INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwbr18 December axa 1-2
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo (2018)
  • Tanya Suewo
  • DECEMBER 3-9
  • DECEMBER 24-30
Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo (2018)
mwbr18 December axa 1-2

Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

DECEMBER 3-9

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | DƆWƆWƆWO 9-11

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Dw 10:6

lãgbalẽŋudɔwɔla . . . Simon: Lãgbalẽŋudɔwɔla zãa lãwo ƒe agbalẽ tsɔ wɔa eƒe dɔwo eye wòtsɔa akalotsi ɖea fu alo lã kakɛ kple ami siwo tsi lãgbalẽa ŋu la ɖa. Emegbe edenɛ atike sesẽ aɖe me kple susu be woate ŋu azãe atsɔ awɔ lãgbalẽnuwo. Wozãa tsi geɖe ŋutɔ ne wole lãgbalẽ ŋu dɔwo wɔm elabena eʋẽna, eye esia na míekpɔ susu si ta ɖewohĩ Simon ƒe aƒe nɔ ƒuta si anye Yopa dua ƒe gbɔto ɖo. Le Mose ƒe Sea me la, ame siwo wɔa lã kukuwo ŋu dɔ la ŋu mekɔ o. (3Mo 5:2; 11:39) Eya ta Yudatɔ geɖe mebua lãgbalẽŋudɔwɔlawo ɖe ɖeke me o, eye womedina be yewoadze wo gbɔ hã o. Le nyateƒe me la, Talmud la va gblɔ emegbe be wobua mĩ tsɔlawo wu lãgbalẽŋudɔwɔlawo. Gake Petro dze Simon gbɔ, mebu nazã ɖe eŋu o. Ale si Petro wɔ nu ɖe eŋu le nɔnɔme sia me dzrae ɖo ɖe dɔ si wòava wɔ emegbe si nye be wòayi trɔ̃subɔla aɖe ƒe aƒe me la ŋu. Agbalẽnyala aɖewo gblɔna be Helagbe me nya “lãgbalẽŋudɔwɔla” (byr·seusʹ) ye nye Simon ƒe ƒomeŋkɔ.

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | DƆWƆWƆWO 12-14

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Dw 13:9

Saul si wogayɔna be Paulo: Tsã la, woyɔnɛ be Saul, gake tso esia dzi la wova yɔnɛ be Paulo. Hebritɔe apostolo Paulo nye, gake Roma dumevinyenye le esi. (Dw 22:27, 28; Flp 3:5) Anɔ eme be le eƒe ɖevime la, woyɔa Hebri ŋkɔ Saul kple Roma ŋkɔ Paulo siaa nɛ. Ebɔ ɣemaɣi be Yudatɔwo, vevietɔ ame siwo mele Israel-nyigba dzi o la natsɔ ŋkɔ eve. (Dw 12:12; 13:1) Paulo ƒe ƒometɔ aɖewo hã tsɔ Roma alo Hela ŋkɔwo. (Ro 16:7, 21) Esi Paulo nye “apostolo na dukɔwo” ta la, wode dɔ asi nɛ be wòagblɔ nya nyuia na ame siwo menye Yudatɔwo o. (Ro 11:13) Anye be eɖoe be yeazã yeƒe Roma ŋkɔa elabe ɖewohĩ ebui be ema ana ame siwo menye Yudatɔwo o naxɔ ye. (Dw 9:15; Ga 2:7, 8) Ame aɖewo gblɔ be etsɔ Roma ŋkɔa be yeatsɔ ade bubu Sergio Paulo ŋu, gake manye nenemae o elabe metrɔ ŋkɔ Paulo esi wòdzo le Kipro megbe o. Ame bubuwo hã gblɔ be Paulo gbe be yemazã yeƒe Hebri ŋkɔ Saul o elabe ale si woyɔnɛ la ɖi Helagbemenya si woyɔna na ame (alo lã) si nɔa gbi nyem ne ele zɔzɔm.

Paulo: Wozãa ŋkɔ Pauʹlos, si tso Latingbe Paulus me si gɔmee nye “Nyaŋui; Sue,” la le Eʋegbe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me zi 161 ne wole nu ƒom tso apostolo Paulo ŋu, eye wozãe zi ɖeka esi wole nu ƒom tso nuto gã dziɖula Sergio Paulo ŋu.—Dw 13:7.

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | DƆWƆWƆWO 15-16

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Dw 16:37

mí ame siwo nye Romatɔwo: Efia, Roma vinyenye. Paulo kple ɖewohĩ Sila siaa nye Roma viwo. Romatɔwo ƒe se aɖe gblɔ be, ele be woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dumeviwo ɣesiaɣi eye mele be woahe to na wo le dutoƒo ne wometso afia na wo o. Ne ame nye Romatɔ la, ke gomenɔamesi kple mɔnukpɔkpɔ aɖewo le esi le afi sia afi si wòyi le Roma Fiaɖuƒea me. Romatɔwo ƒe see kplɔa Roma vidzidziwo ke menye nuto si me wole ƒe sewo o. Ne wotso Roma vi aɖe nu la, ate ŋu alɔ̃ be woazã se siwo le nutoa me la atsɔ adrɔ̃ nya na ye; gake gome gale esi be ne elɔ̃ la wòana Roma ʋɔnudrɔ̃ƒe gãa nadrɔ̃ nyaa. Ne nyaa nye ŋkubiãnya la, mɔɖeɖe li be wòabia be fiagãa nagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na ye. Apostolo Paulo ɖe gbeƒã yi teƒe geɖewo le Roma Fiaɖuƒe bliboa me. Ezã eƒe Roma dumevinyenye zi etɔ̃ sɔŋ. Ezãe zi gbãtɔ le Filipi esi wògblɔ na Filitɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo be woda le Romatɔwo ƒe sea dzi esi woƒo ye. Eve susɔeawo dze le Dw 22:25; 25:11.

DECEMBER 24-30

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | DƆWƆWƆWO 17-18

nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Dw 17:2, 3

wòdzro: Menye nya nyuia koe Paulo gblɔ na wo o. Eɖe nu me na wo eye wòɖoa kpe edzi na wo tso Ŋɔŋlɔawo, si nye Hebri Ŋɔŋlɔ siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la me. Menye ɖeko wòxlẽa Ŋɔŋlɔawo o; edzro eme kpli wo eye wòna eƒe numedzodzroawo sɔ ɖe eƒe nyaselawo ƒe nɔnɔmewo nu. Woɖe Helagbe me dɔwɔnya di·a·leʹgo·mai gɔme be “ame kple ame naƒo nu tso nya aɖe ŋu; aɖo dze; adzro nane me.” Efia dzeɖoɖo kple ame. Wogazã Helagbe me nya sia le Dw 17:17; 18:4, 19; 19:8, 9; 20:7, 9.

heyɔa nya tso ŋɔŋlɔawo me tsɔ ɖoa kpe edzi: Helagbe me nyaa gɔmeɖeɖe tẽe fia be “woatsɔ nu aɖo nu ŋu (atsɔ nu aɖo nu xa).” Esia anya fia be Paulo tsɔ nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia ŋu le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la sɔ kple nu siwo dzɔ le Yesu ƒe agbenɔɣi tsɔ fia ale si Yesu na nyagblɔɖi mawo va emee.

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Dw 17:17

asi me: Míate ŋu akpɔ Atene ƒe asia (Hela, a·go·raʹ) le Acropolis, ƒe dzieheɣetoɖoƒekpa dzi eye ate ŋu akeke abe bɔlƒoƒe ɖekaɖeka asieke ƒe kekeme sɔŋ ene. Menye afi si wodzraa nu le alo ƒlea nu le koe asi si ŋu wole nu ƒom tsoe la nye o. Afi mae dua ƒe ganyawo, dunyahenyawo kple dekɔnuwo yia edzi le. Atenetɔwo lɔ̃a afi sia vava be yewoaɖo dze tso nya veviwo ŋu.

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Dw 17:22, 23

Mawu Si Womenya O La Tɔe: Helagbe me nya siwo nye A·gnoʹstoi the·oiʹ hã dze le vɔsamlekpui aɖe si le Atene la ŋu. Atenetɔwo tu trɔ̃xɔ gbogbo aɖewo eye woɖi vɔsamlekpuiwo hã tsɔ ɖe ale si wovɔ̃a woƒe mawuwoe la fia, woɖi vɔsamlekpuiwo na mawuwo abe Ŋkɔxɔxɔ, Ðokuibɔbɔ, Ŋusẽ, Amenubeble kple Nublanuikpɔkpɔ ene be yewoatsɔ adze wo ŋu. Ðewohĩ esi wonɔ vɔvɔ̃m be yewoƒe ŋku ate ŋu ato mawuawo dometɔ aɖe dzi si ana wòado dziku ɖe yewo ŋu tae, woɖi vɔsamlekpui aɖe koŋ si ŋu woŋlɔ ɖo be “Mawu Si Womenya O La Tɔe.” Esi Atenetɔwo ɖi vɔsamlekpui sia ta la, wolɔ̃ ɖe edzi be Mawu aɖe li si ŋu yewomenya naneke tso o. Paulo wɔ nu aɖaŋutɔe eye wòzã vɔsamlekpui sia tsɔ he ame siwo nɔ to ɖomee la ƒe susu yi Mawu vavã si ŋu womenya naneke tsoe o va se ɖe ɣemaɣi la dzi.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Dw 18:21

Ne Yehowa lɔ̃ la: Esia nye nyagbɔgblɔ aɖe si te gbe ɖe ale si wòle be míabu nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu ne míele dɔ aɖe wɔm alo le ɖoɖo wɔm ɖe nu siwo míawɔ la ŋu. Apostolo Paulo ɖoa ŋku mɔfiame sia dzi ɣesiaɣi. (1Ko 4:19; 16:7; Heb 6:3) Nusrɔ̃la Yakobo hã de dzi ƒo na mí be míagblɔ be: “Ne Yehowa lɔ̃ la, míanɔ agbe awɔ esi alo ekemɛ.” (Yak 4:15) Menye ɖeko míagblɔ nya siawo ko o; ele be ame sia ame si gblɔna tso dzi me be “ne Yehowa lɔ̃ la” nawɔ nu wòasɔ kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Mehiã be míakɔ gbe dzi agblɔ nya sia ɣesiaɣi kokoko o, míate ŋu agblɔe le dzi me.—Kpɔ Megbenyawo A5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe