
● ‘Meva be mawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kple wò femaxee. Ne àɖe mɔ nam la, matsɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ko afia alesi amesiwo le anyigba 200 kple edzivɔ dzi srɔ̃a Biblia kple woƒe ƒomewo le wo ƒeme la wò. Míate ŋu azã nyati siawo dometɔ ɖesiaɖe atsɔ adze esɔsrɔ̃ gɔmee. (Fia nusrɔ̃gbalẽa ƒe emenyawoe.) Kae dzɔ dzi na wò wu?’
● ‘Míetsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ sia le míaƒe aƒelikawo fiam. (Tsɔe fiae.) Èkpɔe kpɔa? . . . Ne vovo vi aɖe anɔ ŋuwò la, mafia alesi nàte ŋu asrɔ̃e kple wò Bibliae la wò.’
AGBE/DZIDZƆKPƆKPƆ
● ‘Míele míaƒe aƒelikawo srãm kpɔ be míakpɔ amesiwo bua gɔmesese si le agbe ŋu vevie. Ame akpa gãtɔ kpɔa dzidzɔ vaseɖe afi aɖe. Gake wodoa go kuxi geɖewo hã. Ne míele tsitsim la, míekpɔnɛ be agbea le kpuie ŋutɔ. Alea koe woɖoe be agbea nanɔ kpuie enye esia? Aleke nèsusu tso eŋu? . . . (Ƒo nu tso Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo si wòɖe fia le Eden la ŋu; emegbe nàxlẽ Yohanes 17:3 kple Nyaɖeɖefia 21:3, 4.)’
● ‘Egbea míele míaƒe aƒelikawo biam se be ne woxlẽ nya si nye “agbe mavɔ” le woƒe Biblia me la, aleke wosea emee hã. Enye nya vevi aɖe, elabena nyagbɔgblɔ ma dze ade zi gbɔ zi 40 sɔŋ le Biblia me. Nukae agbe ma afia na mí? . . . Aleke míawɔ akpɔe? (Yoh. 17:3; Nyaɖ. 21:4)’
● ‘Míele dze ɖom kple amesiwo tsɔ ɖe le agbe ƒe nyonyo me ŋutɔŋutɔ egbea. Edzɔa dzi na mía dometɔ akpa gãtɔ be míele agbe, gake ame geɖe biana be, Ðe agbe si me dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ le ate ŋu asu ame sia? Nukae nye wò susu? . . . Nukae nàgblɔ be eyae nye nu vevitɔ siwo na dzidzɔkpɔkpɔ meli egbea o la dometɔ ɖeka? . . . (Ps. 1:1, 2; zã mawunyakpukpui bubu siwo asɔ ɖe nusi me aƒemenɔla tsɔ ɖe le nu.)’
AMEGÃKUKU/KU
● ‘Ède ŋugble tso nusitae míetsina kua amegã hekuna ŋu kpɔa? Tɔmeklo aɖewo nɔa agbe ƒe alafa geɖe. Ati aɖewo li ƒe akpe geɖee nye sia. Gake ƒe 70 alo 80 koe amegbetɔ nɔa agbe ko kuna. Ède ŋugble le nusita wòle alea ŋu kpɔa? . . . (Rom. 5:12) Ðe nɔnɔme ma ava trɔ gbaɖegbea? . . . (Nyaɖ. 21:3, 4)’
● ‘Èbia kpɔ be: Ne míeku la, ke míaƒe vɔɖoƒe koe nye ma? Alo ɖe nu bubu aɖe gali le ku megbea? . . . Biblia ɖe nya sia nya si anɔ mía si míabia le ku ŋu la me na mí. (Nyagb. 9:5, 10) Eɖee fia hã be mɔkpɔkpɔ vavã aɖe li na xɔsetɔwo. (Yoh. 11:25)’
AƲAWƆWƆ/ŊUTIFAFA
● ‘Mele amesiwo adi be yewoanɔ xexe si me aʋawɔwɔ manɔ o me la dim. Le ƒe alafa sia ɖeɖe me la, wowɔ aʋa alafa geɖewo, eye wo dometɔ eve nye xexemeʋawo. . . . Amekae ate ŋu ahe xexe si me ŋutifafa anɔ vɛ? . . . (Mixa 4:2-4)’
● ‘Míekpɔe be amesiame kloe gblɔna be yedi be ŋutifafa nanɔ xexeame. Xexeamekplɔlawo ƒe akpa gãtɔ hã gblɔnɛ. Ke nukatae ekpɔkpɔ sesẽ alea gbegbe? . . . (Nyaɖ. 12:7-12)’
BIBLIA/MAWU
● ‘Ŋdi na wò. Meɖi tsa va gbɔwò be magblɔ nya vevi aɖe na wò kpuie ko. Taflatse se nya si wogblɔ le Biblia ƒe afisia ɖa. (Xlẽ mawunyakpukpui aɖe, abe Nyaɖeɖefia 21:3, 4 ene.) Nukae nèsusu tso nya ma ŋu? Edzɔ dzi na wòa?’
● ‘Míele nu ƒom na míaƒe aƒelikawo tso afisi míakpɔ kpekpeɖeŋu nyuitɔ le atsɔ akpɔ agbemekuxiwo gbɔe ŋu. Tsã la, ame geɖe trɔna ɖe Biblia ŋu. Gake míele ɣeyiɣi si me amewo ƒe nuwɔna le tɔtrɔm me. Aleke nèsusu le eŋu? Èxɔe se be Mawu ƒe Nyae Biblia nyea alo ewɔ na wò be agbalẽ nyui aɖe si amegbetɔwo ŋlɔ koe wònye? . . . Ne Mawu gbɔe wòtso ɖe, èsusu be aleke míate ŋu awɔ aka ɖe edzi?’
[● ‘Edzɔ dzi nam be meva tu wò le aƒeme. Mele dzideƒonya aɖe si tso Biblia (alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo) me gblɔm na nye aƒelikawo. Èbia ɖokuiwò se kpɔ be: . . . ? (Bia nya aɖe si ade nu wò dzeɖonya la me.)’]
● ‘Míele dzi dem ƒo na amewo be woaxlẽ woƒe Biblia. Alesi wòɖoa nyabiabia veviwo ŋui la wɔa nuku na amewo zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me: . . . (Ps. 104:5; alo Dan. 2:44; alo ŋɔŋlɔ bubu aɖe).’
● ‘Tsa ko ɖim míele le míaƒe aƒelikawo srãm kpɔ kpuie egbea. Amesiwo míeɖo dze kplii dometɔ aɖewo ka ɖe Mawu dzi. Edzi menya le xɔxɔm se na ame bubuwo ya o. Nukae nye wò hã wò susu le eŋu? . . . Biblia de dzi ƒo na mí be míade ŋugble le nusi xexeme si míekpɔna la fia ŋu. (Ps. 19:2) Amesi ƒe sewo fiaa mɔ dziƒonu siawo la na mɔfiafia nyuiwo hã mí. (Ps. 19:8-10)’
DƆWƆÐUI/AƑE
● ‘Míele dze ɖom kple wò aƒelikawo tso nusi woate ŋu awɔ be amesiame nakpɔ dɔ awɔ kple aƒe anɔ eme la ŋu. Èsusu be anyo be míakpɔ mɔ be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo nawɔ esia? . . . Gake ame aɖe li si nya alesi woakpɔ kuxi siawo gbɔe; ame mae nye ameƒomea Wɔla. (Yes. 65:21-23)’
[● ‘Míele nya aɖe me dzrom kple míaƒe aƒelikawo tso dziɖuɖu nyui ŋu. Ame akpa gãtɔ adi be yewoanɔ dziɖuɖu si me nugbegblẽwɔwɔ manɔ o, si ana dɔwɔɖui kple aƒe nyui nanɔ amesiame si la te. Èsusu be dziɖuɖu ka ƒomevie ate ŋu awɔ nusiawo katã? . . . (Ps. 97:1, 2; Yes. 65:21-23)’]
ETSƆME/DEDIENƆNƆ
● ‘Ŋdi na wò. Èfɔ nyuiea? . . . Míele etsɔme nyui aɖe si gbɔna ŋuti nya gblɔm na mía nɔviwo. Ðe wò hã nèbunɛ nenema be etsɔme nyui aɖe gbɔnaa? . . . Ðe nèkpɔnɛ be nanewo wɔe be wòsesẽ be esia nava emea? . . . Mekpɔe be Biblia kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ le esia gome. Eƒo nu tso nɔnɔme siwo li le míaƒe ŋkekea me ŋu wòsɔ pɛpɛpɛ, gake eɖe nusi wofia la hã me eye wògblɔ nusi atso eme na mí hã. (Luka 21:28, 31)’
● ‘Xɔ ŋdi. Ŋkɔnyee nye ——. Tɔwò ɖe? . . . Mele dzi dem ƒo na sɔhɛwo abe wò ene be woabu tame tso etsɔme wɔnuku si Biblia gblɔ be egbɔna na mí la ŋu. (Xlẽ ŋɔŋlɔ aɖe, abe Nyaɖeɖefia 21:3, 4 ene.) Edzro wòa?’
FIAÐUƑE
● ‘Le dzeɖoɖo kple nye aƒelikawo me la, mekpɔ be wo dometɔ geɖe di vevie be yewoanɔ dziɖuɖu si ate ŋu akpɔ kuxi gã siwo míedzea ŋgɔe egbea gbɔ la te—nuvlowɔwɔ, nuwo ƒe asixɔxɔ (alo nusianu si le ame geɖe ƒe susu me fifia ko). Mèkpɔ be anyo ŋutɔ oa? . . . Ðe dziɖuɖu aɖe li egbea nenema? . . . Le nyateƒe me la, ame geɖe do gbe ɖa bia dziɖuɖu si ate ŋu awɔ nu mawo. Ðikekemanɔmee la, wò hã èdo gbe ma ɖa kpɔ, gake ame geɖe mebunɛ be dziɖuɖue wònye o. (Dan. 2:44; Ps. 67:7, 8; Mixa 4:4)’
● ‘Míele nya aɖe biam míaƒe aƒelikawo. Adzɔ dzi na mí be nàɖo eŋu na mí. Ènya be Yesu fia mí be míado gbe ɖa abia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava eye woawɔ Eƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe alesi wowɔnɛ le dziƒo ene. Èsusu be woava ɖo gbedodoɖa sia ŋu gbaɖegbe ale be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi nyateƒea? . . . (Yes. 55:10, 11; Nyaɖ. 21:3-5)’
● ‘Mele nya aɖe si wòle be mí katã míadze ŋgɔe la me dzrom kple nye aƒelikawo: Mawu ƒe dziɖuɖue dzɔ dzi na mí loo alo amegbetɔwo tɔe nyo na mí wua? Ne èbu nɔnɔme siwo le xexeame egbea ŋu la, ɖe wòwɔna na wò be míehiã nu bubu aɖe wu nusiwo amegbetɔwo wɔa? . . . (Mat. 6:9, 10; Ps. 146:3-5)’
ƑOME/ÐEVIWO
● ‘Míele dze ɖom kple amesiwo tsɔ ɖe le alesi míawɔ akpɔ kuxiwo gbɔe le ƒomegbenɔnɔ me. Mí katã míedzea agbagba be míawɔ mía tɔ sinu, gake ne nane li si akpe ɖe mía ŋu be nuwo nagadze edzi na mí nyuie wu la, míadi be míasee, alo? . . . (Kol. 3:12, 18-21) Biblia tsɔ mɔkpɔkpɔ aɖe ɖo mía ŋkume si me etsɔme nyui aɖe ƒe ŋugbedodo le na míaƒe ƒomewo. (Nyaɖ. 21:3, 4)’
● ‘Mí katã míedina be mía viwo nakpɔ dzidzɔ le agbe me. Gake èsusu be susu nyui aɖe li si tae míakpɔ mɔ be xaxa si me xexeame ɖo egbea la nu ayi eye nuwo anyoa? . . . Ke èsusu be aleke xexeame anɔ na mía viwo le woƒe tsitsime? . . . Biblia fia be Mawu gbɔna anyigba sia trɔ ge wòazu teƒe nyui aɖe si woanɔ. (Ps. 37:10, 11) Gake ne mía viwo anɔ eme alo womanɔ eme o la, eƒe akpa gã aɖe anɔ te ɖe nyametsotso si míawɔ dzi. (Mose V, 30:19)’
HARMAGEDON
● ‘Ame geɖe tsia dzi ɖe Harmagedon ŋu. Wosenɛ xexeamekplɔlawo zãa nya ma tsɔ fiaa nukliaʋa si me nusianu atsrɔ̃ le. Nukae nèsusu be Harmagedon afia na ameƒomea? . . . Le nyateƒe me la, Biblia mee woɖe ŋkɔ Harmagedon tsoe, eye efia nu bubu kura wu nusi ame geɖe gblɔna be enye. (Nyaɖ. 16:14, 16) Biblia ɖee fia hã be nanewo li si mía ŋutɔwo míate ŋu awɔ be míatsi agbe le eme. (Zef. 2:2, 3)’
LƆLƆ̃/DƆMENYONYO
● ‘Míekpɔe be ame geɖe tsi dzi ɖe alesi lɔlɔ̃ vavãtɔ megale xexeame o ŋu vevie. Ewɔna na wò hã nenemaa? . . . Nukatae nèsusu be nuwo le alea? . . . Ènya be Biblia gblɔe ɖi be nuwo ava nɔ alea? (Tim. II, 3:1-4) Eɖe nusitae wòle alea ɖo hã me. (Yoh. I, 4:8)’
● ‘Ŋkɔnyee nye ——. Mele miaƒe nuto sia me. Mele tsa ɖim le míaƒe aƒelikawo srãm kpɔ be míaɖo dze tso nane si ŋu metsi dzi ɖo vevie la ŋu kpuie, eye mexɔ se be wò hã àde dzesi nu ma. Dɔmenyowɔwɔ mexɔa nu boo aɖeke le ame si o, gake ewɔ abe ɖe mebɔ egbea o ene. Èbia ɖokuiwò se kpɔ be nuka gbɔe wòtso be nuwo le alea hã? . . . (Mat. 24:12; Yoh. I, 4:8)’
MADZƆMADZƆNYENYE/ FUKPEKPE
● ‘Èbia ɖokuiwò se kpɔ be: Ðe Mawu tsɔ ɖe le madzɔmadzɔnyenye kple fu siwo amewo kpena me ŋutɔŋutɔa? . . . (Nyagb. 4:1; Ps. 72:12-14)’
NE AME GEÐE GBLƆNA BE: ‘MELE SUBƆSUBƆHA AÐE ME XOXO’
● ‘Ŋdi na wò. Míele ƒome siwo katã le nuto sia me (alo, le afisia) srãm kpɔ, eye míekpɔe be wo dometɔ akpa gãtɔ le subɔsubɔha aɖe me xoxo. Míexɔ se be wò hã èle ɖe me xoxo. . . . Gake subɔsubɔha ka mee míele o, kuxi siwo dzea ŋgɔ mí la dometɔ geɖe nye ɖeka tɔgbewo—agbea ƒe sesẽ, nuvlowɔwɔ, dɔléle—menye nenemae oa? . . . Èsusu be nane li si ate ŋu akpɔ kuxi siawo gbɔ ŋutɔŋutɔa? . . . (Pet. II, 3:13; kple bubuawo.)’
NE AME GEÐE GBLƆNA BE: ‘NYEMEVO O’
● ‘Xɔ ŋdi. Míetsɔ nya vevi aɖe le amesiame gbɔ yim le nuto sia me. Mekpɔe be vovo mele ŋuwò o, eyata magblɔe kpuie ko.’
● ‘Ŋdi. Ŋkɔnyee nye ——. Nusita meva gbɔwòe nye be míaɖo dze tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe yayrawo kple alesi míawɔ woasu mía si la ŋu. Gake mekpɔ be mèvo o (alo, èdi be yeado go). Mate ŋu agblɔ nya aɖe na wò kpuie nànɔ eŋu bum gbɔa?’
NUVLOWƆWƆ/ DEDIENƆNƆ
● ‘Xɔ ŋdi. Míele dze ɖom kple amewo tso alesi míawɔ anɔ dedie ŋu. Wole nu vlo geɖe wɔm le míaƒe nutoa me ŋutɔ, eye egblẽa nu le míaƒe agbe ŋu. Èsusu be ɣeyiɣi aɖe ava esime amewo, abe mía kple wò ene, ate ŋu azɔ mɔdodowo dzi le zã me eye míavɔ̃ naneke oa? (Alo, Èsusu be ame aɖe li si ate ŋu akpɔ kuxi sia gbɔ ŋutɔŋutɔa?) . . . (Lod. 15:3; Ps. 37:10, 11)’
[● ‘Ŋkɔnyee nye ——. Mele nuto sia me. Esi megbɔna ŋdi sia la, mekpɔ be amesiame le nu ƒom tso (yɔ nu vlo aɖe si wowɔ le mia gbɔ yeyee alo nya aɖe si le fu ɖem na amewo le mia gbɔ). Nukae nèsusu le eŋuti? . . . Èsusu be nane li míawɔ be míanɔ dedie wua? . . . (Lod. 1:33; 3:5, 6)’]
NYADZƆDZƆ YEYEWO
● ‘Fiẽ na wò. Ŋkɔnyee nye ——. Mele (yɔ ablɔ alo nuto si me aƒewòme le). Èkpɔ television etsɔ zã mea? . . . Nya ma si wogblɔ tso (gblɔ nudzɔdzɔ yeye aɖe si ŋu amewo le nu ƒom le) ŋu—nukae nèsusu tso eŋu? . . . Enye nusi bɔ be amewo biana be, Afikae xexeame ɖo tae? Mí Yehowa Ðasefowo míexɔe se be míele ɣeyiɣi si Biblia yɔ be “ŋkeke mamleawo” me. Kpɔ alesi woƒo nu tso eŋu tsitotsitoe ɖa le Timoteo II, 3:1-5.’
● ‘Èxlẽ nya sia le nyadzɔdzɔgbalẽ me kwasiɖa sia? (Fia nyadzɔdzɔ aɖe si sɔ kple wò nya la si nèlã le nyadzɔdzɔgbalẽ mee.) Nukae nèsusu . . . ?’
● ‘Medi be mabia nya aɖe wò. Ne ɖe nàte ŋu awɔ tiatia la, anye ne kuxi gbogbo siwo le xexeame fifia dometɔ ka gbɔe nàdi be woakpɔ gbã? (Ne èse nusi le vevie na aƒemenɔla wu la, ke ƒo nu tso nu ma koŋ ŋu.)’
ŊKEKE MAMLEAWO
● ‘Míeva be míaɖo dze tso nusiwo le dzɔdzɔm míekpɔna le xexeame egbea ŋu. Ame geɖe megatsɔa ɖeke le Mawu kple dzidzenu siwo wòɖo be míanɔ agbe ɖe wo nu siwo le Biblia me la me o. Nusia gblẽ nu geɖe le alesi amewo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋui la ŋuti. Taflatse na maxlẽ nya si woŋlɔ ɖe Timoteo II, 3:1-5 na wò eye ne èkpɔ be esɔ kple nɔnɔme siwo míedoa goe egbea la, nàgblɔe nam. (Xlẽe) . . . Ðe susu nyui aɖe li si ta míakpɔ mɔ be nuwo ava nyo le etsɔmea? (Pet. II, 3:13)’
● ‘Ame geɖe xɔe se be xexe sia ƒe ɣeyiɣiwo le vɔvɔm kabakaba. Wogblɔna be míaƒe ɣeyiɣiae nye “ŋkeke mamleawo.” Gake ènya be Biblia gblɔ alesi míawɔ atsi agbe le fifi xexe sia ƒe nuwuwu eye míanɔ agbe le anyigba si woawɔ wòazu paradiso dzi la na mía? (Zef. 2:2, 3)’
[Kpɔ “Nyadzɔdzɔ Yeyewo” te le akpa sia si woɖo ŋgɔdonyawo ɖo la hã.]
LE ANYIGBAMAMÃ SIWO ME WOWƆA DƆ LE EDZIEDZI ME
● ‘Edzɔ dzi nam be meva tu wò le aƒeme. Míele amewo srãm kpɔ le nuto sia me abe alesi míewɔnɛ kwasiɖa sia kwasiɖa ene, eye míedi be míagagblɔ nya bubu na wò tso nu wɔnuku siwo Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ na ameƒomea ŋu.’
● ‘Enyo be míegado go ake. . . . Mi katã miefɔ nyuie le ƒomea mea? . . . Meva be magblɔ nya aɖe na wò tso . . . ŋu.’
[● ‘Ŋdi na wò. Èfɔ nyuiea? . . . Menɔ mɔnukpɔkpɔ bubu dim be mía kple wò míagaɖo dze. (Ke yɔ nyati si me nèdi be yewoadzro la ƒe tanya nɛ.)’]