INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 10/15 axa 13-18
  • Wò Subɔsubɔ Si Tso Luʋɔ Blibo Me Dzea Yehowa Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wò Subɔsubɔ Si Tso Luʋɔ Blibo Me Dzea Yehowa Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Luʋɔ Blibo me Subɔsubɔ Nya Kpɔnae
  • Wometsɔnɛ Sɔna Kple Mía Nɔewo Tɔ O
  • Nyɔnu Ŋudzedzekpɔla aɖe ƒe Nunana si ƒe “Asi Sẽ Ŋutɔ”
  • Ahosi aɖe ƒe “Lepta Eve”
  • Nusɔsrɔ̃ tso Alesi Yehowa Bua Luʋɔ Blibo ƒe Subɔsubɔe Me
  • Wɔ Dɔ Kple Luʋɔ Blibo!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Vevesese Ƒo Ðee Abe Yi Ene, Gake Edo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Maria Ƒe Kpɔɖeŋu Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • ‘Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Dɔlanyɔnue Menye!’
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 10/15 axa 13-18

Wò Subɔsubɔ Si Tso Luʋɔ Blibo Me Dzea Yehowa Ŋu

“Nusianu, si ke miewɔna la, miwɔe tso dzi me, abe [Yehowa, “NW”] miewɔe na ene, eye menye na amewo o.”—KOLOSETƆWO 3:23.

1, 2. (a) Mɔnukpɔkpɔ kae nye gãtɔ kekeake si ate ŋu asu mía si? (b) Nukatae nusi katã míadi be míawɔ le Mawu subɔsubɔ me manya wɔ ɣeaɖewoɣi o?

YEHOWA subɔsubɔe nye mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si ate ŋu asu mía si. Susu nyui aɖe tae magazine sia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woakpɔ gome le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me, eye woasubɔ “geɖe wu” ɣesiaɣi si wòanya wɔ. (Tesalonikatɔwo I, 4:1) Gake menye ɣesiaɣie míete ŋu wɔa nusianu si dzroa míaƒe dzi be míawɔ le Mawu subɔsubɔ me o. Nɔvinyɔnu tre aɖe si xɔ nyɔnyrɔ ƒe 40 kloe enye sia gblɔ be: “Nye nɔnɔme le ale gbegbe be ele be mawɔ dɔ ɣeyiɣiawo katã. Menye nudodo xɔasiwo alo mɔkeke si me wozãa ga geɖe le yiyi tae mewɔa dɔ o, ke boŋ be mate ŋu akpɔ nye nuhiahiã siwo ƒe ɖewoe nye atikewɔwɔ kple aɖuveedada ƒe fewo xexe gbɔ. Ewɔna nam be nusiwo tsi edzie metsɔ le Yehowa nam.”

2 Lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa mí míedina be míawɔ geɖe alesi míate ŋui le gbeƒãɖeɖedɔa me. Gake zi geɖe la, nɔnɔme siwo me míetona le agbe me ɖea nusi míate ŋu awɔ dzi kpɔtɔna. Ŋɔŋlɔawo me agbanɔamedziwo, si me ƒomegbanɔamedziwo hã le, tsɔtsɔ ate ŋu axɔ míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe. (Timoteo I, 5:4, 8) Agbenɔnɔ gasesẽ ɖe edzi wu le ‘ŋkeke mamlɛ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ’ la me. (Timoteo II, 3:1) Ne míete ŋu wɔ nusiwo katã míadi be míawɔ le subɔsubɔdɔa me hafi o la, ena míexaa nu. Ðewohĩ míabu eŋu ne míaƒe tadedeagu dzea Mawu ŋu loo alo medzea eŋu o.

Alesi Luʋɔ Blibo me Subɔsubɔ Nya Kpɔnae

3. Nukae Yehowa kpɔa mɔ be mí katã míawɔ?

3 Biblia ka ɖe edzi na mí dzidzɔtɔe le Psalmo 103:14 be Yehowa “[nya] míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” Enya afisi míaƒe ŋutetewo se ɖo nyuie wu ame bubu ɖesiaɖe. Mebiaa nu tso mía si wu alesi míate ŋu ana o. Nukae wòdi be míawɔ? Eyae nye nusi amesiame ate ŋu awɔ eɖanye nɔnɔme ka mee wòle le agbe me o: “Nusianu, si ke miewɔna la, miwɔe tso [luʋɔ blibo me, abe Yehowae, NW] miewɔe na ene, eye menye na amewo o.” (Kolosetɔwo 3:23) Ẽ, Yehowa di tso mía si—mí katã si—be míasubɔ ye tso luʋɔ blibo me.

4. Nukae wòfia be míasubɔ Yehowa tso luʋɔ blibo me?

4 Nukae wòfia be woasubɔ Yehowa tso luʋɔ blibo me? Helagbe me nya si gɔme woɖe be “luʋɔ blibo” gɔmee nye “tso luʋɔ me” le nya la ŋutɔŋutɔ nu. “Luʋɔ” fia ameti bliboa, kpakple eƒe ŋutilã kple susu me ŋutetewo katã. Eyata be woasubɔ tso luʋɔ blibo me fia be míatsɔ mía ɖokui ana, míazã míaƒe ŋutetewo katã eye míatsɔ míaƒe ŋusẽ blibo katã asubɔ Mawui. Kpuie ko la, efia be míawɔ nusianu si míaƒe luʋɔ ate ŋu awɔ.—Marko 12:29, 30.

5. Aleke apostoloawo ƒe kpɔɖeŋua ɖee fiae be menye mí katãe awɔ dɔ ɖeka sɔsɔe le subɔsubɔdɔa me o?

5 Ðe nuwɔwɔ tso luʋɔ blibo me fia be mí katã míawɔ dɔ sɔsɔe le subɔsubɔdɔa mea? Ema manya wɔ gbeɖe o, elabena luʋɔ ɖesiaɖe kple eƒe nɔnɔme kpakple ŋutetewo. Bu Yesu ƒe apostolo nuteƒewɔlaawo ŋu kpɔ. Menye dɔ ɖeka tɔgbe ye wo katã te ŋu wɔ o. Le kpɔɖeŋu me, nu sue aɖe ko míenya le apostolo aɖewo abe Simon Kanatɔ la kple Yakobo Alfeo vi ene ŋu. Ðewohĩ apostolo mawo mete ŋu wɔ dɔ boo aɖeke o. (Mateo 10:2-4) Gake Petro ya te ŋu xɔ agbanɔamedzi gã geɖe—Yesu tsɔ “dziƒofiaɖuƒe ƒe safuiawo” gɔ̃ hã de esi! (Mateo 16:19) Ke hã womedo Petro ɖe dzi wu ame bubuawo o. Esi Yohanes xɔ Yerusalem Yeyea ŋuti ŋutega si le Nyaɖeɖefia me (ƒe 96 M.Ŋ. lɔƒo) la, ekpɔ gɔmeɖokpe 12 eye “apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo le wo ŋu.”a (Nyaɖeɖefia 21:14) Apostoloawo katã ƒe subɔsubɔ xɔ asi le Yehowa ŋkume, togbɔ be edze ƒã be wo dometɔ aɖewo te ŋu wɔ geɖe wu ɖewo hã.

6. Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe nukuwula ŋu me la, nukae dzɔ ɖe nuku si wowu ɖe “anyigba nyui” dzi la dzi, eye biabia kawoe fɔ ɖe te?

6 Nenema ke Yehowa mebia be mí katã míaɖe gbeƒã sɔsɔe o. Yesu ɖe esia fia le nukuwula ƒe kpɔɖeŋu si wòwɔ me, esi wòtsɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ sɔ kple nukuwo wuwu. Nukuawo ge ɖe anyigba vovovowo dzi, si fia dzi ƒe nɔnɔme vovovo siwo amesiwo sea gbedasia ɖena fiana. Yesu ɖe eme be: “Nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme, amesi tsena, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃ la.” (Mateo 13:3-8, 18-23) Nukae kutsetse sia nye, eye nukata eƒe tsetse ƒe agbɔsɔsɔme le vovovo?

7. Ku kawoe nuku si wowu la tse, eye nukata eƒe tsetsea ƒe agbɔsɔsɔme le vovovo?

7 Esi nuku si wowue nye “fiaɖuƒe la ŋutinya” ta la, eƒe tsetse fia alesi woakaka nya mae, ahagblɔe na ame bubuwo. (Mateo 13:19) Kutsetseawo ƒe agbɔsɔsɔme le vovovo—tso blaetɔ̃ dzi vaseɖe alafa dzi—elabena ŋutetewo kple nɔnɔmewo to vovo le agbe me. Ðewohĩ amesi si lãmesẽ le eye wòte ŋu wɔa dɔ sesẽ ɣeyiɣi didi la azã ɣeyiɣi geɖe atsɔ aɖe gbeƒã wu amesi ŋu ŋusẽ megale o le dɔmavɔleameŋu loo alo tsitsi ta. Ðewohĩ tre si nye sɔhɛ ate ŋu awɔ geɖe wu amesi wòle na be wòawɔ dɔ ɣeyiɣiawo katã atsɔ akpɔ ƒome dzii.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 20:29.

8. Aleke Yehowa bua amesiwo naa nu nyuitɔ kekeake si woƒe luʋɔ ate ŋu ana lae?

8 Le Mawu ƒe susu nu la, ɖe amesi tso luʋɔ blibo me tsea ku blaetɔ̃ la ƒe ɖokuitsɔtsɔna mede amesi tsea alafa tɔ nu oa? Mele nenema kura o! Kutsetseawo ƒe agbɔsɔsɔme ate ŋu ato vovo, gake wodzea Yehowa ŋu zi alesi wònye dɔ si katã míaƒe luʋɔ ate ŋu awɔ ko. Ðo ŋku edzi be kutsetse vovovoawo katã tso dzi siwo nye “anyigba nyui” la me. Helagbe me nya (ka·losʹ) si gɔme woɖe be “nyui” la fia nusi “dze ani” kple nusi “ŋu dzi kpɔa dzidzɔ ɖo, eye wònya kpɔna na ŋku.” Aleke gbegbe wòfaa akɔ na amee nye si be míanya be ne míewɔ míaƒe ŋutete katã la, míaƒe dzi nya kpɔna na Mawu!

Wometsɔnɛ Sɔna Kple Mía Nɔewo Tɔ O

9, 10. (a) Nukpɔsusu gbegblẽ kae míaƒe dzi ate ŋu ana wòasu mía si? (b) Aleke kpɔɖeŋu si le Korintotɔwo I, 12:14-26 ɖee fiae be Yehowa metsɔa nusi míewɔna sɔna kple ame bubuwo tɔ o?

9 Gake ate ŋu adzɔ be míaƒe dzi madebliboa nabu nuwo ŋu bubui. Ðewohĩ atsɔ míaƒe subɔsubɔ asɔ kple ame bubuwo tɔ. Ate ŋu abui be, ‘Ame bubuwo le geɖe wɔm le subɔsubɔdɔa me wum. Aleke Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe nye subɔsubɔ ŋu?’—Tsɔe sɔ kple Yohanes I, 3:19, 20.

10 Yehowa ƒe susu kple mɔwo kɔ boo wu mía tɔ. (Yesaya 55:9) Nya siwo le Korintotɔwo I, 12:14-26 na míegasea alesi Yehowa bua mí ame ɖekaɖekawo ƒe agbagbadzedzewoe gɔme ɖe edzi, afisi wotsɔ hamea sɔ kple ameti si ŋu ŋutinu geɖe le—ŋku, asi, afɔ, kple bubuawo. Tɔ vie nàbu ametia ŋutɔŋutɔ ŋu kpɔ. Aleke gbegbe wòaɖi kokoe nye si be nàtsɔ wò ŋku asɔ kple wò asi alo atsɔ wò afɔ asɔ kple wò to! Ŋutinu ɖesiaɖe kple eƒe dɔ, ke hã ŋutinuawo katã ƒe dɔ le vevie eye asixɔxɔ le wo ŋu. Nenema ke Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe wò subɔsubɔ si tso luʋɔ me ŋui, ame bubuwo ɖawɔa geɖe alo ʋee wu wò o.—Galatiatɔwo 6:4.

11, 12. (a) Nukata ame aɖewo abu be ‘yewogbɔdzɔ’ alo ‘bubu mele yewo ŋu o’? (b) Aleke Yehowa bua míaƒe subɔsubɔe?

11 Ɣeaɖewoɣi la, mía dometɔ aɖewo abui be míawoe ‘gbɔdzɔ wu’ alo ‘bubu mele mía ŋu o’ le esi lãmegbegblẽ, tsitsi, alo nɔnɔme bubuwo xe mɔ na mí ta. Gake menye nenemae Yehowa bua nuwoe o. Biblia gblɔ na mí be: “Ŋutilã ŋutinu, siwo wobuna bena, wogbɔdzɔna wu la, woawoe hiãna wu; eye . . . ŋutinu, siwo míebuna bena, bubu mele wo ŋu o la, míedea bubu gã wo ŋu wu, . . . Ke Mawu wɔ ŋutilã heɖoe teƒeteƒe, eye wòtsɔ bubu gã wu na suetɔ la.” (Korintotɔwo I, 12:22-24) Eyata asixɔxɔ ate ŋu anɔ ame ɖesiaɖe ŋu le Yehowa ŋkume. Edea asixɔxɔ subɔsubɔ si ŋu míaƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ ɖo ŋu. Ðe wò dzi meʋã wò be nàwɔ nusianu si nàte ŋui atsɔ asubɔ Mawu lɔ̃ame si sea nu gɔme alea la oa?

12 Eyata menye dɔ si nàwɔ wòade ame aɖe tɔ nue le vevie na Yehowa o, ke boŋ edi be nàwɔ nusi wò ŋutɔ—wò luʋɔ—ate ŋu awɔ. Alesi Yehowa dea asixɔxɔ agbagba si mía dometɔ ɖesiaɖe dzena ŋu ƒe kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe dze le alesi Yesu wɔ nu kple nyɔnu vovovo eve me le eƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛawo me.

Nyɔnu Ŋudzedzekpɔla aɖe ƒe Nunana si ƒe “Asi Sẽ Ŋutɔ”

13. (a) Nɔnɔme ka mee Maria tsɔ ami si ʋẽna lilili kɔ ɖe Yesu ƒe tame kple afɔ ŋu le? (b) Ho nenie Maria ƒe amia xɔ?

13 Le Fiɖa ƒe fiẽ le Nisan 8 lia dzi la, Yesu va ɖo Betania, si nye kɔƒe sue aɖe le Amitoa ƒe abunu le ɣedzeƒe gome, si anɔ kilometa 3 tso Yerusalem. Xɔlɔ̃ veviwo nɔ Yesu si le du sia me—Maria, Marta, kple wo nɔviŋutsu Lazaro. Ðewohĩ Yesu dzea woƒe aƒeme zi geɖe. Gake le Memleɖa ƒe fiẽ me la, Yesu kple exɔlɔ̃awo ɖu nu le Simon, amesi nye anyidzela tsã si anɔ eme be Yesu da dɔ na la ƒe aƒeme. Esi Yesu nɔ kplɔ̃a ŋu la, Maria wɔ nu ɖokuibɔbɔtɔe tsɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃ deto na amesi fɔ nɔvia ɖe tsitre la fia. Eʋu goe aɖe si me ami aɖe si ʋẽna lilili “si ƒe asi sẽ ŋutɔ” le la nu. Exɔ asi ŋutɔŋutɔ! Eƒe asi xɔ denario 300, si sɔ kple ƒe ɖeka ƒe fetu. Ekɔ ami ʋeʋẽ sia ɖe Yesu tame kple eƒe afɔwo ŋu. Etsɔ eƒe taɖa gɔ̃ hã tutu eƒe afɔwo ŋu.—Marko 14:3; Luka 10:38-42; Yohanes 11:38-44; 12:1-3.

14. (a) Aleke nusrɔ̃laawo wɔ nu ɖe Maria ƒe nuwɔnaa ŋui? (b) Aleke Yesu ʋli Maria tae?

14 Eve dɔme na nusrɔ̃laawo! Wobia be, ‘Nudomegbegblẽ sia gɔme ɖe?’ Yuda ɣla fififi ƒe dzodzro si le eme la heɖo aɖaŋu le kpekpeɖeŋunana amesiwo hiã tu ŋu be: “Nukaŋuti womedzra ami sia xɔ denario alafa etɔ̃, eye woatsɔe ana ame dahewo o mahã?” Maria meke nu o. Gake Yesu gblɔ na nusrɔ̃laawo be: “Mina mɔe; nuka ƒe fu ɖem miele nɛ mahã? Dɔ nyui [ka·losʹ ƒomevi aɖe] wòwɔ nam. . . . Ewɔ nusi wòate ŋui; edze ŋgɔgbe va si ami na nye ŋutilã la hena ɖiɖi. Vavã mele egblɔm na mi bena: Afisi ke woaɖe gbeƒã nyanyui la afia le, le xexe blibo la katã la, woaƒo nu le nusi nyɔnu sia wɔ la hã ŋuti hena ŋkuɖoɖo edzi.” Aleke gbegbe Yesu ƒe vividoɖeameŋunya siawo anya fa dzi na Maria enye si!—Marko 14:4-9; Yohanes 12:4-8.

15. Nukata nusi Maria wɔ la wɔ dɔ ɖe Yesu dzi nenema gbegbe, eye nukae míesrɔ̃ tso eme le luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ ŋu?

15 Nusi Maria wɔ la wɔ dɔ ɖe Yesu dzi vevie. Le eƒe susu nu la, nyɔnua wɔ nusi dze na kafukafu. Menye nunana la ƒe asixɔxɔe nɔ vevie na Yesu o ke alesi ‘wòwɔ nusi wòate ŋui’ boŋ ye. Nyɔnua wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ eye wòna nusi wòate ŋu ana. Gɔmeɖeɖe bubuwo gblɔ nya siawo ale, “Ewɔ nusi katã wòate ŋu awɔ,” alo, “Ewɔ nusi eƒe ŋusẽ ate ŋu awɔ.” (An American Translation; The Jerusalem Bible) Luʋɔ blibo mee Maria ƒe nunana la tso elabena nu nyuitɔ kekeake si le esie wòtsɔ na. Nusi koŋ luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ fia enye ma.

Ahosi aɖe ƒe “Lepta Eve”

16. (a) Aleke wòdzɔe be Yesu va kpɔ ahosi dahe aɖe ƒe nudzɔdzɔ teƒe? (b) Ho nenie nye ahosia ƒe gakuawo?

16 Le ŋkeke ʋee aɖewo megbe, le Nisan 11 lia dzi la, Yesu nɔ gbedoxɔa me ŋkeke bliboa katã, afisi wobia nya tso eƒe ŋusẽ ŋu eye wòɖo biabia sesẽ siwo ku ɖe adzɔxexe, tsitretsitsi, kple nya bubuwo ŋu le. Ebu fɔ agbalẽfialawo kple Farisitɔwo elabena ‘womia ahosiwo ƒe aƒewo,’ tsɔ kpe ɖe nu bubu siwo wowɔna ŋu. (Marko 12:40) Azɔ Yesu nɔ anyi, edze ƒã be enɔ Nyɔnuwo ƒe Xɔxɔnu, afisi nudzɔɖaka 13 nɔna le Yudatɔwo ƒe kɔa nu. Enɔ afima sẽ henɔ ŋku lém ɖe nu ŋu esi amewo tsɔ woƒe nudzɔdzɔwo nɔ dadam ɖe eme. Kesinɔtɔ geɖe va, ɖewohĩ wo dometɔ ɖewo bua wo ɖokui ame dzɔdzɔewoe, eye wowɔnɛ be amewo nakpɔ yewo gɔ̃ hã. (Tsɔe sɔ kple Mateo 6:2.) Yesu ƒe ŋku va nɔ nyɔnu ɖeka aɖe koŋ ŋu. Amegbetɔ dzro mate ŋu akpɔ nu ɖedzesi aɖeke le nyɔnua alo eƒe nunanaa ŋu o. Gake Yesu si te ŋu nyaa nusi le ame bubuwo ƒe dzime la nya be “ahosi dahe” ye wònye. Enya ga home si tututu wòdzɔ hã—“lepta eve . . . siwo ƒe home enye hoka eve.”b—Marko 12:41, 42.

17. Aleke Yesu de asixɔxɔ ahosia ƒe nudzɔdzɔ ŋui, eye nukae míesrɔ̃ tso eme le nunana Mawu ŋu?

17 Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔ, elabena edi be woa ŋutɔ nakpɔ nusi wòafia wo la teƒe ŋutɔŋutɔ. Yesu gblɔ be nyɔnua “ƒe nusi wòtsɔ da ɖe eme la, wu nusi ame siawo tsɔ da ɖe nudzɔɖaka la me.” Le eƒe susu nu la, ne wotsɔ ame bubuawo katã tɔ ƒo ƒui la, nyɔnua tsɔ geɖe de eme wu wo. Etsɔ “nusiwo katã le esi”—si nye eƒe ga sue si susɔ ɖe esi la na. Eto esia wɔwɔ me tsɔ eɖokui de asi na Yehowa be wòakpɔ ye dzi. Eyata amesi wogblɔ be eɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi le nunana Mawu me la nye amesi ƒe nunana menye nu boo aɖeke le ŋutilã me gome o. Gake le Mawu ƒe ŋkume la, exɔ asi ŋutɔ!—Marko 12:43, 44; Yakobo 1:27.

Nusɔsrɔ̃ tso Alesi Yehowa Bua Luʋɔ Blibo ƒe Subɔsubɔe Me

18. Nukae míesrɔ̃ tso alesi Yesu wɔ nu kple nyɔnu eveawo me?

18 Míesrɔ̃ nu dodzidzɔname aɖewo tso Yesu ƒe nuwɔwɔ kple nyɔnu eve siawo me le alesi Yehowa bua luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔe ŋu. (Yohanes 5:19) Yesu metsɔ ahosia sɔ kple Maria o. Ede asixɔxɔ ahosia ƒe gaku eveawo ŋu abe alesi wòdee Maria ƒe ami “si ƒe asi sẽ ŋutɔ” ŋui ene. Esi nyɔnuawo dometɔ ɖesiaɖe tsɔ eƒe nu nyuitɔ kekeake na ta la, asixɔxɔ nɔ woƒe nunana eveawo siaa ŋu le Mawu ŋkume. Eyata ne èsenɛ le ɖokuiwò me be yemeɖi naneke o le esi mète ŋu wɔa nusiwo katã nèdi be yeawɔ le Mawu subɔsubɔ me o ta la, ke dzi megaɖe le ƒowò o. Edzɔa dzi na Yehowa be wòaxɔ nu nyuitɔ kekeake si nàte ŋu ana. Ðo ŋku edzi be Yehowa “kpɔa keke dzi me ke,” eyata enya wò dzimedidiwo katã.—Samuel I, 16:8.

19. Nukata mele be míadrɔ̃ ʋɔnu le nusi ame bubuwo le wɔwɔm le Mawu subɔsubɔ me ŋu o?

19 Ele be alesi Yehowa bua luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔe la nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi míebua mía nɔewo hewɔa nu ɖe wo ŋui dzi. Aleke gbegbe manye lɔlɔ̃ ɖeɖefia o enye si be míaɖe ɖeklemi ame bubuwo ƒe agbagbadzedzewo alo be míatsɔ ame aɖe ƒe subɔsubɔ asɔ kple ame bubu tɔ! Nublanuitɔe la, Kristotɔ aɖe ŋlɔ bena: “Ɣeaɖewoɣi la, ame aɖewo nana wòdzena abe ne menye mɔɖelae nènye o la, ke mèɖi naneke kura o ene. Ele be amewo nakpɔ ŋudzedze ɖe mí amesiwo dzea agbagba be míanye Fiaɖuƒegbeƒãɖela ‘dzrowo’ ɣesiaɣi la hã ŋu.” Mina míaɖo ŋku edzi be womena ŋusẽ mí be míatso nya me le nusi nye luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ ŋu na hati Kristotɔ o. (Romatɔwo 14:10-12) Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖela nuteƒewɔla miliɔn gbogboawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe subɔsubɔ si tso luʋɔ blibo me ŋu, eye ele be míawo hã míakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.

20. Nukae wòle be míabu le susu me le mía hati tadeagulawo ŋu ɣesiaɣi?

20 Gake nukae míawɔ ne edze abe ame aɖewo mewɔa nusi katã woate ŋui o ene le subɔsubɔdɔa me? Haxɔsetɔ aɖe ƒe dɔwɔwɔ si yi to ate ŋu ana hamemegã siwo tsɔa ɖe le eme na ame nanya be ehiã kpekpeɖeŋu alo dzideƒo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, mele be míaŋlɔ be o be le ame aɖewo gome la, luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ ate ŋu anɔ abe ahosia ƒe gaku sueawo ene eye made Maria ƒe ami xɔasia nu o. Zi geɖe la, anyo wu be míabui be mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo lɔ̃ Yehowa eye be lɔlɔ̃ sia aʋã wo be woawɔ geɖe—alesi woate ŋui—menye sue aɖe ko o. Kakaɖedzi li be Yehowa subɔla aɖeke meli si si dzitsinya nyui le si adi be yeawɔ nusi le sue wu esi yeate ŋu awɔ le Mawu subɔsubɔ me o!—Korintotɔwo I, 13:4, 7.

21. Dɔ si me yayra geɖe le ka wɔm ame geɖe le, eye biabia kawoe fɔ ɖe te?

21 Gake le Mawu ƒe amewo dometɔ geɖe gome la, luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ fia be woawɔ dɔ si me yayra geɖe le ŋutɔ—eyae nye mɔɖeɖedɔa. Yayra kawoe wokpɔna? Eye mí amesiwo mete ŋu le mɔɖeɖedɔa wɔm haɖe o ɖe—aleke míaɖe mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ afia? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Esi Matia va zu apostolo ɖe Yuda teƒe ta la, anɔ eme be eya ƒe ŋkɔ—menye Paulo tɔ o—ye nɔ gɔmeɖokpe 12 mawo dometɔ ɖeka ŋu. Togbɔ be apostoloe Paulo nye hã, menɔ ame 12 mawo dome o.

b Gaku siawo dometɔ ɖesiaɖe nye lepta si nye Yudatɔwo ƒe gaku suetɔ kekeake si woɖuna ɣemaɣi. Lepta eve sɔ kple ŋkeke ɖeka ƒe fetu ƒe akpa 1/64. Le Mateo 10:29 ƒe nya nu la, ne Roma-gaku (si sɔ kple lepta enyi) le ame si la, ate ŋu aƒle atsutsurɔe eve, si nye xevi siwo ƒe asi bɔbɔ wu si ame dahewo tsɔ ɖaa nui. Eyata ahosi sia da ahe nyateƒe, elabena ga si ƒlea atsutsurɔe ɖeka la ƒe afã koe nɔ esi, si made nuɖuɖu zi ɖeka nu o.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Nukae wòfia be míasubɔ Yehowa tso luʋɔ blibo me?

◻ Aleke kpɔɖeŋu si le Korintotɔwo I, 12:14-26 ɖee fiae be Yehowa metsɔa mí sɔna kple ame bubuwo o?

◻ Nukae míesrɔ̃ le luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ ŋu tso nya siwo Yesu gblɔ le Maria ƒe ami xɔasia kple ahosia ƒe gaku sue eveawo ŋu me?

◻ Aleke wòle be Yehowa ƒe nukpɔsusu le luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ ŋu nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi míebua mía nɔewoe dzi?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Maria tsɔ eƒe nu nyuitɔ na esi wòsi ami “si ƒe asi sẽ ŋutɔ” na Yesu ƒe ŋutilã

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ahosia ƒe gakuawo—womeɖi nu boo aɖeke le ŋutilã me gome o gake woxɔ asi le Yehowa ŋkume

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe