INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lffi nusɔsrɔ̃ 3
  • Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzia?
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Ƒe Gɔmedzegbalẽ
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU BUBUWO
  • NU SIWO MÍESRƆ̃
  • KU NU ME TSO NYATIA ŊU
  • Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzia?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Ƒe Gɔmedzegbalẽ
  • Biblia La—Agbalẽ Si Tso Mawu Gbɔ
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Biblia La—Agbalẽ si Tso Mawu Gbɔ
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Aleke Biblia Sɔsrɔ̃ Aɖe Vi Na Wòe?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Ƒe Gɔmedzegbalẽ
lffi nusɔsrɔ̃ 3
Nusɔsrɔ̃ 3 lia. Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxo aɖewo le kplɔ̃ dzi.

NUSƆSRƆ̃ 03

Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzia?

Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ

Ŋugbedodo kple aɖaŋuɖoɖo geɖe le Biblia me. Anɔ eme be èdina be yeanya nu tso nya siwo Biblia gblɔ ŋu, gake ɖewohĩ esesẽna na wò be nàka ɖe emenyawo dzi. Ðe wòle be nàka ɖe ŋugbedodo kple aɖaŋuɖoɖo siwo le agbalẽ ma si woŋlɔ ƒe akpe geɖewoe nye esi va yi la dzia? Ðe Biblia me nyawo gaɖea vi egbea, eye ɖe míate ŋu axɔ nya siwo wògblɔ ku ɖe etsɔme ŋu la dzi asea? Ame miliɔn geɖe kpɔe nenema. Míele dzi dem ƒo na wò be wò ŋutɔ nàku nya sia me kpɔ.

1. Nyakpakpawoe le Biblia me loo alo nyateƒenyawoe?

Le Biblia ŋutɔ ƒe nya nu la, emenyawo nye “nyateƒenya siwo de pɛpɛpɛ.” (Nyagblɔla 12:10) Ŋutinya siwo le eme la ku ɖe nu siwo dzɔ ŋutɔŋutɔ kple ame siwo nɔ anyi kpɔ ŋu. (Xlẽ Luka 1:3; 3:1, 2.) Ŋutinyaŋlɔlawo kple ame siwo kua nu me tso blemaduwo ŋu la ɖo kpe edzi be nu vovovo siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe, abe ɣeyiɣiwo, amewo, teƒewo, kple nudzɔdzɔwo ene, la nye nyateƒe.

2. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe Biblia me nyawo dzi togbɔ be ƒe akpe geɖewoe nye esia woŋlɔe hã?

Nyateƒenya geɖe li Biblia gblɔ xoxoxo, gake ƒe gbogbo aɖewo va yi hafi amewo va nya nu tso wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, eƒo nu tso nyateƒenya siwo ŋu agbalẽnyalawo va ke ɖo egbea la ŋu. Le ɣeyiɣi si me woŋlɔ nya mawo ɖe Biblia me la, ame geɖe siwo nɔ anyi ɣemaɣi la mexɔ wo dzi se o. Ke hã, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ɖo kpe edzi egbea be nya siwo Biblia gblɔ la de pɛpɛpɛ. Ɛ̃, “woate ŋu aɖo ŋu ɖe wo ŋu ɖaa tegbee.”—Psalmo 111:8.

3. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe nya siwo Biblia gblɔ tso etsɔme ŋu la dzi?

Biblia me nya aɖewo nye nyagblɔɖia siwo ku ɖe “nu siwo womewɔ haɖe o” ŋu. (Yesaya 46:10) Biblia gblɔ nudzɔdzɔ geɖe ŋu nya ɖi, eye le ƒe gbogbo aɖewo megbe la, wova eme pɛpɛpɛ. Azɔ hã, egblɔ ale si nuwo le edzi yim le xexea me egbea la ŋu nya ɖi tsitotsito. Le nusɔsrɔ̃ sia me la, míadzro Biblia me nyagblɔɖiawo dometɔ aɖewo me. Ale si wova eme pɛpɛpɛ la wɔ nuku ŋutɔ!

SRƆ̃ NU BUBUWO

Míadzro ale si nu siwo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va nya egbea wɔ ɖeka kple Biblia me nyawo la me, eye míadzro Biblia me nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi ʋɛ aɖewo hã me.

4. Dzɔdzɔmeŋutinunya wɔ ɖeka kple Biblia

Le blema la, amewo xɔe se be nane dzie anyigba la le. Mikpɔ VIDEOA.

VIDEO: Womeku Anyigba Ðe Naneke Ŋuti O (1:13)

Na míakpɔ nya aɖe si woŋlɔ ƒe 3,500 aɖewoe nye esia le Biblia-gbalẽ si nye Hiob me la ɖa. Mixlẽ Hiob 26:7, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu ka tae nya si Biblia gblɔ tso blema ke be ‘womeku anyigba ɖe naneke ŋu’ o la wɔ nuku ŋutɔ?

Ƒe 1800-awo me ko hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va se ale si tsi wɔna dzana ɖe anyigba dzi la gɔme nyuie. Ke hã, kpɔ nya si Biblia gblɔ tso eŋu ƒe akpe geɖe do ŋgɔ la ɖa. Mixlẽ Hiob 36:27, 28, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Aleke nya si Biblia gblɔ tso ale si tsi wɔna dzana ŋu la wɔ dɔ ɖe dziwòe?

  • Ðe mawunyakpukpui siwo nèxlẽ fifia la na nègaka ɖe Biblia dzi geɖe wua?

Biblia ƒo nu tso ale si tsi wɔna dzana ŋu. Nɔnɔmetataa ɖe ale si tsi dzana ɖe anyigba dzi eye ɣea henɛ wòva zua alilikpowo eye wògadzana ake la fia.

5. Biblia gblɔ nudzɔdzɔ ɖedzesiwo ŋu nya ɖi hafi wova dzɔ

Mixlẽ Yesaya 44:27–45:2, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nya ɖedzesi kawoe Biblia gblɔ ɖi tso Babilon ŋu ƒe 200 do ŋgɔ hafi wova dze dua dzi hexɔe?

Mikpɔ VIDEOA.

VIDEO: Biblia Gblɔ Babilon Ƒe Tsɔtsrɔ̃ Ði Do Ŋgɔ (0:58)

Ame siwo ŋlɔa nu tso nu siwo dzɔ va yi ŋu la ɖo kpe edzi be, Persia fia aɖe si ŋkɔe nye Kores kple eƒe aʋakɔa ye va dze Babilon dugã la dzi eye woxɔe le ƒe 539 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.)b me. Wotrɔ mɔ na tɔsisi si kpɔa dugã la ta. Dua ƒe agbowo nɔ ʋuʋu ɖi, eye woge ɖe dua me hexɔe aʋamawɔmawɔe. Nu ma dzɔ ƒe 2,500 kple edzivɔ sɔŋ ye nye esi va yi. Egbea, Babilon dua ƒe glikpowo koe li, eye ame aɖeke mele afi ma o. Azɔ de dzesi nya si Biblia gblɔ ɖi tso eŋu.

Mixlẽ Yesaya 13:19, 20, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Aleke nyagblɔɖi sia va emee?

Ale si Babilon dugãa ƒe glikpowo le le Iraq egbea

Fotoawo kple nɔnɔmetataawo: Woku ɖe nu siwo Biblia gblɔ ɖi be woadzɔ le ‘ŋkeke mamlɛawo’ me la ŋu. 1. Aƒe siwo lé dzo. 2. Asrafo aɖe le tu dam. 3. Dukɔmeviwo le avu wɔm kple polis siwo bla akpa ɖe aglãdzelawo ŋu. 4. Adzoblasu eve aɖewo va dze fiase aɖe dzi. 5. Aʋawɔʋu aɖe gblẽ nu le dugã aɖe me eteƒe mekɔ o. 6. Ame siwo dɔ le wuwum la ɖɔ motsyɔnu hetɔ ɖe fli me be yewoaxɔ nuɖuɖu. 7. Anyigba fe wòdidi kilometa geɖe. 8. Anyigbaʋuʋu na aƒe aɖe gbã keŋkeŋ.

6. Biblia gblɔ nu siwo teƒe kpɔm míele egbea ɖi xoxoxo

Biblia na míenya be míele “ŋkeke mamlɛawo” me. (2 Timoteo 3:1) De dzesi nu siwo Biblia gblɔ ɖi be woadzɔ le míaƒe ŋkekea me.

Mixlẽ Mateo 24:6, 7, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu ɖedzesi kawoe Biblia gblɔ ɖi be woayi edzi le ŋkeke mamlɛawo me?

Mixlẽ 2 Timoteo 3:1-5, eye miadzro biabia siawo me:

  • Aleke Biblia ɖɔ ale si ame geɖewo awɔ nui le ŋkeke mamlɛawo me?

  • Nɔnɔme gbegblẽ siwo Biblia gblɔ be amewo aɖe afia kawo teƒe kpɔm nèle?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Nyakpakpawo kple gliwo koe le Biblia me.”

  • Nu kae nye kpeɖodzi sẽŋu si na nèkpɔe be àte ŋu aka ɖe Biblia dzi?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Nu siwo dzɔ va yi ŋuti nuŋlɔɖiwo, dzɔdzɔmeŋutinunya, kple nyagblɔɖiwo ɖo kpe edzi be àte ŋu aka ɖe Biblia dzi.

Numetoto

  • Nyakpakpawoe le Biblia me loo alo nyateƒenyawoe?

  • Nya siwo me dzɔdzɔmeŋutinunya wɔ ɖeka kple Biblia le la dometɔ aɖewo ɖe?

  • Ðe nèsusu be Biblia gblɔ nu siwo ava dzɔ le etsɔme la ɖia? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Ðe dzɔdzɔmeŋutinunya ɖee fia be Biblia me nya aɖewo mele eteƒe oa?

“Ðe Biblia Me Nyawo Wɔ Ðeka Kple Dzɔdzɔmeŋutinunya?” (Nyati sia le jw.org)

Nu kawoe ɖo kpe edzi be míele “ŋkeke mamlɛawo” me?

“Biblia Me Nyagblɔɖi 6 Siwo Le Eme Vam Fifia” (Gbetakpɔxɔ, May 1, 2011)

Le video sia me la, àkpɔ ale si Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe Hela Fiaɖuƒea ŋu la va emee.

“Nyagblɔɖinya La” Doa Ŋusẽ Ame (5:22)

Xlẽ nu tso ale si Biblia me nyagblɔɖiwo wɔe be ŋutsu aɖe va xɔ Biblia dzi se la ŋu.

“Nye Ya, Mesusu Be Mawu Meli O” (Gbetakpɔxɔ No. 5 2017)

a Nyagblɔɖiwo nye gbedeasi siwo tso Mawu gbɔ ku ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋu.

b Ŋɔŋlɔdzesi siwo nye D.Y. fia “Do Ŋgɔ Na Yesu,” eye esiwo nye K.Ŋ. fia “Kristotɔwo Ŋɔli.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe