INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lmd nusɔsrɔ̃ 3
  • Nyo Dɔme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyo Dɔme
  • Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Yesu Wɔe
  • Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ?
  • Srɔ̃ Yesu
  • Ƒo Nu Tso Nu Si Amea Di Ŋu
    Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
  • Na “Dɔmenyo Ƒe Se” Nafia Mɔ Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Nye Dɔmenyola Le Xexe Si Me Ŋutasesẽ Bɔ Ðo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Ele Be Mawu Ƒe Amewo Nalɔ̃ Dɔmenyowɔwɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
lmd nusɔsrɔ̃ 3

DZEÐOÐO GƆMEDZEDZE

Yesu te ɖe ŋkuagbãtɔ aɖe ŋu be yeaʋu ŋku nɛ.

Yoh. 9:​1-7

NUSƆSRƆ̃ 3

Nyo Dɔme

Nya si Biblia gblɔ: ‘Lɔlɔ̃ nyoa dɔme.’—1 Kor. 13:4.

Ale Si Yesu Wɔe

Yesu te ɖe ŋkuagbãtɔ aɖe ŋu be yeaʋu ŋku nɛ.

VIDEO: Yesu Ʋu Ŋku Na Ŋutsu Aɖe

1. Kpɔ VIDEOA, alo xlẽ Yohanes 9:​1-7. Eyome nàbu biabia siawo ŋu:

  1. Nu kae Yesu wɔ na ŋutsua gbã—ɖe wòʋu ŋku nɛa, alo eɖe gbeƒã nɛ?—Kpɔ Yohanes 9:​35-38.

  2. Anye nu ka tae ŋutsua lɔ̃ faa be yease Yesu ƒe nyawo?

Nu Kae Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ?

2. Ne amewo kpɔe be míedi vevie be míakpe ɖe yewo ŋua, esia ate ŋu ana woalɔ̃ faa aɖo to mí.

Srɔ̃ Yesu

3. Dze agbagba nàse veve ɖe amea nu.

  1. Bia ɖokuiwò be: ‘Nu kae le fu ɖem nɛ? Nu kae akpe ɖe eŋu? Nu kae adzɔ dzi nɛ?’ Ne èbia nya siawo ɖokuiwòa, ànya nu si nàwɔ atsɔ akpe ɖe amea ŋu, eye àwɔe tso dzi me.

  2. Ðo toe nyuie nàtsɔ aɖee afia be nya si gblɔm wòlea le vevie na wò. Ne ele nu si wòsusu tso nane ŋu alo nu si le fu ɖem nɛ gblɔma, mègatrɔ mɔ na nya o.

4. De bubu amea ŋu eye nàƒo nu nɛ nyuie. Ale si nàƒo nu na amea ana wòakpɔe be nu si le ye wɔmaa te ɖe dziwò eye nèdi ŋutɔŋutɔ be yeakpe ɖe ye ŋu. Dze agbagba be nya siwo nàgblɔ kple ale si nàgblɔea nagana amea nado dziku o.

5. Kpe ɖe amea ŋu. Kpɔe ɖa be nu kawoe yeate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amea ŋu hã. Ne míewɔ nyui na ame aɖea, ana wòanɔ bɔbɔe nɛ be wòaɖo dze kpli mí.

KPƆ MAWUNYAKPUKPUI SIAWO HÃ

Rom. 12:​15, 16; Gal. 6:10; Heb. 13:16

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe