INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • th nusɔsrɔ̃ 16 axa 19
  • Nyawo Nede Dzi Ƒo Eye Wòatu Ame Ðo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyawo Nede Dzi Ƒo Eye Wòatu Ame Ðo
  • Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nya Tuameɖo Kple Nya Dedziƒonamewo
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Dzonɔameme
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Viɖe Si Le Eŋu Dɔ Wɔwɔ Me Nadze Ƒãa
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
Kpɔ Bubuwo
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
th nusɔsrɔ̃ 16 axa 19

NUSƆSRƆ̃ 16

Nyawo Nede Dzi Ƒo Eye Wòatu Ame Ðo

Mawunyakpukpui

Hiob 16:5

NU SI NÀWƆ: Wò nyawo neku ɖe nu siwo naa mɔkpɔkpɔ ame kple nu siwo dea dzi ƒo na ame la koŋ ŋu, ke menye kuxiwo ŋu o.

ALE SI NÀWƆE:

  • Susu nyui nenɔ asiwò ɖe wò nyaselawo ŋu. Ka ɖe edzi be wò haxɔsetɔwo di be yewoadze Yehowa ŋu. Ne ehiã be nàɖo aɖaŋu na wo gɔ̃ hã la, gbã, kafu wo tso dzi me ɣesiaɣi si wòanya wɔ.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Na lɔlɔ̃ naʋã wò le nya siwo nàgblɔ me, ke menye dziku o. Ko alɔgbɔnu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ne wò nyaselawo nakpɔe be èse nu gɔme na yewo eye yewoate ŋu aka ɖe dziwò.

  • Mègaƒo nu tso nya vɔ̃wo ŋu fũu o. Ne ehiã kokoko be nàƒo nu tso nya vɔ̃wo ŋu la, ke wɔ esia le go siwo me wòahiã le be nàtsɔe afia nu vevi aɖewo wò nyaselawo ko. Ke hã, wò nuƒo alo dɔdeasi bliboa netu ame ɖo.

  • Wɔ Mawu ƒe Nya la ŋu dɔ nyuie. He wò nyaselawo ƒe susu yi nu siwo Yehowa wɔ na amegbetɔwo, nu siwo wɔm wòle na wo kple nu siwo wòava wɔ na wo la dzi. De dzi ƒo na wò nyaselawo eye nàna woanɔ mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava.

LE GBEƑÃÐEÐEDƆA ME

Nenɔ susu me na wò be ame ɖe sia ɖe ate ŋu ava zu wò haxɔsetɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe