Amonitɔwo Dukɔ Si Tsɔ Ŋutasesẽ Ðo Dɔmenyo Teƒe
EGBEGBE dugã si wotsɔ ŋkɔ na be Amman si nye Hashemtɔwo ƒe fiaɖuƒe si le Jordan la ƒe fiadu na woɖoa ŋku dukɔ aɖe si bu le anyigba dzi la dzi. Woyɔ wo be Amonitɔwo. Amekawoe wonye, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe anyidzedze me?
Amonitɔwo nye ame dzɔdzɔe Lot ƒe dzidzimeviwo. (Mose I, 19:35-38) Esi Lot nye Abraham ƒe tɔgãyɔvi ta la, àte ŋu agblɔ be Amonitɔwo kple Israel-viwo nye tɔgãtɔɖiviwo. Ke hã Lot ƒe dzidzimeviwo trɔ ɖe alakpamawuwo subɔsubɔ ŋu. Gake Yehowa Mawu yi edzi tsɔ ɖe le wo me. Esi Israel-dukɔa te ɖe Ŋugbedodonyigba ŋu vɔ la, Mawu xlɔ̃ nu wo be: “Megadze [Amonitɔwo] dzi o, eye megawɔ aʋa kpli wo o, elabena nyematsɔ Amon-viwo ƒe anyigbaa ɖeke na wò wòanye tɔwò o, elabena ɖe metsɔe na Lot-viwo, ne wòanye wo tɔ.”—Mose V, 2:19.
Ðe Amonitɔwo kpɔ ŋudzedze ɖe dɔmenyo sia ŋua? Ao, womede dzesii be Yehowa tsɔ naneke ke yewo o. Wolé fu Mawu ƒe dukɔ Israel ɖikaa tsɔ ɖo Mawu ƒe ɖetsɔtsɔ le wo me dɔmenyotɔe teƒe. Togbɔ be Israel-viwo wɔ ɖe Yehowa ƒe sededea dzi eye womedze wo dzi o hã la, Amonitɔwo kple wo nɔvi Moabitɔwo vɔ̃. Enye nyateƒe be Amonitɔwo meho aʋa ɖe woŋu ya o, gake wokplɔ nyagblɔɖila si ŋkɔe nye Bileam vɛ be wòaƒo fi de Israel-viwo!—Mose IV, 22:1-6; Mose V, 23:3-6.
Nu wɔnuku aɖe dzɔ. Biblia ka nya ta be Bileam mete ŋu ƒo fi de wo o. Yayranyawo sɔŋ ko wògblɔ na wo, be: “Ne ame aɖe yra wò la, woayrae; eye ne ame aɖe ƒo fi de wò la, woaƒo fi adee.” (Mose IV, 24:9) Ðe wòle be amesiwo ŋu nya la ku ɖo, kple Amonitɔwo hã nasrɔ̃ nu vevi aɖe tso esia me hafi: Mawu le klalo be yeawɔ nu ade yeƒe amewo dzi ne woɖo xaxa me!
Gake Amonitɔwo gayi edzi nɔ mɔ siwo dzi woato atsi tre ɖe Israel-viwo ŋu la dim. Le Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ɣeyiɣi me la, Amonitɔwo wɔ ɖeka kple Moabitɔwo kpakple Amalekitɔwo eye woho va Ŋugbedodonyigba la dzi eye woge ɖe eme vaseɖe keke Yerixo ke. Gake woƒe aʋadziɖuɖua menɔ anyi eteƒe didi o, esi Israel ƒe Ʋɔnudrɔ̃la Ehud gbugbɔ nyã amedzidzelawo dzoe. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:12-15, 27-30) Aʋakeɣi si me amewo tsi mavomavo le la nɔ anyi vaseɖe Ʋɔnudrɔ̃la Yefta ŋɔli. Ɣemaɣi la Israel-dukɔa ge ɖe legbasubɔsubɔ me eyata Yehowa megakpɔa wo ta o. Esia fia be abe ƒe 18 sɔŋ ene la, Mawu “[tsɔ] wo dzra na . . . Amon-viwo.” (Ʋɔnudr̃ɔlawo 10:6-9) Wogaɖu Amonitɔwo dzi vevie esi Israel-viwo gbe nu le trɔ̃subɔsubɔ gbɔ hewɔ ɖeka le Yefta ƒe kpɔkplɔ te.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 10:16–11:33.
Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe dziɖuɣi le Israel wu enu esi woɖo Saul woƒe fia gbãtɔe. Saul dze dziɖuɖu gɔme eteƒe medidi hafi Amonitɔwo ƒe ŋutaseseã gaho o. Fia Nahas ho va dze Israel du Yabes-gilead dzi le vome. Esime dua me ŋutsuwo bia be wòawɔ ŋutifafa kpli yewo la, Amonitɔ Nahas bia nusia si gbɔ eme la tso wo si be: “Hafi mabla nu kpli mi la, ele be, maŋɔ ɖusi me ŋku na mia dome amesiame.” Ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus gblɔ be susu ɖeka si ta wòwɔ esia enye na ameɖokuitaʋiʋli, ale be “ne woƒe akpoxɔnuwo tsyɔ woƒe mia me ŋkuwo dzi la, ke ŋutete aɖeke maganɔ wo ŋu le aʋawɔwɔ me o.” Gake tameɖoɖo si le megbe na ŋutasesẽ ƒe nyametsotso siae nye be wòado ŋukpe Israel-vi siawo ne wòanye kpɔɖeŋu.—Samuel I, 11:1, 2.
Amonitɔwo gatsɔ ŋutasesẽ ɖo Yehowa ƒe dɔmenyo teƒe. Yehowa meŋe aɖaba ƒu ŋɔdzidoname vɔ̃ɖi sia dzi o. “Esi Saul se [Nahas ƒe] nya siawo la, Mawu ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye dzi kui vevie ŋutɔ.” Le Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe mɔfiafia te la, Saul ƒo aʋakɔ si me aʋawɔla 330,000 le la nu ƒu eye wosi Amonitɔwo gbidigbidi “ale be wo dome ame eve metsi afi ɖeka o.”—Samuel I, 11:6, 11.
Amonitɔwo ƒe wo ɖokui tɔ ko didi, woƒe nublanuimakpɔmakpɔ, kpakple woƒe ŋukeklẽ la kplɔ wo yi tsɔtsrɔ̃ ɖikaa me mlɔeba. Abe alesi Yehowa ƒe nyagblɔɖila Zefanya gblɔe ɖi ene la, wozu “abe Gomora ene . . . [wozu] gbegbe tegbee; . . . elabena woɖe alɔme, eye woka ɖe Yehowa Zebaot ƒe dukɔ la ŋu.”—Zefanya 2:9, 10.
Ele be egbe xexemedziɖulawo nade dzesi nusi dzɔ ɖe Amonitɔwo dzi. Mawu wɔ dɔmenyo geɖe na dukɔwo hã le esi wòna wole eƒe afɔɖodzinu si nye anyigba la dzi. Gake le esi teƒe be woalé be na anyigba la, dukɔ siwo dia wo ɖokui tɔ la le anyigba gblẽm, eye wotsɔ nuklia ƒe tsɔtsrɔ̃ le ŋɔdzi dom na ɣletinyigba la gɔ̃ hã. Le esi teƒe be dukɔwo nanyo dɔme na Yehowa subɔla siwo le anyigba dzi la, wosẽa ŋuta le wo ŋu zi geɖe hetia wo yome vevie. Nusɔsrɔ̃ si le Amonitɔwo ƒe nya sia mee nye be Yehowa mebua ŋutasesẽ si woatsɔ aɖo eƒe dɔmenyonyo teƒe nu tsɛe o. Eye le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, awɔ nu abe alesi wòwɔe le blemaɣeyiɣiwo me ene.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 2:6-12.
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Romatɔwo ƒe gli gbagbã siwo le Amman, afisi Rabbah, Amonitɔwo ƒe fiadu la nɔ
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Nuto sia mee Amonitɔwo nɔ
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]
Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.