INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb18 February axa 7
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Wɔ Nyabiasewo Ŋu Dɔ Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Wɔ Nyabiasewo Ŋu Dɔ Nyuie
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiasewo Ŋudɔwɔwɔ Nyuie
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Wɔ Nya Nyui Gbɔgblɔ Dɔ La De Goe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyabiasewo Ŋu Dɔ Wɔwɔ
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Fia Nu Kple Nugɔmesese Nàzã Nyaƒoɖeamenu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
mwb18 February axa 7

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me​—Wɔ Nyabiasewo Ŋu Dɔ Nyuie

NU SI TA WÒLE VEVIE: Ne “ame ƒe dzime- susu le abe tɔ goglo ene” la, ke nyabiasewo le abe tɔkpo si míatsɔ adui ene. (Lod 20:5) Nyabiasewo nana ame siwo ɖoa to mí la dea nu dzeɖoɖoa me. Nya siwo míebia nyuie, si ŋu amea ɖo la akpe ɖe mía ŋu míanya nu si le susu me nɛ. Yesu wɔ nyabiasewo ŋu dɔ nyuie. Aleke míate ŋu asrɔ̃e?

Yesu le nya biam eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka

ALE SI NÀWƆE:

  • Bia nya siwo ana amea nagblɔ eƒe susu. Yesu bia nya vovovowo be yeanya nu si le susu me na yeƒe nusrɔ̃lawo. (Mt 16:13-16 be 238 mm. 3-5) Nya kawoe nàte ŋu abia be amea naɖe nu si le eƒe susu me agblɔ?

  • Bia nya si ana woabu tame. Be Yesu naɖɔ Petro ƒe susu ɖo la, ebia nya aɖewoe eye wogblɔ nya bubu siwo ana Petro nate ŋu aƒo nya ta nyuie. (Mt 17:24-26) Nya kawoe nàte ŋu abia si ana ame aɖe nabu tame ale be wòaƒo nya ta nyuie?

  • Kafu amea. Esi agbalẽfiala aɖe ‘ɖo nya ŋu nunyatɔe’ la, Yesu kafui. (Mr 12:34) Ne ame aɖe ɖo biabia aɖe ŋu vɔa, aleke nàkafui?

De bubu amewo ŋu. Ŋusẽ si nɔ Yesu si la mele mía si o. Eya ta ele be míade bubu amewo ŋu, vevietɔ ame tsitsiwo, ame siwo míenya o kple ame siwo le ɖoƒe tɔxɛwo.—1Pe 2:17.

MIKPƆ VIDEO SI NYE WƆ DƆ SIWO YESU WƆ—FIA NU, ƑE AKPA GBÃTƆ, EYOME MIÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu ka tae nufiafia alea nye kpɔɖeŋu gbegblẽ togbɔ be nyawo de hã?

  • Nu kae wòle be míawɔ tsɔ wu be míanɔ nyaawo me ɖem ko?

MIKPƆ VIDEOA ƑE AKPA EVELIA, EYOME MIÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke nɔviŋutsua wɔ nyabiasewo ŋu dɔ nyuie?

  • Nɔvia ƒe nufiafia ƒe akpa bubu kawoe míate ŋu asrɔ̃?

Ŋutsu aɖe tɔtɔ esi womefia nuae nyuie o ta; nyateƒea me va kɔ na ŋutsu aɖe si wofia nui nyuie

Ŋusẽ kae míaƒe nufiafia kpɔna ɖe amewo dzi? (Lk 24:32)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe