Mitsɔ Ke Mia Nɔewo Tso Miaƒe Dzi Me
“Nenema ke Fofonye, si le dziƒo la, hã lawɔ mi, ne mia dome amesiame metsɔ ke nɔvia tso eƒe dzi me o.”—MATEO 18:35.
1, 2. (a) Aleke nuvɔ̃wɔla aɖe si wonya nyuie ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yesu ŋu fiae? (b) Nuka dzie Yesu ɖo kpee le nyaa ŋuɖoɖo me?
GBOLOE wòanya nye, menye amesi nàsusu be yeakpɔ le xɔsetɔ aɖe ƒeme o. Ne ewɔ nuku na ame aɖewo be yewokpɔe le afima la, ke nusi wòwɔ la gawɔ nuku wu. Ete ɖe ŋutsu si nɔ agbe nyuitɔ kekeake ŋu eye wòɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe ŋutsua ƒe dɔwɔnawo ŋu hetsɔ eƒe aɖatsi klɔ ŋutsua ƒe afɔwo eye wòtsɔ eƒe taɖa tutui.
2 Yesu, si nye ŋutsu ma mehe eɖokui ɖa tso nyɔnu sia ‘si wonya be enye nuvɔ̃wɔla le dua me’ la ŋu o. Gake Farisitɔ Simon, amesi ƒe aƒemee wonɔ la te gbe ɖe edzi be nuvɔ̃wɔlae nyɔnua nye. Yesu gblɔ ŋutsu eve siwo nyi fe ƒe ŋutinya aɖe tsɔ ɖo eŋu nɛ. Fe si ɖeka nyi la sɔ gbɔ ŋutɔ—ade dɔwɔla ƒe ƒe eve fetu. Ame evelia nyi ema ƒe memama ewolia—si made ɣleti etɔ̃ ƒe fetu o ƒe fe. Esi wo dometɔ aɖeke mate ŋu axe fea o la, fetɔa “[tsɔe] ke wo ame eve la katã.” Edze ƒã be amesi wotsɔ fe gbogbotɔ kee la alɔ̃ fetɔa wu. Esi Yesu tsɔ nya sia sɔ kple dɔmenyo si nyɔnua wɔ megbe la, egblɔ gɔmeɖose sia kpee be: “Amesi wotsɔ ʋɛ kee la, ʋɛ ko wòlɔna.” Emegbe egblɔ na nyɔnua bena: “Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò!”—Luka 7:36-48.
3. Nuka ŋue wòle be míade ŋugble le le mía ɖokui ŋuti?
3 Bia ɖokuiwò se be, ‘Ne nyee nye nyɔnu ma alo ne menɔ nɔnɔme ma ƒomevi me kpɔ eye wokpɔ nublanui nam la, ɖe magbe be nyematsɔ ake ame bubuwo oa?’ Àɖo eŋu be, ‘Matsɔe ake godoo!’ Ke hã èka ɖe edzi tututu be èlɔ̃a tsɔtsɔkea? Ðe wònye nusi wɔwɔ ma wòa? Ðe nètsɔ kena bɔbɔe edziedzia, eye ɖe amewo agblɔ le ŋuwò be ènye amesi tsɔna kenaa? Mina míakpɔ nusitae wòle be mía dometɔ ɖesiaɖe natsɔ dzimekɔkɔ kple ŋugblemeyiyi alé ŋku ɖe esia ŋui ɖa.
Tsɔtsɔke Hiã—Eye Wotsɔ Kea Mí
4. Nyateƒenya ka dzie wòle be míalɔ̃ ɖo le mía ɖokui ŋu?
4 Abe alesi nènya nyuie ene la, ame madebliboe nènye. Ne wobia nya wò le esia ŋuti la, àlɔ̃ ɖe edzi eye ɖewohĩ àɖo ŋku Yohanes I, 1:8 me nyawo dzi be: “Ne míegblɔ bena, nuvɔ̃ mele mía ŋu o la, ekema mía ŋutɔ mía ɖokui blem míele, eye nyateƒe mele mía me o.” (Romatɔwo 3:23; 5:12) Le ame aɖewo gome la, nuvɔ̃ gã si adze gaglã woakpɔ koe nye nuvɔ̃wɔwɔ. Gake ne mènya be yewɔ nuvɔ̃ o hã la, le nyateƒe me la, èda le Mawu ƒe dzidzenuwo dzi zi geɖe eye le mɔ geɖe nu la—èwɔ nuvɔ̃. Ðe esia mele eme oa?
5. Nuka ŋutie wòle be míada akpe na Mawu ɖo?
5 Le esia ta wò nɔnɔmea asɔ kple esi apostolo Paulo ɖɔ be: “Mi, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple miaƒe ŋutilã ƒe aʋamatsomatso me la, egbɔ agbe mi kpakplii [Yesu] hã, esi wòtsɔ dzidadawo katã ke mi.” (Kolosetɔwo 2:13; Efesotɔwo 2:1-3) De dzesi nyagbɔgblɔ ‘etsɔ dzidadawo katã ke mí.’ Esia lɔ nu geɖe ɖe eme. Nusita wòle be mía dometɔ ɖesiaɖe naƒo koko abe alesi Dawid ƒoe ene sɔ gbɔ fũ, egblɔ be: “Le wò ŋkɔ la ta, Yehowa, tsɔ nye vodada kem, elabena esɔ gbɔ!”—Psalmo 25:11, míawoe te gbe ɖe edzi.
6. Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si le Yehowa kple tsɔtsɔke ŋu?
6 Aleke woate ŋu atsɔ ke wò—alo mía dometɔ ɖesiaɖee? Nusitae nye be Yehowa Mawu nye amesi lɔ̃a tsɔtsɔke. Ema ɖe dzesi le eƒe amenyenye ŋu. (Mose II, 34:6, 7; Psalmo 86:5) Míenya nyuie be Mawu di be míate ɖe ye ŋu le gbedodoɖa me abia yeƒe tsɔtsɔke, abiae be wòatsɔ ake mí. (Kronika II, 6:21; Psalmo 103:3, 10, 14) Eye ewɔ nusi dzi wòato atsɔ ake mí—si nye Yesu ƒe tafevɔsa—la ŋuti ɖoɖo.—Romatɔwo 3:24; Petro I, 1:18, 19; Yohanes I, 4:9, 14.
7. Mɔ ka nue nàdi be yeasrɔ̃ Yehowa le?
7 Ele be alesi Mawu lɔ̃ faa tsɔ kena nanye kpɔɖeŋu na wò le nuwɔwɔ ɖe ame bubuwo ŋu me. Paulo he susu yi esia dzi esi wòŋlɔ bena: “Mikɔ dɔme ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitsɔ ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tsɔ ke mi le Kristo me la ene.” (Efesotɔwo 4:32) Ðikeke aɖeke mele eme o be nusiwo dzi Paulo tɔ asii bia be míasrɔ̃ Mawu ƒe kpɔɖeŋua, elabena kpukpui si kplɔe ɖo yi edzi gblɔ be: “Azɔ la mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene.” (Efesotɔwo 5:1) Èkpɔ kadodo si le nya siawo domea? Paulo gblɔ gbeteteɖedzitɔe be—esi Yehowa Mawu tsɔ ke wò alea ta la—ele be nàsrɔ̃ Eyama eye wò ‘dɔme natrɔ ɖe ame bubuwo ŋu eye nàtsɔ ake wo.’ Gake bia ɖokuiwò be, ‘Ðe mele esia wɔma? Ne esia wɔwɔ memam o la, ɖe mele asi trɔm le eŋu hele agbagba dzem vevie be masrɔ̃ Mawu ƒe tsɔtsɔkea?’
Ehiã Be Míadze Agbagba Atsɔ Ake
8. Nukae wòle be míanya ku ɖe amesiwo le míaƒe hamea me la ŋu?
8 Asɔ be míabui be le Kristo-hamea me la, ɣeyiɣi aɖewo li si wòle be míatsɔ ake abe alesi Mawu tsɔna kenae ene. Gake menya wɔna o. Enye nyateƒe be mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo le agbagba dzem be yewoasrɔ̃ Yesu ƒe lɔlɔ̃a. (Yohanes 13:35; 15:12, 13; Galatiatɔwo 6:2) Wodze agbagba geɖe eye wokpɔtɔ le edzem be yewoaɖe asi le xexe vɔ̃ɖi sia ƒe tamebubu, nyagbɔgblɔ, kple nuwɔnawo ŋu. Le nyateƒe me la, wodi be yewoaɖe amenyenye yeyea afia. (Kolosetɔwo 3:9, 10) Ke hã míate ŋu aŋe aɖaba aƒu edzi be amegbetɔ madeblibowoe le xexeame katã ƒe hamea, kple hame ɖesiaɖe me o. Le wo katã me la, nyateƒee wònye be wonyo wu alesi wonɔ tsã, gake wokpɔtɔ nye ame madeblibowo.
9, 10. Nukatae mele be wòawɔ nuku na mí ne kuxiwo do mo ɖa le nɔviwo dome o?
9 Mawu ɖoe koŋ gblɔ na mí le Biblia me be míate ŋu akpɔ mɔ be blibomademade anɔ hamea me, eye wòanɔ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo dome. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le Paulo ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Kolosetɔwo 3:13 ŋu kpɔ, esi gblɔ be: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi Kristo hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke!”
10 Edze ƒã be Biblia ɖo ŋku edzi na mí be le alesi Mawu tsɔ kea míi ta la, enye míaƒe agbanɔamedzi be míatsɔ ake ame bubuwo. Nukatae esia wɔwɔ sesẽ? Elabena Paulo lɔ̃ ɖe edzi be “nya aɖe [anɔ] ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti.” Ede dzesii be nusiawo ƒomevi anɔ anyi. Woanɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ “ame kɔkɔe” siwo ‘wodzra mɔkpɔkpɔ ɖo na le dziƒo’ kura gɔ̃ hã dome. (Kolosetɔwo 1:2, 5) Eyata ɖe míasusui be manɔ anyi egbea o esi nyateƒe Kristotɔ akpa gãtɔ mekpɔ ɖaseɖiɖia be yewonye “Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kple lɔlɔ̃viwo” oa? (Kolosetɔwo 3:12) Le esia ta mele be míaƒo nya ta be nu gã aɖe ŋutɔe gblẽ ne le míaƒe hamewo me la, nyawo le amewo si ɖe amewo ŋu—amewo se veve le agɔ si wodze le wo dzi ŋutɔŋutɔ alo esi susum wole la ta o.
11. Nukae nusrɔ̃la Yakobo na míenya?
11 Yesu dadavi Yakobo ƒe nyawo hã ɖee fia be ɣeaɖewoɣi la, ele be míakpɔ mɔ be míado go nɔnɔme siwo abia be míatsɔ ake mía nɔewo. “Amekae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome mahã? Eya netsɔ agbenɔnɔ nyui fia eƒe dɔwɔwɔwo le nunya ƒe dɔmefafa me. Ke ne ŋuʋaʋã vevi kple dzrehehe le miaƒe dzi me la, migaƒo adegbe, eye migaka aʋatso ɖe nyateƒe la ŋuti o.” (Yakobo 3:13, 14) “Ŋuʋaʋã vevi kple dzrehehe” le nyateƒe Kristotɔwo ƒe dzi mea? Ẽ, Yakobo ƒe nyawo fia kɔte be nɔnɔme ma do mo ɖa le ƒe alafa gbãtɔ me hamea me eye agado mo ɖa egbea.
12. Kuxi kawoe fɔ ɖe te le blema Filipi-hamea me?
12 Esia ƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ aɖe nɔ Kristotɔ amesiamina eve siwo wokafu be wodo vevie nu le dɔwɔwɔ kple Paulo aduadu me la dome. Ðewohĩ àɖo ŋku edzi be yexlẽ nu tso Ewodia kple Sintixe, siwo nye Filipi hamea me tɔwo ŋu. Togbɔ be Filipitɔwo 4:2, 3 meɖe nusi dzɔ me tsitotsito o hã, eɖee fia be kuxi aɖe nɔ wo dome. Nya si ŋu wo dometɔ aɖe mebu nyuie hafi gblɔ wòve ame evelia, ɖe wo dometɔ aɖe kpɔe be ye nɔvi da ye ɖe anyi, alo ŋuʋaʋã wo nɔewoe he nusia de wo domea? Aleke ke wòɖa dze egɔmee o, enu va sẽ ale gbegbe be Paulo se nu tso eŋu le keke Roma. Esia wɔe be gbɔgbɔmenɔvinyɔnu eveawo maganyaƒoa nu na wo nɔewo o eye wokaa ya na wo nɔewo le kpekpewo me alo ƒoa nu gbegblẽ le wo nɔewo ŋu na wo xɔlɔ̃wo.
13. Nukae anya kpɔ Ewodia kple Sintixe ƒe kuxia gbɔ, eye nukae míesrɔ̃ tso eme?
13 Ðe emawo dometɔ aɖe ɖi esi nènya, abe nusi dzɔ ɖe ame aɖewo dome le míaƒe hamea me alo nane si dzɔ ɖe dziwò enea? Nya suesue aɖewo gɔ̃ hã ate ŋu ana kuxi sia ƒomevi nanɔ anyi egbea. Nukae míate ŋu awɔ? Le blema nudzɔdzɔa me la, Paulo xlɔ̃ nu nɔvinyɔnu adzɔgbeɖela eveawo “[be] woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me.” Woanya lɔ̃ ɖe edzi be yeawoadzro nyaa me, aƒo nu faa be woate ŋu aɖɔ kuxia ɖo, aɖee afia le wo nɔewo dome be yewodi be yewoatsɔ ake, eye tsɔ kpe ɖe eŋu la, woasrɔ̃ alesi Yehowa tsɔna kena lae ŋutɔŋutɔ. Ðikeke aɖeke mele eme o be Ewodia kple Sintixe kpɔ dzidzedze, eye míawo hã míate ŋu akpɔ dzidzedze. Tsɔtsɔke sia tɔgbe ate ŋu akpɔ dzidzedze le mía dome egbea.
Wɔ Ŋutifafa—Nàtsɔ Ake
14. Nukatae zi geɖe la, asi ɖeɖe le ame dome masɔmasɔwo ŋu nye nusi le bɔbɔe henyo wu?
14 Ne kuxi aɖe le mia kple Kristotɔ bubu aɖe dome la, mɔ ka koŋ dzie nàto atsɔ ake? Le nyateƒe me la, mɔnu bɔbɔe ɖeka aɖeke meli o, gake Biblia na kpɔɖeŋu siwo akpe ɖe mía ŋu kple aɖaŋuɖoɖo siwo dzi anya wɔ. Nu vevi si wòkafu—togbɔ be edziwɔwɔ mele bɔbɔe o—lae nye be nàɖe nyaa le susu me, nàɖe asi le eŋu kura ko wòatɔ. Zi geɖe ne nya aɖe do mo ɖa, abe alesi wòdo mo ɖa le Ewodia kple Sintixe dome ene la, amesiame sena le eɖokui me be ame kemɛae dze agɔ alo eya gbɔe vodadaa tso koŋ. Eyata le nɔnɔme sia ƒomevi me la, nusi nàbu koe nye be Kristotɔ kemɛae wòle be woabu fɔ alo eya gbɔe agɔdzedzea tso koŋ. Ke hã ɖe nàte ŋu aɖe asi le nyaa ŋu atsɔ ake ko enu natsia? Ele be nàde dzesii be, ne nyaa ava zu kuxi sesẽ, eye Kristotɔ kemɛa gbɔe vodada bliboa tso hã la, wò ya àte ŋu aɖe asi le nyaa ŋu atsɔe ake ko wòase ɖe afima.
15, 16. (a) Aleke Mixa ɖɔ Yehowae? (b) Nukae Mawu ƒe ‘ŋku ɖeɖeɖa le dzidadawo ŋu’ fia?
15 Migana míaŋlɔ be be Mawu ɖo tsɔtsɔke ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí o. (Efesotɔwo 4:32–5:1) Nyagblɔɖila Mixa ŋlɔ nu tso alesi Wòɖea asi le vodadawo ŋui ŋuti be: “Mawu kae de nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlɛa ƒe dzidada ŋu o; mèléa dɔmedzoe ɖe dɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò.”—Mixa 7:18.
16 Esi Biblia gblɔ le Yehowa ŋu be ‘mèléa ŋku ɖe dzidada ŋu o’ la, menye ɖe wòle gbɔgblɔm be mate ŋu aɖo ŋku vodadawo dzi, abe ɖe nya buna le tame nɛ ene o. De ŋugble le Simson kple Dawid, ame eve siwo wɔ vodada gãwo ƒe nya ŋu kpɔ. Mawu te ŋu ɖo ŋku nuvɔ̃ mawo dzi emegbe ʋĩ; eye míenya nu tso nuvɔ̃ siwo wowɔ la dometɔ aɖewo kura gɔ̃ hã ŋu elabena Yehowa na woŋlɔ wo ɖe Biblia me. Ke hã míaƒe Mawu si tsɔna kena la kpɔ nublanui na ame eve siawo hetsɔ wo ɖo xɔse ƒe kpɔɖeŋu na mí be míasrɔ̃.—Hebritɔwo 11:32; 12:1.
17. (a) Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖe ŋku ɖa le ame bubuwo ƒe vodadawo, alo agɔdzedzewo ŋu? (b) Ne míedze agbagba be míawɔ esia la, aleke míanɔ Yehowa srɔ̃mee? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔ.)
17 Ẽ, Yehowa te ŋu ‘ɖe ŋku ɖa’a le dzidadawo ŋu, abe alesi Dawid bia enuenu be wòawɔ na ye ene. (Samuel II, 12:13; 24:10) Ðe míate ŋu asrɔ̃ Mawu le esia wɔwɔ me, alɔ̃ faa be míaɖe ŋku ɖa le ame dada ɖe anyi kple agɔ siwo mía hati subɔla siwo nye amegbetɔ madeblibowo dzena le mía dzi la ŋua? Tsɔe be yele yameʋu aɖe si le du dzi yina dzodzo ge la me. Esi nènye kɔ be yeakpɔ la, èkpɔ ame nyanyɛ aɖe le nane wɔm tsɔ le fewu ɖumee le ŋuwò. Ènya be edo dziku eye ye ŋue wòanya doe ɖo. Alo ɖewohĩ menye wò nyae nɔ susu me nɛ kura o. Ke hã esi yameʋua le dzi yim la, èto nyɔnua, si le dzedzem azɔ abe ʋuʋudedi ene la tame ʋĩ. Kaka gaƒoƒo ɖeka nava yi la, edzo le egbɔ kilometa alafa geɖe, eye eƒe nuwɔna si do dziku na wò la te ɖa le ŋuwò ʋĩ. Nenema ke ne míedze agbagba be míanɔ abe Yehowa ene ahaɖe ŋku ɖa le vodada ŋu la, akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ ake zi geɖe. (Lododowo 19:11) Ðe alesi wòda wò ɖe anyii madze nu sue aɖee le ƒe ewo, alo ƒe alafa eve tsɔ yi Ƒe Akpe Ðeka megbe oa? Nukatae màŋe aɖaba aƒu edzi ko wòatɔ ɖe afima o?
18. Ne míete ŋu le vodada aɖe ɖem le susu me o la, aɖaŋuɖoɖo kae míate ŋu atsɔ awɔ dɔe?
18 Gake ɣeaɖewoɣi la, àdo gbe ɖa le nyaa ŋu ahadze agbagba be yeatsɔ ake, gake àse le ɖokuiwò me be yemate ŋui o. Ekema nukae nàwɔ? Yesu xlɔ̃ nu be woayi ɖe ame evelia gbɔ ahadze agbagba be woaɖɔ masɔmasɔa ɖo le ame evea dzaa ko dome be ŋutifafa nava. “Eyaŋuti ne ètsɔ wò nunana va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nya aɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afima le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nayi aɖadzra mia kple nɔviwò dome ɖo gbãgbiagbã, hafi nava tsɔ wò nunana la vae.”—Mateo 5:23, 24.
19. Ne míedi be míawɔ ŋutifafa kple mía nɔewo la, nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si eye nɔnɔme kae wòle be míaƒo asa na?
19 Edze ƒã be Yesu megblɔ be nàyi nɔviwòa gbɔ be yeaɖee afiae be yetɔe dzɔ eye etɔ medzɔ o. Ðewohĩ etɔ medzɔ o. Anye kokoko be vodada aɖe atso akpa evea gbɔ. Aleke ke wòɖale o, mele be taɖodzinua nanye be yeana ame kemɛa nalɔ̃ ɖe edzi be yetɔe medzɔ o. Ne aleae nàkpɔ nyaa gbɔe la, ɖeko nàdo kpo nu godoo. Eye mele hã be taɖodzinua nanye be yewoalé ŋku ɖe vodadaa alo vo si nèsusu be woda ɖe ye ŋu la ƒe akpa sia kpa ŋu tsitotsito o. Ne numedzodzro si miawɔ tufafatɔe le Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ me aɖee fia be nugɔmemasemase aɖe gbɔe kuxia tso la, mi ame evea miate ŋu adze agbagba akpɔ egbɔ. Gake ne gɔmesese meva numedzodzroa me keŋkeŋ o hã ɖe, ɣesiaɣi kokokoe nya sia nya me akɔ na akpa evea? Ðe manyo awu ne mi ame evea sia mielɔ̃ ɖe edzi be ɖe ye nɔvi di vevie be yeasubɔ mía Mawu si tsɔna kena la oa? Ne miatsɔ susu akpɔe alea la, anɔ bɔbɔe na mia dome amesiame be wòatso dzi me agblɔ be, “Evem be le blibomademade ta la, masɔmasɔ sia va mía dome. Taflatse, na míaɖe asi le eŋu.”
20. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso apostoloawo ƒe kpɔɖeŋua me?
20 Ðo ŋku edzi be masɔmasɔ ɖo apostoloawo hã dome, esime wo dometɔ aɖewo nɔ nɔƒe gã dim. (Marko 10:35-39; Luka 9:46; 22:24-26) Ema na masɔmasɔ, ɖewohĩ vevesese, alo dzikudodo ɖe wo nɔewo ŋu vevie ɖo wo dome. Gake wote ŋu ɖe asi le masɔmasɔ mawo ŋu heyi edzi wɔ dɔ ɖekae. Wo dometɔ ɖeka ŋlɔ emegbe be: “Elabena amesi le didim be, yealɔ̃ agbe, eye yeakpɔ ŋkeke nyuiwo la, nekpɔ eƒe aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu kple eƒe nuyiwo dzi, bene woagagblɔ alakpanya o; nete ɖa le vɔ̃ ŋu, eye wòawɔ nu nyui; nedi ŋutifafa, eye wòati eyome.”—Petro I, 3:10, 11.
21. Aɖaŋu vevi kae Yesu ɖo ku ɖe tsɔtsɔke ŋu?
21 Míekpɔ alesi nuwo yinae le agbe me la ƒe akpa ɖeka va yi: Mawu tsɔ nuvɔ̃ gbogbo siwo míewɔ va yi la ke mí, eyata ele be míasrɔ̃ eyama ahatsɔ ake mía nɔviwo. (Psalmo 103:12; Yesaya 43:25) Gake esia ƒe akpa bubu hã gali. Esi Yesu na kpɔɖeŋugbedodoɖa la vɔ megbe la, egblɔ be: “Ne mietsɔ amewo ƒe vodadawo ke wo la, ekema mia Fofo, si le dziƒo la, atsɔe ake miawo hã.” Le ƒe ɖeka kple edzivɔ megbe esime wònɔ gbedodoɖa fiam eƒe nusrɔ̃lawo la, egbugbɔ nusi esia fia la gblɔ ake be: “Tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí; elabena mía ŋutɔwo hã míetsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mía si!” (Mateo 6:12, 14; Luka 11:4) Emegbe le ŋkeke ʋɛ siwo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, egblɔ kpee be: “Ne miele tsitre le gbe dom ɖa, eye nya aɖe le miaƒe dzi me ɖe ame aɖe ŋu la, mitsɔe kee, bena mia Fofo, si le dziƒowo la, natsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi.”—Marko 11:25.
22, 23. Aleke míaƒe lɔlɔ̃ faa be míatsɔ ake la akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe etsɔme dzii?
22 Ẽ, tsɔtsɔke si míate ŋu akpɔ tso Mawu gbɔ la nɔ te ɖe alesi míalɔ̃ faa be míatsɔ ake mía nɔewo dzi koŋ. Ne nya aɖe ɖo mia kple nɔviwò Kristotɔ dome la, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe tsɔtsɔke si makpɔ tso Mawu gbɔ mehiã sasasã wu be mana be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe nanya godoo be yetɔ medzɔ o le nya vi aɖe, vodada vi aɖe, alo amegbetɔ ƒe blibomademade nuwɔna aɖe ta oa?’ Ènya ŋuɖoɖoa xoxo.
23 Ke ne nyaa lolo wu vodada sue alo kuxi vi aɖe ya ɖe? Eye ɣekaɣie Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo si woŋlɔ ɖe Mateo 18:15-18 la awɔ dɔ? Mina míade ŋugble le nya siawo ŋu le nusɔsrɔ̃ si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Agbalẽnyala aɖe gblɔ be, woɖe Hebrigbe me kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si wozã le Mixa 7:18 la “tso alesi mɔzɔla aɖe si to nane si ŋu eƒe susu mele o ŋu wɔa nui me. Esia mefia be Mawu mekpɔa nuvɔ̃ dzea sii o, alo bunɛ be mele vevie o, ke boŋ be melénɛ ɖi be yeava he to le eta o; mehea to o, ke boŋ etsɔ kena.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:26; Samuel I, 16:9.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Aleke Yehowa ɖo tsɔtsɔke ƒe kpɔɖeŋu ɖi na míi?
◻ Nuka dzie wòle be míaɖo ŋkui ku ɖe amesiwo le hamea me ŋuti?
◻ Zi geɖe la, nukae wòle be míate ŋu awɔ le ame dada ɖe anyi alo vodadawo ŋu?
◻ Ne ehiã la, nukae míate ŋu awɔ be ŋutifafa nanɔ mía kple mía nɔviwo dome?
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Ne masɔmasɔ aɖe do mo ɖa le mia kple Kristotɔ aɖe dome la, dze agbagba nàɖe asi le nyaa ŋu; ne ɣeyiɣiwo va le yiyim la, nyaa magaɖi nya o