INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • th nusɔsrɔ̃ 3 axa 6
  • Nyabiasewo Ŋu Dɔ Wɔwɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiasewo Ŋu Dɔ Wɔwɔ
  • Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiasewo Ŋudɔwɔwɔ Nyuie
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Viɖe Si Le Eŋu Dɔ Wɔwɔ Me Nadze Ƒãa
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Susuhehe Yi Ŋɔŋlɔawo Dzi Nyuie
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
Kpɔ Bubuwo
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
th nusɔsrɔ̃ 3 axa 6

NUSƆSRƆ̃ 3

Nyabiasewo Ŋu Dɔ Wɔwɔ

Mawunyakpukpui

Mateo 16:13-16

NU SI NÀWƆ: Bia nyawo ŋuɖɔɖotɔe be wò nyaselawo nadi be yewoase wò nyawo eye woayi edzi aɖo to. Zã nyabiasewo nàtsɔ adzro nu me kple wò nyaselawo alo nàtsɔ ate gbe ɖe nya veviawo dzi.

ALE SI NÀWƆE:

  • Na nyaselawo nadi be yewoase nyaa eye woayi edzi aɖo to. Bia nya siwo ŋu nyaselawo aɖo le susu me siwo ana woabu tame alo ana woanɔ mɔ kpɔm na ŋuɖoɖoa.

  • Zã nyabiasewo nàtsɔ adzro nya aɖe me. Wɔ nyabiase vovovo siwo ana wò nyaselawo nakplɔ numeɖeɖea ɖo eye wòakpe ɖe wo ŋu woaƒo nya ta nyuie la ŋu dɔ.

  • Te gbe ɖe nya veviawo dzi. Bia nya aɖe si nyaselawo adi vevie be yewoakpɔ ŋuɖoɖo na atsɔ ahe susu ayi nya vevi aɖe dzi. Ne èdzro nya vevi aɖe me vɔ alo nèle wò nyawo ta ƒom la, bia nya siwo ana nyaselawo naɖo ŋku susu veviawo dzi.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Ne èxlẽ ŋɔŋlɔ aɖe vɔ la, bia nyawo nàtsɔ ate gbe ɖe susu vevi si le mawunyakpukpui siwo nèxlẽ la me dzi.

LE GBEƑÃÐEÐEDƆA ME

Na wò nyaselaa nagblɔ eƒe susu le nya aɖe ŋu. Lé to ɖe eƒe nyaŋuɖoɖoa ŋu nyuie. Bu nuwo ŋu nyuie be nànya ɣeyiɣi si me nàbia nyawo ŋuɖɔɖotɔe kple ale si nàbia woe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe