Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
NOVEMBER 5-11
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YOHANES 20-21
nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Yh 21:15, 17
Yesu bia Simon Petro be: Esi Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃ megbee Yesu kple Petro ɖo dze sia. Yesu bia nya Petro zi etɔ̃ sɔŋ tu ɖe enu be yeanya ne elɔ̃ ye nyateƒe, eye esia ‘te ɖe Petro dzi.’ (Yh 21:17) Yohanes ƒe nuŋlɔɖi si le Yh 21:15-17 la zã Helagbe me dɔwɔnya vovovo eve: a·ga·paʹo, si gɔme woɖena be lɔlɔ̃ kple phi·leʹo, si gɔme woɖena be numalɔmalɔ̃leamegbɔ. Yesu bia Petro zi eve be: ‘èlɔ̃am-a?’ Petro ɖo eŋu zi evea katã tso dzi me be ‘yemelɔ̃a’ nu le Yesu gbɔ o. Mlɔeba Yesu gabiae be: “Mèlɔ̃a nu le gbɔnye oa?” Petro ka ɖe edzi nɛ be yemelɔ̃a nu le egbɔ o. Le biabiawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, ne Petro ɖo eŋu be yelɔ̃e la, Yesu tea gbe ɖe edzi na Petro be ele be lɔlɔ̃ sia naʋãe be wòanyi yeƒe alẽawo, si woyɔ le afi sia be alẽviwo, alo “alẽ sueawo” eye ‘wòakplɔ’ wo le gbɔgbɔ me. (Yh 21:16, 17; 1Pe 5:1-3) Yesu ɖe mɔ na Petro be wòaɖo kpe eƒe lɔlɔ̃ na ye dzi zi etɔ̃ sɔŋ, eye emegbe wòde dɔ asi nɛ be wòalé be na alẽawo. Yesu to esia dzi ɖo kpe edzi na Petro bliboe be yetsɔ ale si wògbe nu le ye gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ la kee.
èlɔ̃am wu esiawoa?: Le gbeŋutise nu la, woate ŋu ase nyagbɔgblɔ si nye “wu esiawoa?” gɔme le mɔ vovovowo nu. Agbalẽnyala aɖewo da asi ɖe gɔmeɖeɖewo abe “èlɔ̃am wu nusrɔ̃la bubu siawoa?” alo “èlɔ̃am wu ale si nusrɔ̃la siawo lɔ̃m-a?” ene dzi. Ke hã, gɔmesesea ŋutɔŋutɔe anye “èlɔ̃am wu nu siawoa?” si fia, tɔmelã siwo woɖe alo nu siwo do ƒome kple lãɖeɖedɔa. Eya ta susu si koŋ le megbe na kpukpui siae nye: ‘Èlɔ̃am wu ŋutilãmenuwo alo ŋutilãmetaɖodzinuwoa? Ne nenemae la, ekema nyi nye alẽawo.’ Nya sia si Yesu bia Petro la sɔ elabe tɔƒodelae wònye tsã. Togbɔ be Petro nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka hã la, (Yh 1:35-42) medze Yesu yome bliboe enumake o. Ke boŋ egatrɔ ɖe eƒe lãɖeɖedɔa ŋu. Le ɣleti aɖewo megbe la, Yesu mia asi Petro be wòaɖe asi le dɔ ma si le vevie nɛ la ŋu ava zu ‘amewo ɖela.’ (Mt 4:18-20; Lk 5:1-11) Le Yesu ƒe ku megbe kpuie la, Petro gblɔ na etɔwo be yeyina tɔƒo, eye apostolo bubuwo dze eyome. (Yh 21:2, 3) Eya ta edze ƒãa le afi sia be Yesu anya nɔ gbe tem ɖe ale si wòhiã be Petro natɔ afɔ to atia nu si wòatsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ la dzi nɛ: Ðe wòatsɔ eƒe lãɖeɖedɔa, si tɔmelã siwo woɖe li kɔ ɖi le tsitre ɖi na aɖo nɔƒe gbãtɔ, alo ɖe wòatsɔ gbɔgbɔmenuwo, si nye be wòanyi Yesu ƒe alẽawo alo eyomedzelawo aɖo nɔƒe gbãtɔa?—Yh 21:4-8.
zi etɔ̃lia: Petro gbe nu le eƒe Aƒetɔ gbɔ zi etɔ̃; azɔ Yesu na mɔnukpɔkpɔ Petro be wòaɖo kpe ale si wòlɔ̃ ye la dzi zi etɔ̃. Esi Petro ɖo kpe edzi la, Yesu gblɔ nɛ be wòaɖe lɔlɔ̃ sia kple ale si melɔ̃a nu le ye gbɔ o la afia to ale si wòana subɔsubɔ kɔkɔea nanɔ vevie nɛ wu nu sia nu la dzi. Petro kple nɔviŋutsu bubu siwo le wode dɔ asi na la, anyi Kristo ƒe alẽ siwo nye eyomedzela wɔnuteƒewo, ado ŋusẽ wo, eye woakplɔ wo. Amesiaminawoe ame siawo nye gake ehiã be woanyi wo le gbɔgbɔ me.—Lk 22:32.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 20:17
Dzudzɔ kuku ɖe ŋunye: Helagbe me dɔwɔnya haʹpto·mai ate ŋu afia “ka asi nu ŋu” alo “aku ɖe nu ŋu; atsi ɖe nane ŋu.” Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo ɖe Yesu ƒe nyawo gɔme ale: “Mègaka asi ŋunye o.” Ke hã, menye ɖee Yesu nɔ gbegbem be Maria Magdalatɔ la nagaka asi ye ŋu o, elabe esi wofɔe ɖe tsitre, eye nyɔnuwo ‘lé eƒe afɔwo’ la megbee na wo o. (Mt 28:9) Anye be Maria Magdalatɔ la tsi dzi be Yesu adzo ayi dziƒo. Esi wòdi vevie be yeanɔ Aƒetɔ la ŋu ta la, eku ɖe Yesu ŋu goŋgoŋ, eye medi be yeaɖe asi le eŋu o. Be Yesu naka ɖe edzi na Maria be yemele dzodzom o la, egblɔ nɛ be wòadzudzɔ kuku ɖe ye ŋu, ne wòayi yeƒe nusrɔ̃lawo gbɔ agblɔ nya nyui si nye be wofɔ ye ɖe tsitre la na wo.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 20:28
Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!: Egɔmeɖeɖe tẽe, “Aƒetɔnye la kple Mawu [ho the·osʹ] nye la!” Agbalẽnyala aɖewo bua nya sia be enye nya si ɖe ale si nane wɔ nuku na ame la fia, eye Yesue wogblɔ nya siawo na, gake le nyateƒe me la, woyi na Mawu, si nye Fofoa. Ame bubu hã gblɔna be Helagbe me nyaa ŋutɔŋutɔ fia be Yesue nya mawo yi na tẽe. Ne nyateƒee nya sia nye hã la, gɔmesese si tututu le nya “nye Aƒetɔ kple nye Mawu!” ŋu me akɔ ne míede ŋugble tso Ŋɔŋlɔa ƒe akpa bubu siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la ŋu. Esi nuŋlɔɖia na wòdze ƒãa be do ŋgɔ la Yesu dɔ ame ɖo ɖe nusrɔ̃lawo be woagblɔ na wo be “Meyina Fofonye kple mia Fofo, nye Mawu kple mia Mawu la gbɔ” ta la, susu aɖeke meli si ta Toma naxɔ edzi ase be Yesue nye Mawu ŋusẽkatãtɔ la o. Toma see kpɔ Yesu do gbe ɖa na ‘Fofoa,’ eye wòyɔe be “Mawu vavã ɖeka la.” (Yh 17:1-3) Eya ta anye susu siwo gbɔna tae Toma anya yɔ Yesu be “nye Mawu” ɖo. Woawoe nye: Ebu Yesu abe “mawu aɖe” ke menye Mawu ŋusẽkatãtɔ la o. Alo be anya yɔ Yesu alea abe ale si mawusubɔla siwo ŋu woƒo nu tsoe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la yɔ Yehowa ƒe dɔla siwo va wo gbɔ la ene. Toma anya nya nu tso nudzɔdzɔ siwo me amewo, alo ɣeaɖewoɣi Biblia ŋlɔla ŋutɔ wɔ nu ɖe mawudɔla aɖe ŋu abe Yehowa Mawue wònye ene la ŋu. (Tsɔe sɔ kple 1Mo 16:7-11, 13; 18:1-5, 22-33; 32:24-30; Ʋɔn 6:11-15; 13:20-22) Eya ta Toma anya yɔ Yesu be “nye Mawu” le gɔmesesea nu be elɔ̃ ɖe edzi be Yesu nye Mawu vavã la teƒenɔla alo eƒe nyanuɖela.
Ame aɖewo he glãka be esi wozã Helagbe me asitɔnudzinyakui kpe ɖe nya “aƒetɔ” kple “mawu” ŋu ta la, efia be Mawu ŋusẽkatãtɔ lae nya siawo yi na. Ke hã ale si wozã asitɔnudzinyakuia le afi sia mefia naneke le Helagbe me gbeŋutise me o. Go siwo me wozã asitɔnudzinyakuia kpe ɖe ŋkɔnya aɖe ŋu le Helagbe me be woatsɔ ahe ame ƒe susu la gɔmeɖeɖe tẽe le ŋɔŋlɔ aɖewo me ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye Lk 12:32 (egɔmeɖeɖe tẽe, “Alẽha sue la”) kple Kol 3:18–4:1 (egɔmeɖeɖe tẽe, “srɔ̃nyɔnuwo la”; “srɔ̃ŋutsuwo la”; “ɖeviwo la”; “fofowo la”; “kluviwo la”; “aƒetɔwo la”). Nenema kee ne woaɖe 1Pe 3:7 gɔme tẽe la, axlẽ be: “Srɔ̃ŋutsuwo la.” Eya ta asitɔnudzinyakui si wozã le afi sia mehiã hafi míate ŋu anya nu si nɔ susu me na Toma esi wògblɔ nya siawo o.