INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lmd nusɔsrɔ̃ 2
  • Gblɔ Nya Si Sɔ Ðe Nɔnɔmea Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gblɔ Nya Si Sɔ Ðe Nɔnɔmea Nu
  • Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Filipo Wɔe
  • Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Filipo Gbɔ?
  • Srɔ̃ Filipo
  • Filipo—Enye Nyanyuigblɔla Veviedola
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Do Nya Aɖe Ða Be Nàɖi Vomeɖase
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Ƒo Nu Tso Nu Si Amea Di Ŋu
    Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
  • Gbeƒãɖeɖe “Yesu Ŋu Nya Nyui La”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
Kpɔ Bubuwo
Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
lmd nusɔsrɔ̃ 2

DZEÐOÐO GƆMEDZEDZE

Nyanyuigblɔla Filipo le dze ɖom kple Etiopia ŋutsu aɖe si le agbalẽxatsaxatsa xlẽm le eƒe tasiaɖam me.

Dɔw. 8:​30, 31

NUSƆSRƆ̃ 2

Gblɔ Nya Si Sɔ Ðe Nɔnɔmea Nu

Nya si Biblia gblɔ: “Nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi la vivina loo!”—Lod. 15:23.

Ale Si Filipo Wɔe

Nyanyuigblɔla Filipo le dze ɖom kple Etiopia ŋutsu aɖe si le agbalẽxatsaxatsa xlẽm le eƒe tasiaɖam me.

VIDEO: Filipo Ðe Gbeƒã Na Etiopiatɔwo Ƒe Amegã

1. Kpɔ VIDEOA, alo xlẽ Dɔwɔwɔwo 8:​30, 31. Eyome nàbu biabia siawo ŋu:

  1. Aleke Filipo dze dzeɖoɖoa gɔme?

  2. Nu kae ɖee fia be nya si wògblɔa sɔ ɖe nɔnɔmea nu, eye aleke esia kpe ɖe eŋu wòfia nu yeye aɖe ŋutsua?

Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Filipo Gbɔ?

2. Ne míedzea dzeɖoɖo gɔme kple amewo wòsɔna ɖe nɔnɔmea nua, esia awɔe be woaɖe dzi ɖi eye wòanɔ bɔbɔe na wo be woaɖo to mí.

Srɔ̃ Filipo

3. Lé ŋku ɖe nu ŋu. Ne èlé ŋku ɖe ame aɖe ƒe nuwɔna kple ale si wòɖo moe ŋua, àte ŋu anya ne edi be yeaɖo dze kple wò alo medii o. Ne èkpɔe be amea dia, àte ŋu ado Biblia me nya aɖe ɖe egbɔ kpuie ale, “Ènya be . . . ?” Gake ne amea medi oa, mègazi edzi be wòaƒo nu kokoko o.

4. Gbɔ dzi ɖi. Megawɔ na wò be ele be yeaƒo nu tso Biblia ŋu enumake o. Lala va se ɖe esime nèkpɔ be afi si dzeɖoɖo ɖoa, yeate ŋu agblɔ Biblia me nya aɖe. Ɣeaɖewoɣia, esia abia be nàlala va se ɖe esime wò kple amea miegaɖo dze ɣebubuɣi.

5. Ƒo nu tso nu si le vevie na amea ŋu. Ate ŋu adzɔ be amea nado nya aɖe ɖa evɔ menye nu ma ŋue miele nu ƒom tsoe o. Ne edzɔ alea, mègagblɔ be yeaƒo nu tso nya si yelé ɖe asia ŋu kokoko o, lɔ̃ faa nàgblɔ Biblia me nya aɖe si ku ɖe nya si wòdo ɖaa ŋu, elabe nu mae le vevie nɛ.

KPƆ MAWUNYAKPUKPUI SIAWO HÃ

Nyagb. 3:​1, 7; 1 Kor. 9:22; 2 Kor. 2:17; Kol. 4:6

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe