INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 36 axa 88-axa 89
  • Ŋugbe Si Yefta Do

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋugbe Si Yefta Do
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yefta Ƒe Ŋugbedodo
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Ena Fofoa Kple Yehowa Kpɔ Dzidzɔ
    Fia Nu Viwòwo
  • Mawu Lɔ̃e, Eye Exɔlɔ̃wo Hã Lɔ̃e
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nuteƒewɔlawo Ƒe Nu Dzea Mawu Ŋu!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 36 axa 88-axa 89
Yefta dze eƒe awu esime vianyɔnu do go gbɔna ekpe ge

NUSƆSRƆ̃ 36

Ŋugbe Si Yefta Do

Israel-viwo gagblẽ Yehowa ɖi va le alakpamawuwo subɔm. Esi Amonitɔwo va dze Israel-viwo dzi hewɔ aʋa kpli wo la, alakpamawu siawo mekpe ɖe wo ŋu o. Israel-viwo kpe fu ƒe geɖe. Mlɔeba wogblɔ na Yehowa be: ‘Míewɔ nu vɔ̃. Míeɖe kuku, ɖe mí tso míaƒe futɔwo si me.’ Israel-viwo gblẽ woƒe trɔ̃wo dome eye wogasubɔ Yehowa. Yehowa medi be woaganɔ fu kpem o.

Mawu tia ŋutsu sesẽ aɖe si ŋkɔe nye Yefta be wòanɔ ŋgɔ na Israel-viwo woawɔ aʋa kple Amonitɔwo. Yefta gblɔ na Yehowa be: ‘Ne èkpe ɖe mía ŋu míeɖu dzi le aʋa sia me la, mele ŋugbe dom be ne metrɔ gbɔ va aƒe la, matsɔ ame gbãtɔ si ado go tso nye aƒe me ava kpem la ana wò.’ Yehowa se Yefta ƒe gbedodoɖaa eye wòna wòɖu dzi.

Esi Yefta trɔ gbɔ va aƒe la, ame gbãtɔ si do go va kpee ye nye vianyɔnu si nye vi ɖekɛ nɛ la. Enɔ axatsɛ ƒom henɔ ɣe ɖum. Nu kae Yefta awɔ? Eɖo ŋku eƒe ŋugbedodoa dzi eye wògblɔ be: ‘Ao, vinye! Ègbã dzi nam. Medo ŋugbe na Yehowa. Be mawɔ ŋugbedodoa dzi la, ele be maɖo wò ɖe Silo nàva subɔ le avɔgbadɔa me.’ Gake via gblɔ nɛ be: ‘Papa ne èdo ŋugbe na Yehowa la, ke wɔ ɖe edzi. Nu si biam mele koe nye be nàna ɣleti evem ne nye kple xɔ̃nye nyɔnuviwo míayi toawo dzi. Emegbea mayi.’ Yefta vinyɔnu la subɔ le avɔgbadɔa me nuteƒewɔwɔtɔe le eƒe agbe me katã. Ƒe sia ƒe la, xɔlɔ̃awo yia Silo va srãnɛ kpɔ.

Yefta vinyɔnu xɔlɔ̃wo va egbɔ le avɔgbadɔa me

“Ame si lɔ̃a viaŋutsu alo vianyɔnu wum la, eya medzem o.”—Mateo 10:37

Nyabiasewo: Ŋugbe kae Yefta do? Aleke Yefta vinyɔnu la wɔ nu ɖe ŋugbe si fofoa do la ŋu?

Ʋɔnudrɔ̃lawo 10:6–11:11; 11:29-40; 1 Samuel 12:10, 11

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe