Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
JULY 2-8
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LUKA 6-7
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 6:37
Mitsɔ nɔ amewo kem, ekema woatsɔ ake miawo hã: Alo “Minɔ asi ɖem le nya ŋu, eye woaɖe asi le miawo hã mia tɔwo ŋu.” Helagbe me nya si gɔme woɖe be “woatsɔ ake” gɔmeɖeɖe tẽe nye “woaɖe asi le nya ŋu faa; woaɖe asi le ame ŋu wòadzo; woana ablɔɖe ame (le kpɔɖeŋu me, gamenɔla).” Le afi sia la, ne wozãe le ʋɔnudrɔ̃nyawo me la, ke efia be woaɖe asi le ame ŋu eye woatsɔ akee, ne ehiã be woahe to nɛ alo wòaɖo nu si wògblẽ teƒe gɔ̃ hã.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 6:38
Minɔ nu nam amewo: Alo “Miyi edzi mianɔ nu nam.” Woate ŋu aɖe Helagbe me dɔwɔnya si wozã le afi sia gɔme be “woana nu” eye efia nu si woayi edzi anɔ wɔwɔm.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 6:38
avɔ me: Helagbe me nya sia gɔmeɖeɖe tẽe nye “wò akɔnu (akɔta),” gake le afi sia la ate ŋu afia ale si woakɔ ame ƒe awudziwui dzi be woakɔ nu ɖe eme. ‘Be woakɔ nu ɖe avɔ me na ame’ he míaƒe susu yi ale si nudzrala aɖewo kɔa nu siwo woƒle le wo si la ɖe nuƒlelawo ƒe awu mee dzi.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 7:35
ƒe viwo: Alo “nunya me tsonuwo.” Woƒo nu tso nunya ŋu le afi sia abe amegbetɔ si si viwo le ene. Wogaƒo nu tso nunya ŋu le Mt 11:19 be “dɔwɔwɔwo” le esi. Nunya ƒe viwo, alo eƒe dɔwɔwɔwo, si nye nu siwo Yohanes Amenyrɔɖetsimela kple Yesu wɔ ɖo kpe edzi be nya siwo wotsɔ ɖe wo ŋu la nye alakpa. Yesu nɔ gbɔgblɔm le afi sia be: ‘Milé ŋku ɖe míaƒe dɔ nyuiawo kple agbenɔnɔ ŋu eye miade dzesii be nutsotsoawo nye alakpa.’
JULY 9-15
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LUKA 8-9
nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Lk 9:59, 60
aɖaɖi fofonye gbɔ: Nya siawo mefia kokoko be ŋutsua fofo ku eye wòle biabiam be yeayi avae wɔ ɖoɖo ɖe eɖiɖi ŋu o. Ne ɖe fofoa ku la anye ne manɔ Yesu gbɔ anɔ dze ɖom kpli o. Le Titina Ɣedzeƒe nutowo me le blema la, ne ame aɖe ku le ƒome aɖe mea, wowɔa ɖoɖo ɖe eɖiɖi ŋu enumake, eye zi geɖea, enyea gbe ma gbe ke. Eya ta anye be ɖe ŋutsua fofo nɔ dɔ lém alo nye ame tsitsi si kpɔtɔ le agbe. Azɔ hã manya wɔ be Yesu nagblɔ na ŋutsua be wòagblẽ fofoa dɔnɔ si ŋu wòle be woakpe ɖo la ɖi o, eya ta efia be ŋutsua ƒe ƒometɔ bubuwo li siwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu. (Mr 7:9-13) Ðe ŋutsua nɔ gbɔgblɔm be, ‘madze yowòme baa gake menye esi fofonye kpɔtɔ le agbe o. Lala ne fofonye naku maɖi hafi.’ Yesu kpɔe be mɔnukpɔkpɔ aɖe si nye be wòatsɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me la nɔ eŋu tom.—Lk 9:60, 62.
Na ame kukuwo naɖi woƒe ame kukuwo: Abe ale si wòdze le numeɖeɖe si le Lk 9:59 me ene la, anye be ŋutsu si Yesu nɔ nu ƒom na la fofo nɔ dɔ lém alo nye ame tsitsi si kpɔtɔ le agbe. Eya ta eme kɔ be ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be: ‘Na ame siwo ku le gbɔgbɔ me la, naɖi woƒe ame kukuwo,’ si fia be, ŋutsua nana eƒe ƒometɔwo nakpe ɖe fofoa ŋu va se ɖe esime wòku eye wòhiã be woaɖii. Ne ŋutsua dze Yesu yome la, ke ava nɔ agbemɔa dzi si awɔe be manɔ ame siwo ku le gbɔgbɔ me le Mawu ŋkume la dome o. Ale si Yesu ɖo nya ŋu nɛ fia be ne ame tsɔ Mawu Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me eye wòɖea gbeƒãe le kpuiƒe kple didiƒewo la, awɔe be wòanɔ agbe le gbɔgbɔ me.
nwtsty ƒe media
Agbleŋɔŋlɔ
Le dzomeŋɔli ƒe ɣletiwo me la ŋdɔkutsu ɖua anyigba wòƒuna, gake ne tsidzaɣi ɖo la, anyigba bɔbɔna eye woŋlɔnɛ. (Kpɔ Megbenyawo B15.) Kodzi aɖewo nyea ati si ƒe nugbɔ le lɔbɔe si nu gakpo le eye wotinɛ ɖe atikpo aɖe si lã ɖeka alo esi wu nenema hena la ŋu. Ne woŋlɔ anyigba vɔ la, woƒãa nuku. Zi geɖe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, woƒoa nu tso agbledede ŋu le kpɔɖeŋuwo me. (Ʋɔn 14:18; Yes 2:4; Yr 4:3; Mik 4:3) Yesu zãa agbledede tsɔ wɔa kpɔɖeŋu veviwo le eƒe nufiafiawo me zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, eƒo nu tso agbleŋɔŋlɔ ŋu, tsɔ te gbe ɖe ale si wòle vevie be ame si di be yeadze ye yome la nawɔe kple dzi blibo la dzi. (Lk 9:62) Ne ame si le agble ŋlɔm na nane he eƒe susu la, ana agble si ŋlɔm wòle la manɔ fli me o, aglɔ̃. Nenema kee ne Kristo ƒe nusrɔ̃la aɖe na nane he eƒe susu alo na wòtra mɔ, si na mete ŋu wɔ eƒe dɔwo nyuie o la, madze na Mawu Fiaɖuƒea o.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 8:3
le wo subɔm: Alo “nɔ alɔ dom (nɔ woƒe nuhiahiãwo dim na) wo.” Helagbe me nya di·a·ko·neʹo ate ŋu afia be woakpɔ amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ to nuɖuɖu didi, eɖaɖa, etsɔtsɔ ɖo kplɔ̃ kple bubuawo dzi. Susu mae dze le ale si wozãe le Lk 10:40 (“nu geɖewo gbɔ kpɔkpɔ”), Lk 12:37 (“wòasubɔ”), Lk 17:8 (“nàsubɔm”) kple Dw 6:2 (“nuɖuɖu mam”) me, gake agate ŋu afia dɔ bubu siwo wowɔna tsɔ subɔa amewo. Le afi sia la, efia ale si nyɔnu siwo ƒe nya wogblɔ le kpukpui 2 kple 3 la do alɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be wote ŋu wɔ dɔ si Mawu de asi na wo la de goe. Nyɔnu siawo to esia dzi kafu Mawu, ame si kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu eye wòna woŋlɔ woƒe dɔmenyonyoa ŋu nya ɖe Biblia me ɣemaɣi be amewo nava xlẽ emegbe. (Lod 19:17; Heb 6:10) Wogazã Helagbe me nya ma ke na nyɔnuwo le Mt 27:55; Mr 15:41.
JULY 16-22
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LUKA 10-11
nwtsty ƒe media
Mɔ Si Tso Yerusalem Yi Yeriko
Anye be mɔ (1) si dze le video kpui sia me lae nye mɔ si tso Yerusalem yi Yeriko le blema. Mɔ sia si tso Yerusalem yi Yeriko la didi wu kilometa 20, eye eƒe akpa aɖe si didi kilometa 1 la gɔdɔ̃ heɖi abu. Adzodalawo bena ɖe teƒe tsoabowo kple avewo me si na wòva hiã be woana asrafowo nanɔ mɔa dzi be woakpɔ mɔzɔlawo ta. Romatɔwo ƒe du Yeriko (2) le afi si mɔa dze egɔme tsoe, le Yudea-gbedzi. Yeriko du xoxoa (3) kple Romatɔwo ƒe dua dome didi kilometa 2 lɔƒo.
nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Lk 10:33, 34
Samariatɔ aɖe: Yudatɔwo mebua Samariatɔwo ɖe naneke me o, eye womedea ha kpli wo o. (Yh 4:9) Yudatɔ aɖewo gɔ̃ hã zãa nya “Samariatɔ” wònyea vlodoame kple ame dzudzu. (Yh 8:48) Rabi aɖe gblɔ le Mishna la me be: “Ame si ɖu Samariatɔwo ƒe abolo la le abe ame si ɖu halã ene.” (Shebith 8:10) Yudatɔ geɖe melɔ̃na ɖe ɖase si Samariatɔ aɖe ɖi dzi o, alo lɔ̃na be woawɔ dɔ aɖe na yewo o. Esi Yesu nya ale si Yudatɔwo doa vlo Samariatɔwo zi geɖe ta la, ezã kpɔɖeŋu sia si woyɔna zi geɖe be Samariatɔ havilɔ̃la ƒe lododoa tsɔ te gbe ɖe nu vevi aɖe dzi.
kɔ ami kple wain ɖe eƒe abiawo me hebla wo nɛ: Le afi sia la, atikewɔla Luka ŋlɔ nu tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu tsitotsito, eye wòƒo nu tso ale si wokpɔa abi gbɔ ɣemaɣi la ŋu. Wozãa ami kple wain zi geɖe le aƒewo me tsɔ blaa abi na ame. Wokɔa ami ɖe abi me ɣeaɖewoɣi be wòana abia nabɔbɔ (tsɔe sɔ kple Yes 1:6), eye wozãa wain hã wònyea abiwutike kple dɔlékuiwutike si nu mesẽ o. Luka gaƒo nu tso ale si woblaa abia be wòaganyra ɖe edzi o la ŋu.
amedzrodzeƒe: Helagbe me nyaa gɔmeɖeɖe tẽe fia “teƒe si woxɔa ame sia ame ɖo.” Mɔzɔlawo kple woƒe lãwo ate ŋu akpɔ teƒe adze le teƒe mawo. Amedzrodzeƒea dzi kpɔla kpɔa mɔzɔlawo ƒe nuhiahiã vevi aɖewo gbɔ, eye wòkpɔa ame siwo wogblẽ ɖe egbɔ la dzi xɔa ga.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 10:18
Mekpɔ Satana wòge xoxo abe dzikedzo ene tso dziƒo: Edze ƒãa be nya si gblɔm Yesu nɔ la nye nyagblɔɖi abe ɖe wonya Satana tso dziƒo xoxo ene. Nyɖ 12:7-9 ƒo nu tso aʋa si wowɔ le dziƒo ŋu eye wògblɔ be esi wodzi Mesia Fiaɖuƒea ko la, Satana ge tso dziƒo. Le afi sia la, Yesu le nu ƒom tso ale si woaɖu Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi le aʋa si woava wɔ le etsɔme la ŋu abe ɖe wòdzɔ xoxo ene, elabena Mawu na ŋusẽ nusrɔ̃la 70 mawo siwo nye amegbetɔ dzrowo la wonya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe.—Lk 10:17.
nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Lk 11:5-9
Xɔ̃nye, do abolo etɔ̃ nam: Le Tititina Ɣedzeƒetɔwo ƒe dekɔnuwo nu la, amewo lɔ̃a amedzrowɔwɔ eye wobunɛ be ele vevie ŋutɔ abe ale si wòdze le kpɔɖeŋu sia me ene. Togbɔ be amedzroa va ɖo le zãtiƒe, si na míekpɔ ale si mɔzɔzɔ ate ŋu asesẽe ɣemaɣi hã la, ame si gbɔ wòva dze la kpɔe be ehiã godoo be yeadi nane nɛ wòaɖu. Ekpɔe be ehiã be yeaɖe fu na yeƒe aƒelika le gaƒoƒo ma dzi ado nuɖuɖu aɖe le egbɔ.
Dzudzɔ fuɖeɖe nam: Aƒelika si ŋu woƒo nu tsoe le kpɔɖeŋu sia me la medi be yeakpe ɖe eŋu o, menye esi melɔ̃e o ta o, ke boŋ esi wòmlɔ anyi xoxo tae. Aƒe siwo nɔ anyi ɣemaɣi, vevietɔ esi nye ame dahewo ƒe aƒewo la, nyea xɔdɔme gã ɖeka ko. Ne ŋutsua fɔ la, ke efia be ƒomea me tɔ siwo dome ɖeviwo hã le la, anyɔ.
ebiam atraɖii: Ne woaɖe Helagbe me nya si wozã le afi sia gɔme tẽe la, ke efia “ame si mebɔbɔ eɖokui o” alo “ŋumakpemakpe.” Ke hã, le afi sia la, efia nu biabia atraɖii alo tamanamana. Ŋutsu si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le kpɔɖeŋua me la, mekpe ŋu alo he ɖe megbe kura o, ebia nu si hiãe la tamanamae, eye Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be ele be woanɔ gbe dom ɖa tamanamae.—Lk 11:9, 10.
JULY 23-29
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LUKA 12-13
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 12:6
atsutsrɔe: Helagbe me nya strou·thiʹon fia nu sue si nyea xe sue ɖe sia ɖe, gake zi geɖe la, efia atsutsrɔe siwo nye xe siwo ƒe home le sue wu xe bubu siwo woƒlena ɖuna.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 12:7
woxlẽ miaƒe taɖawo katã gɔ̃ hã: Le mama dedie nu la, ɖa si le amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe ta dzi la wu 100,000. Esi Yehowa nya nyatakaka suesuesue abe esiawo ene ta la, esia na míeka ɖe edzi be etsɔ ɖe le eme na Kristo yomedzela ɖe sia ɖe.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 13:24
Miʋli sesĩe: Alo “Miyi edzi mianɔ ʋiʋlim.” Yesu ƒe nuxlɔ̃amea te gbe ɖe ale si wòle vevie be ame naʋli tso luʋɔ blibo me be wòato agbo xaxɛ la nu dzi. Numekugbalẽ vovovowo gblɔ le kpukpui sia me be “Wɔ wò ŋutete katã; Dze agbagba ɖe sia ɖe.” Helagbe me dɔwɔnya a·go·niʹzo·mai do ƒome kple Helagbe me ŋkɔnya a·gonʹ, si wozãna zi geɖe wòkuna ɖe kamedede ƒe hoʋiʋliwo ŋu. Wozã ŋkɔnya sia le kpɔɖeŋumɔ nu le Heb 12:1, wòku ɖe Kristotɔwo ƒe “duɖimekeke” si ana woakpɔ agbe la ŋu. Wogazãe gbadzaa wòfia “ʋiʋli” (Flp 1:30; Kol 2:1; 1Ti 6:12; 2Ti 4:7). Woɖe Helagbe me dɔwɔnya si dze le Lk 13:24 la gɔme le teƒe vovovowo be “le gome kpɔm le hoʋiʋli me” (1Ko 9:25), ‘ame naʋli’ (Kol 1:29; 1Ti 4:10; 1Ti 6:12). Esi wònye be susu si le megbe na nya sia kuna ɖe hoʋiʋli le kamedede me ŋu ta la, ame aɖewo gblɔna be woate ŋu atsɔ agbagba si Yesu le dzi dem ƒo be woadze la asɔ kple hoʋlila si le ʋiʋlim sesĩe kple eƒe ŋusẽ katã be yeƒe asi nasu fetua dzi.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 13:33
womeɖe mɔ be: Alo “medze be (menyo be).” Togbɔ be Biblia me nyagblɔɖi aɖeke megblɔ kaŋ be Mesia la aku le Yerusalem o hã la, anye be susu ma be ɖe Da 9:24-26 me nyawo me. Azɔ hã, woanɔ mɔ kpɔm be ne Yudatɔwo awu nyagblɔɖila aɖe, vevietɔ Mesia la, ke anye le du ma me. Sanhedrin la, si me ame 71 le, si nye ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ la kpena le Yerusalem, eya ta woate ŋu adrɔ̃ ʋɔ̃nu ame siwo nu wotso be wonye aʋatsonyagblɔɖilawo la le afi ma. Anɔ eme hã be ele susu me na Yesu be Yerusalem ye wosaa vɔwo le na Mawu eye wònye teƒe si wowua Ŋutitotolẽvi la le. Ale si nuwo va yii na Yesu ƒe nyawo va eme. Wokplɔe yi Sanhedrin si le Yerusalem eye wobu fɔe le afi ma. Eye Yerusalem ye wowui le, le glia godo wònye “Ŋutitotolẽvi.”—1Ko 5:7.
JULY 30–AUGUST 5
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LUKA 14-16
nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Lk 15:11-16
Viŋutsu eve le ŋutsu aɖe si: Lododo si ku ɖe vi nudomegblẽla (si wogayɔna be “vi bubu la”) ŋu ƒe akpa aɖewo ɖe dzesi. Enye Yesu ƒe lododo siwo didi la dometɔ ɖeka. Nu siwo le etɔxɛ le eŋu ƒe ɖekae nye ƒomekadodoa. Le lododo bubuwo me la, Yesu ƒoa nu tso nu siwo me agbe mele o, abe nukuwo alo anyigba ƒe nɔnɔme vovovowo, alo ƒomedodo si le aƒetɔ kple eƒe subɔvi dome ene ŋu zi geɖe. (Mt 13:18-30; 25:14-30; Lk 19:12-27) Gake le lododo sia me la, Yesu he susu yi ƒomedodo kplikplikpli si le vifofo aɖe kple via dome la dzi. Fofo si lɔ̃a ame mele ame geɖe siwo sea lododo sia la si o. Lododo sia na míekpɔ ale si mía Fofo si le dziƒo la ƒe dɔme trɔna ɖe mía ŋu vevie eye wòlɔ̃ mí ame siwo nye viawo le anyigba dzi, siwo yia edzi nɔa eŋu kple ame siwo tra mɔ gake gatrɔna vaa egbɔ lae.
ɖevitɔa: Le Mose ƒe Sea me la, ŋgɔgbevi xɔa domenyinu teƒe eve. (5Mo 21:17) Eya ta ne viŋutsu tsitsitɔ si le lododoa me ye nye ŋgɔgbevia la, ke efia be ŋutsuvi ɖevitɔ ƒe domenyinua nye foa tɔ ƒe afã.
wògblẽ: Helagbe me nya si wozã le afi sia gɔmeɖeɖe tẽe fia “be woakaka nu (ɖe go sia go me).” (Lk 1:51; Dw 5:37) Woɖe egɔme le Mt 25:24, 26, be ‘woagbɔ nuku.’ Le afi sia la wozãe wòfia ale si woagblẽ nu dome, alo azã nu yakayaka.
agbe baɖa nɔnɔ: Alo “woagblẽ nu dome (agbe dzeakaɖa).” Wozã Helagbe me nya si gɔme ɖeɖe sɔ kplii la le Ef 5:18; Tit 1:6; 1Pe 4:4. Esi Helagbe me nyaa agate ŋu afia ame si zãa nu gbodogbodo, alo gblẽa nu dome ta la, Biblia aɖewo ɖe nya sia gɔme be “nudome gbegblẽ ƒe agbenɔnɔ.”
be wòanyi hawo: Le Sea me la, lã siawo ŋu mekɔ o, eya ta dɔ sia nye dɔ ɖigbɔame, si ŋu womeƒoa nu nyui le be Yudatɔ nawɔ o.—3Mo 11:7, 8.
hawo ƒe nuɖuɖu: Ale si ɖekakpuia lɔ̃ be yeaɖu hawo ƒe nuɖuɖu na míekpɔ ale si gbegbe wòɖo xaxa mee.
nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Lk 15:17-24
ɖe . . . ŋutiwò: Alo “le ŋkuwòme.” Eƒe Helagbe me nya e·noʹpi·on, gɔmeɖeɖe tẽe fia “ŋgɔ; le ŋkume.” Wozã nya sia le mɔ ma tɔgbi nu le 1Sa 20:1 le Septuagint Biblia la me. Le kpukpui ma me la, David bia Yonatan be “nu vɔ̃ kae mewɔ ɖe fofowò ŋu?”
apadɔwɔlawo: Esi viaŋutsu ɖevitɔ trɔ gbɔ la, eɖoe be yeagblɔ na ye fofo be wòaxɔ ye abe apadɔwɔla ene, ke menye abe via ene o. To vovo na subɔviwo la, womebua apadɔwɔlawo ya be wonye aƒea me tɔwo o, ke boŋ zi geɖe la, wohayaa wo be woawɔ dɔ le aƒea me hena ŋkeke ɖeka ko.—Mt 20:1, 2, 8.
hegbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe: Wosea Helagbe me nya si gɔme woɖe be “hegbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe” gɔme be enye Helagbe me dɔwɔnya phi·leʹo, si gɔme woɖena ɣeaɖewoɣi be “gbugbɔ nu” si nu sẽ (Mt 26:48; Mr 14:44; Lk 22:47) gake zi geɖea efiaa “numalɔ̃malɔ̃ le ame gbɔ” (Yh 5:20; 11:3; 16:27). Esi vifofo si le lododo sia me va kpe via vividoɖeameŋutɔe alea ta la, eɖee fia be yedi be yeagaxɔ ye vi si trɔ dzi me la.
nàyɔm be viwò o: Asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖewo tsɔ nya siawo kpee be: “Wɔm abe wò apadɔwɔlawo dometɔ ɖeka ene,” gake ale si wòdze le egbegbe Bibliawo me wɔ ɖeka kple asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ siwo ŋu kakaɖedzi le. Agbalẽnyala aɖewo gblɔna be wotsɔ nya mawo kpee be kpukpui sia nasɔ kple Lk 15:19 me nyawo.
awu ʋlaya . . . asigɛ . . . afɔkpa: Menye awu tsɛ aɖe koe awu ʋlaya sia nye o, ke boŋ nyuitɔ kekeake—ɖewohĩ enye awu xɔasi si me wolɔ̃ nu ɖo nyuie si wotsɔna na amedzro si ŋu bubu le. Esi vifofoa na wodo asigɛ na via si trɔ gbɔ la, efia ale si wòlɔ̃e, ve enu, de bubu eŋu eye ɖoƒe va le esii. Zi geɖea subɔviwo medoa asigɛ kple afɔkpa o. Eya ta vifofoa le eɖem fia be yetrɔ xɔ yevia be wòanye ƒomea me tɔ bliboe.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 14:26
melé fu: Le Biblia me la, gɔmesese vovovowo le nya ‘lé fu’ ŋu. Ate ŋu afia fulelé le esi wogblẽ ame ŋu ta, si ate ŋu ana woasẽ ŋuta le amewo ŋu. Alo ate ŋu afia ame aɖe alo nane tsitsri vevie alo fulelé, si ate ŋu ana ame naƒo asa na amea alo nua. Agate ŋu afia be woalɔ̃ ame alo nane ʋɛ ko. Le kpɔɖeŋu me, esi wogblɔ be Yakob ‘melɔ̃’ Lea o eye wòlɔ̃ Rahel la, efia be elɔ̃ Rahel wu Lea (1Mo 29:31; 5Mo 21:15), eye susu sia ke dze le Yudatɔwo ƒe agbalẽwo me le blema. Eya ta, menye Yesu ɖe wònɔ gbɔgblɔm na eyomedzelawo be woalé fu alo anyɔ ŋu woƒe ƒometɔwo alo wo ɖokuiwo o, elabena esia atsi tsitre ɖe Ŋɔŋlɔ bliboa ƒe akpa bubuwo ŋu. (Tsɔe sɔ kple Mr 12:29-31; Ef 5:28, 29, 33.) Le go sia me la, woagate ŋu aɖe nya ‘lé fu’ gɔme be “woalɔ̃ ame ʋɛ wu.”