December 27 Ƒe Kwasiɖa
DECEMBER 27 ƑE KWASIÐA
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: 2 Kronika 25-28
Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
5 min: Gbeƒãɖeɖewo. “Ƒe 2011 Ƒe Ɣletigbalẽa Te Gbe Ðe Ƒometadedeagu Dzi.” Nuƒo.
10 min: Ale Si Nya Vevi Kpuiwo Ŋu Dɔ Wɔwɔ Akpe Ðe Mía Ŋu Le Subɔsubɔdɔa Me. Numedzodzro si wotu ɖe Subɔsubɔ Suku gbalẽa, axa 167 va se ɖe axa 168, memama 1 dzi. Na woawɔ nuƒoƒo na ame ɖokui ƒe wɔwɔfia aɖe si me gbeƒãɖela aɖe le dzeɖonya siwo wòate ŋu azã atsɔ ana agbalẽ si míana le ɣleti si gbɔna me la ɖom ɖe ɖoɖo nu le susu me.
10 min: Atsyɔ̃fiakuku Enye Ta Ƒowɔ. (Lod. 16:31) Numedzodzro si wotu ɖe 2010 Yearbook, axa 110, memama 1-3 dzi. Le nuteƒekpɔkpɔawo dometɔ ɖe sia ɖe me dzodzro megbe la, kpe nyaselawo ne woagblɔ nu siwo wosrɔ̃ tso eme.
10 min: Dzra Ðo Ðe Magazineawo Nana Le January Me Ŋu. Numedzodzro. Tsɔ miniti ɖeka alo eve dzro magazineawo me nyawo me. Eyome tia nyati eve alo etɔ̃, eye nàkpe nyaselawo woagblɔ nyabiase kple mawunyakpukpui siwo wokpɔ be woate ŋu azã le magazineawo nana me. Na woawɔ ale si woana magazineawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe wɔwɔfiawo.