Kpekpe Ðe Amewo Ŋu be Woadze Si Kesinɔnu Nyuiwo
1 Ne míele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na amewo la, ele be wòanye míaƒe taɖodzinuwo dometɔ ɖeka be míakpe ɖe dzi anukwaretɔwo ŋu be woakpɔ asixɔxɔ gã si le Mawu ƒe Nya la ŋu adze sii. (Fil. 3:8) Míaƒe agbalẽ siwo wotu ɖe Biblia dzi la wɔa akpa vevi aɖe le Fiaɖuƒe gbedasia kaka me. Agbalẽ eve siwo míana le September mee nye True Peace and Security—How to Find It kple “Let Your Kingdom Come.” True Peace kple “Kingdom Come” ƒe agbalẽawo na ame akpe alafa geɖe ƒe sidzedze dzi ɖe edzi, eye wòle wo ʋãm be woasubɔ Yehowa le nuteƒewɔwɔ me.
2 Míaƒe subɔsubɔdɔa bia dɔ geɖe wɔwɔ wu agbalẽ nana amesiwo lɔ̃ be yewoaxɔe ko. Ehiã be míatsɔ gbedasia ana le mɔ si ana wòadzro wo nu, míaɖo to ase nya si aƒemenɔlaa agblɔ gɔme nyuie, eye míalɔ̃ faa ‘ade ŋugble kplii tso Ŋɔŋlɔawo me’ vevietɔ le agbalẽ eve siawo naɣi.—Dɔw. 17:2.
3 Aleke Míawɔe? Míaƒe ŋgɔdonyawo ate ŋu aʋã aƒemenɔlawo be woaxɔ agbalẽ eve siwo nam míele.
Le kpɔɖeŋu me, ne èle agbalẽ eveawo nam eye nèle nu ƒom tso “Kingdom Come” ƒe agbalẽa ŋu la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Míeva be míadzro nusi gbɔ nusiwo le dzɔdzɔm ɖe mía dzi le xexeame egbea tso la me. Ame geɖe megatsɔ ɖeke le agbenɔnɔ ŋuti dzidzenu siwo Mawu ɖo ɖe Biblia me la me o. Esia gblẽ nu geɖe le alesi amewo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋui la ŋuti. Ède dzesii nenemaa? [Na wòaɖo eŋu. Àte ŋu atɔ asi nudzɔdzɔ tɔxɛ aɖewo dzi.] Taflatse de dzesi amesiwo woyɔ le Timoteo II, 3:1-5 la ƒe nuwɔnawo, eye nàgblɔe nam ne èsusu be esɔ kple alesi xexeame le egbea. [Xlẽe; na wòaɖo eŋu.] Ðe susu nyui aɖe li si ta míakpɔ mɔ na nɔnɔme nyuiwo le etsɔ mea? Ekema trɔ ɖe “Kingdom Come” gbalẽa ta 12 me nyati siwo sɔ ŋu, eye nàhe eƒe susu ayi nya siwo wogblɔ tso ƒe 1914 ŋu le aɖaka si le axa 115 dzi, eye nàna agbalẽ eveawo. Ne mexɔ wo o la, ate ŋu atsɔ Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye ƒe trakt anae.
4 Ne míele nu ƒom tso “True Peace” gbalẽa ŋu eye míedo go dzila aɖe le aƒea me la, míate ŋu adze dzeɖoɖoa gɔme ale:
◼ “Míele dze ɖom kple amesiwo tsɔ ɖe le alesi míate ŋu akpɔ ƒomekuxiwo gbɔ nyuie wu la. Mí katã míedzea agbagba wɔa nusi míate ŋui, gake ne nane li si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzedze wu la, ɖe madzɔ dzi na mí be míasee oa? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia na esia ƒe mɔfiame mí abe alesi míakpɔe le Kolosetɔwo 3:12-14 ene. [Xlẽe.] Eyata nukae hiã hafi míate ŋu akpɔ dzidzedze le ƒomegbenɔnɔ me? De dzesi nusi wogblɔ le agbalẽ sia ƒe ta si gblɔ be ‘Bubudede Dziɖuɖu ŋu Le Vevie be Míanɔ Anyi le Ŋutifafa Me’ le tanya sue si nye ‘Ŋusẽ le Aƒea Me’” te. Àte ŋu axlẽ True Peace gbalẽa ta 13 ƒe memamã 16 kple 17 alo emenya bubu siwo adzɔ dzi na aƒemenɔla la, eye nàna agbalẽ eveawo. Ne vovo mele aƒemenɔlaa ŋu o alo mexɔ wò tututu o la, àte ŋu atsɔ magazine yeye siwo dzro ƒomenyawo me alo trakt si nye Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me anae.
5 Mele be míaŋlɔ míaƒe taɖodzinu si nye be míaɖi ɖase tso Fiaɖuƒea ŋu na amewo tsitotsito be gbeɖe o. (Mat. 24:14) Míedi be míawɔ agbalẽ siwo katã li kple xoxoa hã ŋudɔ nyuie le esia wɔwɔ me elabena nyatakaka xɔasiwo le wo me. Ne míewɔ Biblia kple teokrasigbalẽ nyui siwo wota na mí ŋudɔ nyuie la, míakpɔ Yehowa sinu kakaɖedzitɔe be wòadudu yayra akɔ ɖe mía dzi be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le ɣeyiɣi vevi siawo me.—Gal. 6:9.