Dzrae Ðo
Nyametsotso Kae Mawɔ Le Ʋumenu Suesuewo Alo Nye Ŋutɔ Nye Ʋu Zazã Le Atikewɔwɔ Me Ŋu?
Biblia de se na Kristotɔwo be ‘woatsri ʋu.’ (Dɔw. 15:20) Le esia ta Yehowa Ðasefowo melɔ̃na be woado ʋu alo ʋumenu vevi ene siwo nye: ʋumenu dzĩwo (red blood cells), ʋumenu ɣiwo (white blood cells), ʋumenu gbabɛwo (platelets), alo ʋutsi (plasma) na yewo o. Womelɔ̃na be woaɖe yewoƒe ʋu ado na amewo alo be woaɖee ada ɖi be woava do na yewo emegbe hã o.—Mose III, 17:13, 14; Dɔw. 15:28, 29.
Nu kawoe nye ʋumenu suesuewo, eye nu ka tae wòle be Kristotɔ ɖe sia ɖe natso nya me ne alɔ̃ be woazã wo na ye alo malɔ̃ o?
Ʋumenu suesuewoe nye nu siwo woto mɔ̃ɖaŋununya dzi ɖena tsoa ʋumenuwo veviawo me. Le kpɔɖeŋu me, woagate ŋu ama ʋutsi (plasma) me ɖe akpa sue siwo gbɔna me: tsi (ʋutsia ƒe akpa 91 le alafa me nye tsi); nunyiamewo (wo dometɔ aɖewo nye ʋumenunyiame (albumins), ʋumenu siwo wua dɔlékuiwo (globulins), kple ʋumenu si nana ʋua blana (fibrinogen [nu siawo ƒo ƒu wɔ ʋutsia ƒe akpa 7 le alafa me]); nu sue bubuwo (wo dometɔ aɖewoe nye nunyiame bubuwo, lãmetsiŋusẽwo (hormones), ya ƒomevi aɖewo (gases), amenyinuwo (vitamins), nu siwo ŋutilãa megahiã o (waste products), kple tsinu siwo me elektrikŋusẽ ate ŋu ato (electrolytes [nu siawo ƒo ƒu wɔ ʋutsia ƒe akpa ɖeka kple afã le alafa me]).
Ðe se si wode be míatsri ʋu la ku ɖe ʋumenu suesuewo hã ŋua? Míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi o. Biblia megblɔ nya aɖeke tẽ tso ʋumenu suesueawo zazã ŋu o.a Ke hã, woɖea ʋumenu suesue geɖe hena zazã le atikewɔwɔ me. Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nabu tame nyuie ahawɔ nyametsotso si tso eƒe dzitsinya me ne alɔ̃ be woazã ʋumenu suesue siawo na ye le atikewɔwɔ me loo alo malɔ̃ o.
Ne èle nyametsotso wɔm le nu siawo ŋu la, bu biabia siwo gbɔna ŋu: Ðe menya be ne metiae be megbe ʋumenu suesuewo katã la, efia be megbe be woagazã atike aɖewo, abe esiwo wodona na ame be wòawɔ avu kple dɔlékui kple dɔléle aɖewo, alo esiwo nana ʋua blana ne ʋu le ɖuɖum le ame ŋu la, hãa? Ðe mate ŋu aɖe nu si tae melɔ̃ alo nyemelɔ̃ be woazã ʋumenu suesue aɖewo nam o la me na atikewɔlaa?
Nu ka tae nye ŋutɔe atso nya me le atikewɔwɔmɔnu siwo me woazã nye ŋutɔ nye ʋu le la dometɔ aɖewo ŋu?
Togbɔ be Kristotɔwo melɔ̃na be woaɖe yewoƒe ʋu ado na amewo alo be woaɖee ada ɖi be woava do na yewo emegbe o hã la, mɔ siwo nu wozãna ame ƒe ʋu alo donɛ kpɔ le la dometɔ aɖewo metsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu tẽ o. Eya ta ele be ame sia ame nabu tame nyuie ahawɔ nyametsotso si tso eƒe dzitsinya me ne alɔ̃ alo agbe be woazã ye ŋutɔ yeƒe ʋu le atike aɖewo wɔwɔ na ye me.
Ne èle nyametsotso wɔm le nu siawo ŋu la, bia nya siwo gbɔna la ɖokuiwò: Ne woana be nye ʋu nasi ato mɔ̃ aɖe me, eye woana wòatɔ te sisi ɣeyiɣi kpui aɖe kura gɔ̃ hã, hafi atrɔ va nye lã me la, ɖe nye dzitsinya aɖe mɔ nam be mabu ʋu sia be egakpɔtɔ nye nye ŋutilã ƒe akpa aɖe, si fia be mahiã be woatsɔe ‘akɔ ɖe anyigba oa’? (Mose V, 12:23, 24) Ne wole atike wɔm nam, eye wòva hiã be woaɖe nye ŋutɔ nye ʋu, atsɔ nanewo atsakae, eye woagbugbɔe adoe nam la, ɖe nye dzitsinya si metsɔ Biblia mlae la aɖe fu namaa? Ðe menya be ne metiae be megbe atikewɔwɔmɔnu siwo me woazã nye ŋutɔ nye ʋu le la katã la, efia be megbe atikewɔwɔ aɖewo, abe ɖinuwo ɖeɖe le ʋu me na ame siwo ƒe lãmenuwo mele dɔ wɔm nyuie o, alo ame ƒe dzi alo dzitodzito koko, si me wotrɔa mɔ na ʋua le dɔa wɔwɔ me, la hãa? Ðe medo gbe ɖa le nya sia ŋu nyuie hafi wɔ nyametsotsoa?b
Nyametsotso Kawoe Mawɔ?
Bu nyatakaka vevi siwo le axa siwo kplɔe ɖo la ŋu kpɔ. Nu Siwo Wòle Be Nànya—Akpa 1 yɔ nu suesue siwo woɖena tsoa ʋua me kple ale si wozãna wo zi geɖe le atikewɔwɔ mee. Le wo dometɔ ɖe sia ɖe te la, tiae ne èlɔ̃ alo ègbe be woagazã ʋumenu suesue siawo na ye o. Nu Siwo Wòle Be Nànya—Akpa 2 yɔ atikewɔwɔmɔnu siwo bɔ, siwo me woazã wò ŋutɔ wò ʋu le la dometɔ aɖewo. Le wo dometɔ ɖe sia ɖe te la, tiae ne èlɔ̃ alo ègbe be woagazã atikewɔwɔmɔnu siawo na ye o. Ŋusẽ mele tiatia siwo nèwɔ le nyatakakagbalẽvi siawo dzi la ŋu le se nu o, ke hã, tiatia siwo nèwɔ le nyatakakagbalẽvi siawo dzi la akpe ɖe ŋuwò nàkpe DPA (durable power of attorney) [ameteƒenɔla ƒe ŋusẽ si nɔa anyi ɖaa] gbalẽvia ɖo.
Wò nyametsotsoa nenye esi tso wò ŋutɔ wò dzi me, menye be nànɔ te ɖe ame bubu ƒe dzitsinya dzi awɔe o. Eye mele be ame aɖeke nahe nya ɖe Kristotɔ aɖe ŋu le nyametsotso siwo wòwɔ ta o. “Amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba” le nya siawo me.—Gal. 6:4, 5.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Nya sia ŋuti nyatakaka nyui aɖewo dze le Gbetakpɔxɔ, June 15, 2004, axa 29-31.
b Nya sia ŋuti nyatakaka nyui aɖewo dze le Gbetakpɔxɔ, October 15, 2000, axa 30-1, kple le video siwo ƒe tanyae nye Transfusion Alternatives—Documentary Series (si le DVD dzi) la me.
[Nyaɖoɖo si le 5]
NU SIWO WÒLE BE NÀNYA—AKPA 1
MESƆ NA WÒ ŊUTƆE ATSO NYA ME LE
KRISTOTƆWO O ESIAWO ŊU
WHOLE Tiatia Siwo
BLOOD ƲUMENU SUESUEWO Wòle Be Nàwɔ
PLASMA ALBUMIN—ƲUTSIA ƑE AKPA 4
KLOE LE ALAFA ME
Albumin, alo ʋumenunyiame,
nye nu si woɖena tso ʋutsia
(plasma) me. Ʋumenunyiame ƒomevi
aɖewo le numiemiewo,
nuɖuɖuwo abe notsi kple
koklozi ene, kpakple vidada ƒe ...Melɔ̃ be woazã
notsi, hã me. Wozãna albumin albumin nam
ɣeaɖewoɣi abe atike ene alo
tsɔ tsakana kple ʋua be eƒe ...Nyemelɔ̃ be woazã
agbɔsɔsɔ nadzi ɖe edzi le albumin nam o
dɔ dada na ame siwo ƒe ʋu mesɔ
gbɔ o alo ame siwo fiã vevie la
me. Albumin si wotsɔna tsakaa
ʋua la ƒe agbɔsɔsɔ ate ŋu ade
ʋua mama ɖe teƒe ene ƒe akpa
ɖeka kple edzivɔ. Wozãna albumin
ƒe akpa sue aɖe ŋutɔ le atike
bubuwo wɔwɔ me, abe atike si
wozãna be wòana ʋumenu dzĩwo
nadzi ɖe edzi kabakaba,
si woyɔna be erythropoietin
(EPO),ene wɔwɔ me.
IMMUNOGLOBULINS
—ƲUTSIA ƑE AKPA 3 KLOE LE ALAFA ME
Immunoglobulins, alo ʋumenu
siwo wua dɔlékuiwo, nye
atike si wote ŋu tsɔ wɔa avu ...Melɔ̃ be woazã
kple dɔlélewo abe vemexexedɔ, immunoglobulins
glãkpedɔ, aklã ƒe tete, kple nam
avu dzeaɖaʋa ƒe ame ɖuɖu ene, alo
la wɔwɔ me. Woate ŋu azã wo ...Nyemelɔ̃ be woazã
le atike wɔwɔ na vidada si immunoglobulins
ƒe fu di be yeagblẽ alo ame nam o
si da alo yiyi ɖu la me.
CLOTTING FACTORS—WOMEDE ƲUTSIA
ƑE AKPA 1 LE ALAFA ME O
Esia nye nunyiame vovovo
siwo nana ʋu si le ɖuɖum le
ame ŋu la blana hetɔna. Wonana ...Melɔ̃ be woazã
wo dometɔ aɖewo dɔnɔ siwo ŋu blood-derived
ʋu ɖuɖuna le kabakaba. Wozãna clotting factors
wo tsɔ blaa abi alo tsɔ trea nam
abi nu ne wowɔ dɔ na ame. Nu alo
siwo nana ʋu blana dometɔ ɖekae..Nyemelɔ̃ be woazã
nye esi me woɖea ʋumenu sue blood-derived
aɖe dena (cryoprecipitate). clotting factors
De Dzesii: Ʋumenu aɖeke mele nu nam o
siwo nana ʋu blana, siwo wɔm
wole fifia, la dometɔ aɖewo me o.
RED CELLS HEMOGLOBIN—ƲUMENU DZĨAWO
ƑE AKPA 33 LE ALAFA ME
Hemoglobin, alo ʋumenu dzĩwo
me nu aɖewo, nye nunyiame ...Melɔ̃ be woazã
si nana oxygen ɖoa ŋutilã ƒe hemoglobin nam
akpa ɖe sia ɖe, eye wònana carbon alo
dioxide ɖoa dzitodzitowo me. ...Nyemelɔ̃ be woazã
Woate ŋu azã atike siwo wotsɔ hemoglobin nam o
amegbetɔwo alo lãwo ƒe
hemoglobin wɔe la na dɔnɔ siwo
ʋu vɔ le lãme na keŋkeŋ kloe,
alo siwo ŋu ʋu ɖuɖu le wòsɔ
gbɔ ŋutɔ.
HEMIN—MEDE ƲUMENU DZĨAWO
ƑE AKPA 2 LE ALAFA ME O
Enye hemoglobin me nu aɖe si xea
mɔ na lãmetsi aɖewo ƒe dɔwɔwɔ,
si wozãna na ame siwo ƒe ʋu ...Melɔ̃ be woazã
mewɔa dɔ nyuie o tso dzɔdzɔme hemin nam
(si nye dɔ siwo woyɔna be alo
porphyria) si gblẽa nu le ...Nyemelɔ̃ be woazã
dɔgbo, susu, kple ʋu ƒe dɔwɔwɔ ŋu. hemin nam o
WHITE CELLS INTERFERONS—ƲUMENU ƔIWO ƑE
AKPA SUE AÐE KOE WÒNYE
Interferon nye ʋumenu ɣiwo ... Melɔ̃ be woazã
me nunyiame si wotsɔna daa interferon si
kansa kple dɔ siwo dɔlékuiwo me ʋumenu sue
nana dometɔ aɖewo. Menye aɖe le nam
ʋumenu aɖekee wotsɔ wɔa alo
interferon dometɔ akpa gãtɔ o ... Nyemelɔ̃ be woazã
Woɖea nu suesue aɖewo tsoa interferon si
amegbetɔwo ƒe ʋumenu ɣiwo me ʋumenu sue
me tsɔ wɔa wo dometɔ aɖewo hã. aɖe le nam o
PLATELETS Va se ɖe fifia la, womekpɔ ɖe
nu suesue aɖeke tso ʋumenu
gbabɛwo (platelets) me hena zazã
tẽ le atikewɔwɔ me haɖe o.
[Nyaɖoɖo si le axa 6]
NU SIWO WÒLE BE NÀNYA—AKPA 2
WÒ ŊUTƆE ATSO NYA ME LE ESIAWO ŊU
ATIKEWƆWƆMƆNU SIWO ME WOAZÃ WÒ ŊUTƆ WÒ ƲU LE
*De Dzesii: Ale si ɖɔkta ɖe sia ɖe zãa atikewɔwɔmɔnu siawoe la to vovo tso wo nɔewo gbɔ. Ele be nàna ɖɔktaa naɖe atikewɔwɔmɔnu si wòdi be yeazã la me na wò nyuie, ale be nàka ɖe edzi be ewɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo kple nyametsotso siwo nènɔ te ɖe wò dzitsinya dzi wɔ.
DƆDAMƆNUA ŊKƆ NU SI WÒWƆNA Tiatia Siwo
Wòle Be Nàwɔ
(Ðewohĩ àdi be
yeadzro nu me
kple ɖɔktaa hafi
alɔ̃ alo agbe mɔnu
siawo dometɔ aɖe.)
CELL SALVAGE Ʋumenuwo xexe: Enana be ʋu
medona le ame ŋu sɔgbɔ o.
Ne wole dɔ wɔm na ame la, woxea ...Melɔ̃
ʋu si le dodom to abia nu alo ...Ðewohĩ malɔ̃*
to ʋukawo nu la. Woklɔnɛ alo ...Nyemelɔ̃ o
tsranɛ, eye emegbe wògatrɔna
vaa dɔnɔa ƒe lãme, ɖewohĩ anɔ
yiyim anɔ gbɔgbɔm.
HEMODILUTION Ʋua Dzodzro: Enana be ʋu
medona le ame ŋu sɔgbɔ o.
Ne wole dɔ wɔm na ame la,
wotrɔa mɔ na ʋua ƒe akpa aɖe ...Melɔ̃
wòsina yia aŋekotokuwo me, ...Ðewohĩ malɔ̃*
eye wotsɔa atike siwo wotsakana ...Nyemelɔ̃ o
kple ʋua be eƒe agbɔsɔsɔ nadzi
ɖe edzi la ɖɔa lii. Esia wɔnɛ
be wotɔa tsi ʋu si susɔ ɖe lãme
na dɔnɔa le ekoɣi, ale be ʋumenu
dzĩ ʋɛ aɖewo koe nɔa eme. Ne
wole dɔ wɔm na amea alo wowɔe
vɔ la, woganana ʋu si do go la
sina yia dɔnɔa ƒe lãme.
HEART-LUNG Mɔ̃ si wozãna le dzi alo dzitodzito
MACHINE koko me: Enana ʋua yia edzi nɔa
sisim. Wotrɔa mɔ na ʋua yia mɔ̃ aɖe
si wɔa dɔ abe dzi alo dzitodzito
ene la me, eye le afi ma la, wodea ...Melɔ̃
oxygène eme hegbugbɔnɛ ...Ðewohĩ malɔ̃*
ɖona ɖe dɔnɔa ƒe lã me. ...Nyemelɔ̃ o
DIALYSIS Ðinuwo ɖeɖe le ʋu me: Ewɔa
dɔ ɖe lãmenuwo teƒe. Le ame
siwo ƒe lãmenuwo mele dɔ wɔm nyuie
o gome la, ʋua sina toa mɔ̃ aɖe si ...Melɔ̃
klɔnɛ alo tsranɛ me hafi ...Ðewohĩ malɔ̃*
gbugbɔna vaa lãme na dɔnɔa. ...Nyemelɔ̃ o
EPIDURAL BLOOD Dzimeƒuŋukawo nu tetre: Enana
PATCH dzimeƒumetsi tɔa te ɖuɖu.
Wodoa dɔnɔa ŋutɔ ƒe ʋu vi aɖe ɖe
lãkusi siwo ƒo xlã dzimeƒua me. ...Melɔ̃
Wozãnɛ tsɔ trea dzimeƒua ƒe akpa ...Ðewohĩ malɔ̃*
siwo tsi le dodom le la nu. ...Nyemelɔ̃ o
PLASMAPHERESIS Ʋutsi ɖeɖe le ʋua me: Wozãnɛ
tsɔ daa dɔ. Woɖea ʋua hetsranɛ
be woaɖe ʋutsia le eme. Wotsɔa
nu bubu dea ʋua me ɖe ʋutsia teƒe,
eye wogbugbɔ ɖonɛ ɖe dɔnɔa ƒe ...Melɔ̃
lãme. Atikewɔla aɖewo adi be ...Ðewohĩ malɔ̃*
yewoazã ʋutsi si woɖe tso ame ...Nyemelɔ̃ o
bubu me atsɔ aɖɔ li esi woɖe
le dɔnɔa ƒe ʋu me. Esia ya mesɔ
na Kristotɔwo o.
LABELING Ame ŋutɔ ƒe ʋu si wotsɔ atike
/ TAGGING tsakae: Wozãnɛ tsɔ dia dɔléle, alo
danɛ. Woɖea ʋu sue aɖe, dea atike ...Melɔ̃
eme, eye wogbugbɔe dona na ...Ðewohĩ malɔ̃*
dɔnɔa. Ɣeyiɣi didi si ʋua axɔ hafi ...Nyemelɔ̃ o
woagbugbɔe ado na amea la ate
ŋu ato vovo le atikewɔla ɖe
sia ɖe gome.
PLATELET GEL; Wotsɔnɛ trea abi nu, enana be
AUTOLOGOUS ʋu medona le ame ŋu sɔgbɔ o.
(EFIA “NU SI Woɖea ʋu sue aɖe hetsɔa nu
WOÐE TSO AME bubuwo tsakanɛ, si nana ʋumenu
ŊUTƆ ƑE ƲU ME”) gbabɛwo kple ʋumenu ɣiwo va sɔa
gbɔ le eme. Wosisinɛ ɖe teƒe ...Melɔ̃
siwo wowɔ dɔ ɖo na ame, alo ...Ðewohĩ malɔ̃*
abiwo me. De Dzesii: Ɣeaɖewoɣi ...Nyemelɔ̃ o
la, wozãna nu siwo nana ʋu
blana, siwo woɖe tso nyi ƒe ʋu
me, le ewɔwɔ me.