Kpɔ Egbɔ Be Yetsɔ Nu Vevitɔwo Ðo Nɔƒe Gbãtɔ!
Woayi kpekpe fiẽ sia, gake dɔ aɖe le dziwò. Kae nàtsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ?
ÈNYE srɔ̃ŋutsu kple vifofo. Esi ɣeyiɣi didi ƒe dɔ sesẽ si wɔm nèle le ŋkekea me le eƒe nuwuwu gogom la, wò susu trɔ ɖe hamea ƒe kpekpe si woawɔ le fiẽ ma ŋu. Ne èdzo le dɔwɔƒea kaba la, àkpɔ ɣeyiɣi ate ŋu ale tsi, aɖɔ li awu, eye nàɖu nu kaba hafi ayi kpekpea. Kasia wò dɔtɔ te ɖe ŋuwò gblɔ na wò be nàgawɔ dɔ aɖe akpee. Edo ŋugbe be yeaxe fe si dze na wò ɖe enu. Èhiã ga la hã.
Alo srɔ̃nyɔnu kple vidadae nènye. Esi nèle fiẽnu ɖam la, èkpɔ awu gbogbo aɖe siwo dzi womeɖo o siwo dometɔ aɖewo miazã etsɔ. Èbia ɖokuiwò be, ‘Ne meyi kpekpea fiẽ sia la, ɣekaɣie makpɔ vovo aɖo nuawo dzi?’ Esi wònye nèdze dɔwɔwɔ gɔme medidi o ta la, èle alesi nàwɔ aƒemedɔ akpe ɖe dɔmedede ŋu si wɔwɔ sesẽ na wò la srɔ̃m.
Alo sukuvie nènye. Sukudɔdasiwo li kɔ ɖe wò kplɔ̃ dzi le wò xɔ me. Wode akpa gãtɔ asi na wò ɣeaɖeɣi va yi, gake mèwɔ wo ɖe game dzi o, eye fifia ɣeyiɣi de be woaxɔ geɖe le ɣeyiɣi ɖeka me. Awɔ na wò be yeabia mɔ le ye dzilawo gbɔ be yeatsi aƒeme awu yeƒe dɔdasiawo nu.
Kae nàɖo nɔƒe gbãtɔ: dɔ bubu si wogana wò le dɔwɔƒe yea, nua dzi ɖoɖo yea, sukudɔdasi yea, alo hamea ƒe kpekpe ye? Nukae wòfia be woatsɔ nu vevitɔwo aɖo nɔƒe gbãtɔ ne míele nu ƒom le gbɔgbɔmenuwo ŋu? Nukae nye Yehowa ƒe nukpɔsusu?
Nukae Nàɖo Nɔƒe Gbãtɔ?
Esime Israel-viwo xɔ Se Ewoawo megbe ʋee ko la, wokpɔ ŋutsu aɖe wònɔ nake fɔm le Sabat dzi. Sea meɖe mɔ le nusia ŋu kura o. (Mose IV, 15:32-34; Mose V, 5:12-15) Nenye wòe ɖe, aleke nàdrɔ̃ nya siae? Ðe nàgblɔ be ne wobu eŋu kpɔ la, menye ɖe amea nɔ dɔa wɔm be yeatsɔ aɖu agbee o ke boŋ eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo dim wònɔ, eyata woatsɔe akeea? Ðe nàsusui be mɔnukpɔkpɔ siwo me woaɖo ŋku Sabat dzi sɔ gbɔ le ƒea me, eye be woate ŋu atsɔ ɖeka ma si dzi amea da le, ɖewohĩ le ɖoɖomawɔmawɔ do ŋgɔ ta, la akee bɔbɔea?
Yehowa bu nya la nya sesẽe. Biblia gblɔ be: “Yehowa gblɔ na Mose bena: Ele be, woawu ŋutsu la.” (Mose IV, 15:35) Nukatae Yehowa tsɔ nusi ŋutsua wɔ nya sesẽe nenema?
Ŋkeke ade nɔ dukɔa si woatsɔ afɔ nake, eye woakpɔ woƒe nuhiahiã siwo nye nuɖuɖu, nudodo kple nɔƒe ƒe nyawo gbɔe. Ele be woazã ŋkeke adrelia na woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo. Togbɔ be nakefɔfɔ menye nu gbegblẽ o hã la, mesɔ be woatsɔ ɣeyiɣi si woɖo ɖi na Yehowa subɔsubɔ la afɔe o. Togbɔ be Kristotɔwo mele Mose ƒe Sea te o hã la, ɖe nudzɔdzɔ sia mefia alesi wòle be míatsɔ nu vevitɔwo aɖo nɔƒe gbãtɔ egbea mí oa?—Filipitɔwo 1:10.
Esi Israel-viwo nɔ gbedzi ƒe 40 megbe la, fifia wole klalo na Ŋugbedodonyigbaa dzi yiyi. Mana si Mawu naa wo le gbeadzi la ɖuɖu ti wo dometɔ aɖewo, eye ɖikeke mele eme o be woanɔ mɔ kpɔm na nu bubuwo ɖuɖu. Be wòakpe ɖe wo ŋu nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ wo si ne woyi anyigba si dzi “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” dzi la, Yehowa ɖo ŋku edzi na wo be: “Amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.”—Mose II, 3:8; Mose V, 8:3.
Ele be Israel-viawo nawɔ dɔ sesẽ hafi “notsi kple anyitsi” la nasu wo si. Aʋakɔwo nɔ anyi siwo dzi wòle be woaɖu, woatso aƒewo, woade agble. Togbɔ be enɔ nenema hã la, Yehowa de se na dukɔa be woaɖo ɣeyiɣi ɖi na ŋugbledede le gbɔgbɔmenuwo ŋu gbesiagbe. Ele hã be woadi ɣeyiɣi afia Mawu ƒe mɔwo wo viwo. Yehowa gblɔ be: “Mifia [nye seawo] mia viwo, eye miƒo nu le wo ŋu, ne miebɔbɔ nɔ miaƒe aƒewo me, alo miele mɔ dzi, ne miemlɔ anyi, alo miefɔ.”—Mose V, 11:19.
Wode se na Israel ŋutsuwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ ɖesiaɖe si nɔ anyigba la dzi be woado ɖe Yehowa ŋku me zi etɔ̃ le ƒe me. Esi ƒome ƒe ta geɖe kpɔe be wɔna mawo aɖe vi na yewoƒe ƒome bliboa katã le gbɔgbɔ me ta la, wowɔ ɖoɖo kplɔa wo srɔ̃wo kple wo viwo yinɛ. Gake amekae akpɔ woƒe aƒewo kple agblewo ta tso futɔwo si me esime ƒomea dzo? Yehowa do ŋugbe be: “Ne èyi Yehowa wò Mawu ƒe ŋku me zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me la, wò anyigba madzro ame aɖeke o.” (Mose II, 34:24) Israel-viwo hiã xɔse be woaka ɖe edzi be ne wotsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ la, ŋutilãmenuwo mabɔ wo o. Ðe Yehowa wɔ eƒe nyaa dzia? Ewɔe vavã!
Midi Fiaɖuƒea Gbãgbiagbã
Yesu fia eyomedzelawo be woatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ na nusianu. Exlɔ̃ nu eƒe nyaselawo le Todzimawunya la me be: “Migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: nuka míaɖu, nuka míano, alo nuka míatsɔ ata mahã o. Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã [ŋutilãmenu siwo hiã] akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:31, 33) Le Yesu ƒe ku megbe teti la, Kristotɔ siwo xɔ nyɔnyrɔ yeyee la wɔ ɖe nuxlɔ̃ame ma dzi. Wo dometɔ geɖe nye Yudatɔwo alo trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo yi Pentekoste-ŋkekenyui ɖu ge le Yerusalem le ƒe 33 M.Ŋ. me. Esi wonɔ afima la, nane si womenɔ mɔ kpɔm na o la dzɔ. Wose Yesu Kristo ƒe ŋutinya eye woxɔ edzi se. Esi wodi vevie be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso xɔse yeye si su wo si ŋu ta la, wotsi Yerusalem. Woƒe nuzazãwo nɔ vɔvɔm, gake wometsi dzi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu o. Woke ɖe Mesia la ŋu! Wo nɔvi Kristotɔwo zã ŋutilãmenu si nɔ wo si la kpli wo ale be woate ŋu ayi edzi ‘avo ɖe apostolowo ƒe nufiafia kple gbedodoɖa ŋu.’—Dɔwɔwɔwo 2:42.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Kristotɔ aɖewo megatsɔ hadede edziedzi kple wo nɔewo le kpekpewo me nu vevii o. (Hebritɔwo 10:23-25) Ðewohĩ wova nɔ ŋutilãmenuwo yome tim, eye wonɔ agbagba dzem be yewoaƒo ŋutilãmenuwo nu ƒu na yewo ɖokui kple yewoƒe ƒometɔwo. Esi apostolo Paulo xlɔ̃ nu nɔviawo be womegagblẽ kpekpeawo ɖi o vɔ megbe la, eŋlɔ bena: “Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena eya ŋutɔ gblɔ be: ‘Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.’ ”—Hebritɔwo 13:5.
Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa va ɖe ɣeyiɣi nyui dzi ŋutɔ. Anye ƒe atɔ̃ megbe esi Paulo ŋlɔ lɛta na Hebritɔwo la, Cestius Gallus kplɔ Roma-ʋakɔ wova ɖe to ɖe Yerusalem. Kristotɔ nuteƒewɔlawo ɖo ŋku nuxlɔ̃ame si Yesu na wo la dzi be: “Gbesigbe miakpɔ [nusia la,] . . . ke amesi le xɔta la, nagaɖi va anyi alo wòayi aɖatsɔ nane atso eƒe xɔ me o; eye amesi le abɔ me la, nagatrɔ ava tsɔ eƒe avɔ ayii o.” (Marko 13:14-16) Wonyae be yewoƒe agbetsitsi menɔ te ɖe yewoƒe dɔwɔɖui ƒe dedienɔnɔ alo asixɔxɔ si le yewoƒe ŋutilã me nunɔamesiwo ŋu la dzi o, ke ɖe alesi woaɖo to nuxlɔ̃ame siwo Yesu na wo la boŋ dzi. Ðikeke mele eme o be enɔ bɔbɔe na amesiwo se Paulo ƒe nuxlɔ̃amea eye wotsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ la be woagblẽ woƒe aƒe, dɔwɔɖui, avɔtata, kpakple nunɔamesi xɔasiwo ɖi be woasi ayi towo dzi wu amesiwo meɖe asi le galɔlɔ̃ ŋu o.
Alesi Ame Aɖewo Tsɔ Nu Vevitɔwo Ðo Nɔƒe Gbãtɔ Egbea
Egbea Kristotɔ nuteƒewɔlawo kpɔ ŋudzedze ɖe ƒuƒoƒo kple wo nɔviwo edziedzi la ŋu, eye ame geɖe tsɔ nu geɖe sa vɔe ale be woate ŋu ade kpekpeawo. Le nuto aɖewo me la, dɔ si li woawɔ koe nye dɔ si dɔwɔlaawo ɖɔa li wo nɔewo wɔna. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ na eƒe dɔwɔhatiwo be yeawɔ woƒe dɔ na wo Memleɖagbe zãwo me, si nye ɣeyiɣi si me woƒe nutoa me tɔ akpa gãtɔ dina be yewoatsɔ aɖe modzakae ne woawo hã alɔ̃ awɔ yeƒe dɔ na ye le fiẽ siwo yeayi kpekpewo. Nɔvi bubuwo dea hame si te ɖe wo ŋu la ƒe kpekpewo ne woƒe dɔ wɔe be womate ŋu ade woa ŋutɔwo tɔ o. Esia na be esesẽna be woada kpekpe aɖe ƒu. Ðetsɔlemetɔ yeye aɖe si le Canada kpɔ Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Subɔsubɔ Kpekpea ƒe vevienyenye dze sii enumake, gake eƒe dɔwɔɖoɖo wɔe be mete ŋu dena tututu o. Eyata exe fe na eƒe dɔwɔhati aɖe be wòawɔ yeƒe dɔ na ye ale be yeate ŋu ade kpekpe vevi siawo.
Esesẽna hafi amesiwo ŋu dɔléle sesẽwo le la dometɔ geɖe nada kpekpe aɖe aƒu. Wotoa telefon kadodo dzi alo nya siwo wolé ɖe kasɛt dzi na wo dzi sea kpekpeawo me nyawo ne womate ŋu ava Fiaɖuƒe Akpata la me o. Ŋudzedze si wokpɔna ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu ƒe ɖoɖo siwo Yehowa wɔna toa eƒe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi dze na kafukafu! (Mateo 24:45) Edzea Kristotɔ siwo le wo dzila tsitsiwo dzi kpɔm ŋu ŋutɔ ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe va be yeanɔ wo dzilawo gbɔ ne woate ŋu ayi hamea ƒe kpekpe aɖe.
Wɔ Ðoɖo Do Ŋgɔ!
Dzila siwo tsia dzi ɖe woa ŋutɔwo ƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo ŋu kpena ɖe wo viwo ŋu be woakpɔ ŋudzedze ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu. Zi geɖe la, wodina tsoa wo viwo si be woawɔ woƒe sukudɔdasiawo enumake ne woxɔe ale be womagblẽ wo ɖi wòali kɔ ɖi o. Fiẽ siwo woayi kpekpewo la, ɖeviawo wɔa woƒe sukudɔdasiawo ne wonya gbɔ tso suku va aƒeme teti ko. Womeɖea mɔ be modzakaɖedɔwo kple dɔ bubuwo nagblẽ hamea ƒe kpekpewo dome na wo o.
Wò srɔ̃ŋutsu kple vifofo, ɖe nètsɔa kpekpeawo dede ɖoa nɔƒe gbãtɔa? Wò srɔ̃nyɔnu kple vidada, ɖe nèdzea agbagba be yeawɔ ɖoɖo ɖe wò agbanɔamedziwo ŋu le mɔ si ana nàte ŋu ade kpekpeawo nua? Wò ƒewuivi, kpekpewoe nètsɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ na wò sukudɔdasiawo alo sukudɔdasiwoe nètsɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ na kpekpewo?
Hamea ƒe kpekpewo nye nunana si ƒe ɖoɖo Yehowa wɔ na mí lɔlɔ̃tɔe. Ele be míadze agbagba ɖesiaɖe be míate ŋu akpɔ gome le ɖoɖoa me. Yehowa ayra wò geɖe ne ètsɔ nu vevitɔwo ɖo nɔƒe gbãtɔ!