Ƒe 2011 Ƒe Ɣletigbalẽa Te Gbe Ðe Ƒometadedeagu Dzi
Tanya si wona 2011 Calendar of Jehovah’s Witnesses lae nye Ƒometadedeagu. Wota ƒome siwo li egbea kple esiwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo, siwo ƒe nuwɔna de sɔsɔ ge kple wo tɔwo la ɖe eme. Wogata Yehowa subɔla srɔ̃tɔwo kple trewo hã ɖe eme wole eƒe Nya la srɔ̃m.
Ame siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo, siwo wota ɖe ɣletigbalẽa me la, kpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe se la ŋu, eye esia nye nu vevi aɖe si kpe ɖe wo ŋu be wote ŋu kpe akɔ kple kuxi tɔxɛ siwo wodo goe. (Ps. 1:2, 3) Míeɖanye ƒome aɖe si le sue alo esi lolo la me tɔwo loo, alo míeɖale ƒome si me tɔwo katã le nyateƒea me alo esi me tɔ aɖewo mele nyateƒea me o la me o, ŋugbledede tso fotoawo ŋu aɖo ŋku Ƒometadedeagu ƒe vevienyenye dzi na mí. Wogblẽ teƒe aɖe ɖi ɖe ɣletigbalẽa dzi na wò, afi si nàŋlɔ ŋkeke si wò ƒomea ɖo ɖi koŋ hena Ƒometadedeagu la ɖo. Èŋlɔe ɖia?