AKPA 1
Aleke Míaɖo To Mawui?
Mawu ƒoa nu na mí to Biblia dzi. 2 Timoteo 3:16
Mawu vavã la fia mɔ amegbetɔwo woŋlɔ eƒe susuwo ɖe agbalẽ kɔkɔe aɖe me. Agbalẽ mae nye Biblia. Nya vevi siwo Mawu di be nànya la le agbalẽ ma me.
Mawu nya nu si nyo na mí, eyae nye nunya Dzɔtsoƒe. Ne èɖo toe la, àdze nunya vavã.—Lododowo 1:5.
Mawu di be ame sia ame si le anyigba dzi la naxlẽ Biblia. Biblia le gbegbɔgblɔ geɖe me fifia.
Ne èdi be yeaɖo to Mawu la, ele be nàxlẽ Biblia ahase egɔme.
Amewo le to ɖom le afi sia afi. Mateo 28:19
Yehowa Ðasefowo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse Biblia gɔme.
Wofiaa Mawu ŋuti nyateƒea le anyigba katã dzi.
Màxe fe aɖeke ɖe nufiafia sia ta o. Azɔ hã, àte ŋu asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le afi si nèle me.