INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • od ta 10 axa 105-115
  • Mɔ Siwo Dzi Nàto Akeke Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Enu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mɔ Siwo Dzi Nàto Akeke Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Enu
  • Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SUBƆSUBƆ ABE HAMEA ME GBEƑÃÐELA ENE
  • SUBƆSUBƆ LE AFI SI GBEƑÃÐELA GEÐE WU HIÃ LE
  • GBEƑÃÐEÐE LE GBE BUBU ME
  • MƆÐEÐEDƆA
  • DUTANYANYUIGBLƆLAWO
  • NUTOME SUE DZI KPƆKPƆ DƆA
  • TEOKRASISUKUWO
  • BETEL SUBƆSUBƆDƆ
  • XƆTUDƆWƆWƆ
  • GBƆGBƆMETAÐODZINU KAWOE LE ASIWÒ?
  • Miɖo Ŋku Ame Siwo Le Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔm Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Ðe Nàte Ŋu Awɔ Geɖe Wu Atsɔ Ade Bubu Yehowa Ŋuia?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Dzikpɔla Siwo Kplɔa Alẽha La
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Sɔhɛwo—Agbemedɔ Kae Miawɔ?
    Sɔhɛwo—Agbemedɔ Kae Miawɔ?
Kpɔ Bubuwo
Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
od ta 10 axa 105-115

TA 10

Mɔ Siwo Dzi Nàto Akeke Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Enu

ESI ɣeyiɣia de be Yesu nadɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖa be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea la, egblɔ na wo be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo ya mede ha o.” Dɔ geɖe nɔ anyi wòle be woawɔ, eya ta egagblɔ hã be: “Miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Mat. 9:37, 38) Yesu gblɔ ale si wòle be nusrɔ̃lawo nawɔ subɔsubɔdɔae la na wo. Eye ale si gbegbe dɔa wɔwɔ hiã kpatae la dze le eƒe nyawo me esi wògblɔ be: “Miele Israel duawo katã kpe ge ɖo hafi Amegbetɔvi la nava ɖo o.”—Mat. 10:23.

2 Egbea hã, dɔ geɖe li wòle be woawɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ele be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la le dukɔwo katã me hafi nuwuwua nava, evɔ ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ! (Marko 13:10) Esi wònye be xexe blibo lae nye agble la ta la, nɔnɔme si me míele egbea le ko abe ale si wònɔ le Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ɣeyiɣia me ene, gake dɔ si dze ŋgɔ mí la lolo sãsãsã wu. Ne wotsɔ mí sɔ kple amegbetɔ biliɔn geɖe siwo le xexea me la, míede ha kura o, gake míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu. Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la le anyigba bliboa katã dzi, eye nuwuwua ava le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia dzi. Ðe míatsɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me ale be míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa awu enu bliboea? Teokrasitaɖodzinu kawoe míate ŋu aminya be míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa awu enu bliboe?

3 Esi Yesu nɔ nu ƒom tso nu si Yehowa di tso esubɔla ɖeadzɔgbewo dometɔ ɖe sia ɖe si ŋu la, egblɔ be: “[Lɔ̃] Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò tamesusu blibo kple wò ŋusẽ blibo.” (Marko 12:30) Mawu di tso mía si be míawɔ subɔsubɔdɔ si yede mía si la kple luʋɔ blibo. Esia fia be, ne míewɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe le subɔsubɔdɔ si Yehowa de mía si me la, míaɖe ale si gbegbe míetsɔ mía ɖokui na Mawui kple míaƒe adzɔgbeɖeɖe ƒe nyateƒenyenye afia. (2 Tim. 2:15) Nɔnɔme ka ke mee míeɖale alo ŋutete ka kee ɖale mía si o, mɔnukpɔkpɔ geɖe le ʋuʋu ɖi na mía dometɔ ɖe sia ɖe be míawɔ esia. Bu mɔnukpɔkpɔ siawo dometɔ aɖewo ŋu ne nàkpɔe ɖa be teokrasitaɖodzinu kawoe nàte ŋu aminya ale be nàwɔ wò subɔsubɔdɔa awu enu bliboe hã.

SUBƆSUBƆ ABE HAMEA ME GBEƑÃÐELA ENE

4 Mɔnukpɔkpɔ sua ame siwo katã xɔ nyateƒea si be woaɖe gbeƒã nya nyuia. Esiae nye dɔ si koŋ Yesu de asi na eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Zi geɖe la, ame si nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la la dzea nuƒoƒo tso nya nyuia ŋu na amewo tso esime wònya see ko. Nu mae Andrea, Filipo, Kornelio kple ame bubuwo wɔ. (Yoh. 1:40, 41, 43-45; Dɔw. 10:1, 2, 24; 16:14, 15, 25-34) Ðe wòfia be amea ate ŋu adze nuƒoƒo tso nya nyuia ŋu hafi ava xɔ nyɔnyrɔ gɔ̃ hã? Ɛ̃! Ne ame aɖe nya dze be wòanye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ le hamea me ko la, mɔnukpɔkpɔ le ʋuʋu ɖi nɛ azɔ be wòakpɔ gome le tso aƒe me yi aƒe me ɖaseɖiɖidɔa me. Azɔ hã, le eƒe ŋutete kple nɔnɔme si me wòle nu la, ate ŋu akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akpa bubuwo hã me.

5 Ne gbeƒãɖelaa va xɔ nyɔnyrɔ mlɔeba la, ɖikeke mele eme o be adi be yeawɔ nu sia nu si yeate ŋui aɖe gbeƒã nya nyuia na amewo. Mɔnukpɔkpɔ le ʋuʋu ɖi na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa be woakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ne akpa sue aɖe koe míewɔ tsɔ do Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ gɔ̃ hã la, yayrae wònye. Ame sia ame si ate ŋu akeke eƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu be yeakpɔ gome le eƒe akpa vovovoawo me la akpɔ dzidzɔ godoo.

SUBƆSUBƆ LE AFI SI GBEƑÃÐELA GEÐE WU HIÃ LE

6 Ðewohĩ wokpea miaƒe hamea ƒe anyigbamamaa ɖo edziedzi heɖia ɖase na amewo tsitotsito le eme. Ne nenemae la, ɖewohĩ àkpɔe be àte ŋu akeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu ne èʋu yi nuto si me gbeƒãɖela geɖe wu hiã le la me. (Dɔw. 16:9) Ne hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔlae nènye la, ɖewohĩ hame aɖe akpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si nàte ŋu ana wo la ŋu ŋutɔ. Miaƒe nutome sue dzikpɔla ate ŋu aɖo aɖaŋu na wò le kpekpeɖeŋu si nàte ŋu ana hame bubu aɖe le miaƒe nutoa me ŋu. Ne èdi be yeasubɔ le nuto bubu aɖe me le miaƒe dukɔa me la, alɔdzedɔwɔƒea ate ŋu ana nyatakaka siwo hiã la wò.

7 Àdi be yeayi aɖasubɔ le dukɔ bubu mea? Ne èdii la, ke ehiã be nàbu eŋu nyuie. Ðe manyo be nàƒo nu tso esia ŋu na miaƒe hamemetsitsiwo oa? Ðikeke mele eme o be ʋuʋu alea akpɔ ŋusẽ ɖe wò ŋutɔ kple ame ɖe sia ɖe si ayi kpli wò la dzi le mɔ aɖewo nu. (Luka 14:28) Gake ne mèɖoe be yeanɔ afi ma eteƒe nadidi o la, ɖewohĩ anyo wu be nàyi aɖasubɔ le mia dedukɔa ƒe nuto aɖe me.

8 Le dukɔ aɖewo me la, nuteƒekpɔkpɔ boo mesu nɔviŋutsu siwo le hamea me dɔwo gbɔ kpɔm la si le nyateƒea me o. Esi nɔviŋutsu siwo le nutoa me la bɔbɔ wo ɖokuiwo ta la, woɖea mɔ na hamemetsitsi siwo kpɔ nu teƒe wu, siwo ʋu va wo gbɔ la be woaxɔ ŋgɔ le hamea me. Ne hamemetsitsie nènye eye nèɖoe be yeaʋu ayi dukɔ sia tɔgbi me la, ɖo ŋku edzi be menye taɖodzinuae nye be nàxɔ dɔa awɔ ɖe nutoa me nɔviawo nu o. Ke boŋ taɖodzinuae nye be nàwɔ dɔ kpli wo. De dzi ƒo na nɔviawo be woaminya subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo eye woalɔ̃ faa axɔ agbanɔamedziwo le hamea me. (1 Tim. 3:1) Ne nuwo mele edzi yim abe ale si wòle le dukɔ si me nètso va me ene o la, xɔ dzigbɔɖi. Wɔ nuteƒekpɔkpɔ si su asiwò abe hamemetsitsi ene la ŋu dɔ nàtsɔ akpe ɖe nɔviawo ŋu. Esia awɔe be ne ɣeyiɣia de be nàtrɔ ayi mia de la, nutoa me hamemetsitsiwo asu te nyuie be woalé be na hamea.

9 Hafi dukɔ si me nèdi be yeayi aɖasubɔ le la ƒe alɔdzedɔwɔƒea nana hame siwo wò kpekpeɖeŋua aɖe vi na ƒe ŋkɔwo wò la, ele be miaƒe Hamea Ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti naɖo kafukafulɛta ɖe alɔdzedɔwɔƒea gbã. Èɖanye hamemetsitsi, subɔsubɔdɔwɔla, mɔɖela, alo gbeƒãɖela o, lɛta sia hiã. Subɔsubɔ kɔmitia aɖo kafukafulɛta la kple nu siwo nèdi be yeanya tso teƒea ŋu la ɖe dukɔ si me nèdi be yeaɖasubɔ le la ƒe alɔdzedɔwɔƒea tẽe.

GBEƑÃÐEÐE LE GBE BUBU ME

10 Be nàte ŋu akeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu la, ɖewohĩ àdi be yeasrɔ̃ gbe bubu aɖe; ate ŋu anye tokunɔgbe hã. Ne èdi be yeasrɔ̃ gbe bubu atsɔ aɖe gbeƒãe la, ɖe manyo be nàɖo dze tso eŋu na hamemetsitsiwo alo nutome sue dzikpɔla oa? Woate ŋu aɖo aɖaŋu siwo hiã la na wò ahade dzi ƒo na wò. Le alɔdzedɔwɔƒea ƒe mɔfiafia te la, nutome sue aɖewo wɔ ɖoɖo ɖe gbesɔsrɔ̃ ŋu be woatsɔ ana hehe gbeƒãɖela kple mɔɖela dovevienuwo ale be woaɖe gbeƒã le gbe bubu me.

MƆÐEÐEDƆA

11 Ele be gbeƒãɖelawo katã nanya nu tso nudidi siwo gbɔ wòle be woaɖo hafi awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ, gbesiagbe mɔɖeɖedɔ, mɔɖela vevi ƒe dɔ kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubuawo. Ele be mɔɖela nanye Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ si nye kpɔɖeŋu nyui ɖola, ame si ƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ nɛ be wòazã gaƒoƒo agbɔsɔsɔme aɖe koŋ atsɔ aɖe gbeƒã nya nyuia. Hamea Ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti lae daa asi ɖe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa kple gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe dɔbiabiawo dzi, gake alɔdzedɔwɔƒea ye ɖoa mɔɖela veviwo ya.

12 Ɣeyiɣi kpuitɔ kekeake si ame ate ŋu anye kpekpeɖeŋu mɔɖelae nye ɣleti ɖeka; ame ate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti aɖewo atsiã ɖe enu, alo awɔe madzudzɔmadzudzɔe, le ale si eƒe nɔnɔmewo le nu. Edzɔa dzi na Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ɣeyiɣi tɔxɛwo abe Ŋkuɖodzia wɔɣi alo ɣleti si me nutome sue dzikpɔla ava srã hamea kpɔ ene me. Ame aɖewo tiaa ɣleti siwo me wole mɔkeke. Sukuvi siwo nye gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔwo adi be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le mɔkeɣiwo. Gbeƒãɖelawo ate ŋu atiae be yewoawɔ gaƒoƒonudidi si dzi woɖe kpɔtɔ ƒe ɖoɖoa ŋu dɔ ahawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March alo April me, alo le ɣleti si me nutome sue dzikpɔlaa ava srã hamea kpɔ la me. Aleke kee wò nɔnɔmewo ɖale o, ne èle agbe nyui nɔm eye nàte ŋu awɔ ɖoɖo aɖo gaƒoƒonudidia gbɔ, eye nèxɔe se be yeate ŋu atsɔ ɣleti ɖeka alo esi wu nenema awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ko la, adzɔ dzi na hamemetsitsiwo be yewoabu wò biabia be yeakpɔ gome le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ sia me ŋu.

13 Be nàdze anye gbesiagbe mɔɖela la, ele be ŋutete nanɔ ŋuwò fifia be nàte ŋu aɖo ƒe sia ƒe ƒe gaƒoƒonudidia gbɔ. Ne ènye gbesiagbe mɔɖela la, anyo be nàwɔ dɔ kplikplikpli kple hame si me nèle. Mɔɖela dovevienuwo nye yayra na hamea, wotua gbeadziyiyi ƒe dzo ɖo eye wodea dzi ƒo na ame bubuwo hã be woawɔ mɔɖeɖedɔa. Gake hafi nàbia be yeawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa la, ele be nànye gbeƒãɖela kpɔɖeŋu nyui ɖola eye ɣleti ade ya teti nava yi tso esime nèxɔ nyɔnyrɔ.

14 Zi geɖe la, wotiaa mɔɖela veviwo tso gbesiagbe mɔɖela siwo doa vevie nu le subɔsubɔdɔa me la dome. Ele be woanye ame siwo ate ŋu awɔ dɔ le afi sia afi si alɔdzedɔwɔƒea aɖo wo ɖo. Zi geɖe la, teƒe siawo nyea nuto saɖeaga siwo me woate ŋu akpɔ ɖetsɔlemetɔwo le ahaɖo hame yeyewo. Ɣeaɖewoɣi la, woɖoa mɔɖela veviwo ɖe hame siwo hiã kpekpeɖeŋu be woate ŋu akpe woƒe anyigbamama ɖo la me. Wodea dɔ asi na mɔɖela vevi siwo nye hamemetsitsiwo la dometɔ aɖewo be woakpe ɖe hame suewo ŋu, ne hame mawo mehiã dɔwɔla geɖewo le gbeadzi o gɔ̃ hã. Wonaa gakpekpeɖeŋu sue aɖe mɔɖela veviwo be woatsɔ akpɔ woƒe agbemenuhiahiã veviwo gbɔ. Woɖoa mɔɖela aɖewo hã be woasubɔ abe mɔɖela veviwo ene hena ɣeyiɣi kpui aɖe.

DUTANYANYUIGBLƆLAWO

15 Dɔdzikpɔhaa ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti lae ɖoa dutanyanyuigblɔlawo, eye Alɔdzekɔmitia dea dɔ asi na wo be woasubɔ le nuto siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo la me. Wowɔa akpa vevi aɖe, elabena wonana hamea lia ke, eye wodoa ŋusẽ nɔviawo be woalé fɔ ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu eye nuwo natsɔ afɔ nyuie le hamea me. Zi geɖe la, dutanyanyuigblɔla siwo wɔa gbeƒãɖeɖedɔa koŋ la nyea ame siwo xɔ hehe le Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua me. Wowɔa ɖoɖo ɖe dɔƒe ŋu na wo, eye wonaa gakpekpeɖeŋu sue aɖe wo be woatsɔ akpɔ woƒe agbemenuhiahiã veviwo gbɔ.

NUTOME SUE DZI KPƆKPƆ DƆA

16 Dɔdzikpɔhaa ye ɖoa nutome sue dzikpɔlawo, ke hã wosubɔna abe nutome sue dzikpɔla teƒenɔlawo ene gbã, ale be woaxɔ hehe eye nuteƒekpɔkpɔ nasu wo si. Ŋutsu siawo lɔ̃ subɔsubɔdɔa eye wolɔ̃ nɔviawo hã. Wonye mɔɖela dovevienuwo, woléa fɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu, eye wobi ɖe nuƒoƒo kple nufiafia me. Woɖea gbɔgbɔa ƒe kutsetsea fiana wòɖea dzesi, wodana sɔna, wosea nu gɔme na ame, eye wobua nuwo ŋu nyuie. Ne srɔ̃tɔe nɔviŋutsua nye la, ele be srɔ̃a ƒe agbenɔnɔ kpakple eƒe nuwɔwɔ kple amewo nanye kpɔɖeŋu na ame bubuwo. Ele be wòanye ame si bi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me. Enya nu si wòbia tso esi be wòanye srɔ̃nyɔnu Kristotɔ si bɔbɔ eɖokui; maƒo nu ɖe srɔ̃a teƒe alo anɔ nu ham le dzeɖoɖo me o. Nutome sue dzikpɔlawo kple wo srɔ̃wo ƒe dɔa bia nu geɖe, eya ta ele be ame siwo le subɔsubɔdɔ sia minyam la nanɔ lãmesẽ me. Mɔɖelawo mekpea dɔbiagbalẽ ɖo be yewoanye nutome sue dzikpɔlawo o. Ke boŋ, woɖea woƒe didia gblɔna na woƒe nutome sue dzikpɔla eye eya hã ɖoa aɖaŋu na wo.

TEOKRASISUKUWO

17 Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku: Wohiã Fiaɖuƒe nyanyuigblɔla geɖe be woaɖakpe anyigbamama siwo me womeɖea gbeƒã le edziedzi o la ɖo eye woana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu hameawo. Eya ta nɔviŋutsu trewo, nɔvinyɔnu trewo kple srɔ̃tɔwo ate ŋu akpe dɔbiagbalẽ ɖo be yewoaxɔ hehe le Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua me. Ne wode sukua vɔ la, woɖoa wo ɖe afi si hiahiã geɖe wu le le woƒe dukɔa me be woaɖasubɔ abe gbesiagbe mɔɖelawo ene. Ke hã, le wo dometɔ siwo nɔnɔmeawo aɖe mɔ na gome la, woate ŋu ade dɔ bubuwo asi na wo le wo dedukɔa me loo alo le duta. Woate ŋu ana wo dometɔ ʋɛ aɖewo nasubɔ abe mɔɖela veviwo ene hena ɣeyiɣi kpui aɖe alo woanye mɔɖela veviwo koŋ. Mɔɖela siwo di be yewoade suku sia ate ŋu ade kpekpe si wowɔna le nutome gã takpekpewo me le taɖodzinu sia ta la be woanya nu geɖe tso nudidi siwo gbɔ wòle be woaɖo ŋu.

18 Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku: Ele be nɔviŋutsu trewo, nɔvinyɔnu trewo kple srɔ̃tɔ siwo wotia be woade suku sia la nase Eŋlisigbe eye woanye ame siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa wɔm. Woasu te be woado ŋusẽ hamewo be woali ke, eye woakpɔ egbɔ be wozɔ ɖe ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ le alɔdzedɔwɔƒewo. Woanye ame siwo ɖee fia be yewolɔ̃ nɔviawo subɔsubɔ eye woate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu dɔmenyotɔe be woanya Ŋɔŋlɔawo kple teokrasimɔfiamewo ale be woazɔ ɖe wo dzi pɛpɛpɛ. Alɔdzekɔmiti lae akpe ame siwo dze ade sukua la be woakpe sukua dede ƒe dɔbiagbalẽ ɖo. Woade dɔ asi na sukunuwulawo le wo dedukɔa me alo duta be woanye nyanyuigblɔlawo koŋ loo alo woasubɔ le alɔdzedɔwɔƒea.

BETEL SUBƆSUBƆDƆ

19 Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛe wònye be woasubɔ le Betel. Ŋkɔ Betel gɔmee nye “Mawu Ƒe Aƒe,” eye ŋkɔ sia sɔ na teokrasidɔwo wɔƒe siawo vavã. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo subɔna le Betel la wɔa dɔ vevi siwo do ƒome kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖeɖe, wo tata kple wo mama. Dɔ siwo wowɔna la le vevie ŋutɔ na Dɔdzikpɔhaa, si kpɔa hame siwo le anyigba dzi godoo la dzi hefiaa mɔ wo la. Betel-ƒomea me tɔ siwo nye gbegɔmeɖelawo la dometɔ geɖe nɔa nuto siwo me wodoa gbea le le alɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigbamamaa me la me hewɔa dɔ le afi ma. Esia wɔnɛ be wosea ale si amewo doa gbeae le woƒe gbe sia gbe nuwɔnawo me. Esia wɔnɛ hã be woawo ŋutɔwo tea ŋu dea dzesii nenye be amewo le ale si woŋlɔ gbea le agbalẽawo me la gɔme sem loo alo womele egɔme sem o.

20 Dɔ siwo wowɔna le Betel la dometɔ geɖe nye dɔ sesẽ. Le susu sia ta, nɔviŋutsu sɔhɛ ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ siwo le lãmesẽ me eye ŋusẽ le wo ŋu lae woyɔna zi geɖe be woava wɔ dɔ le Betel. Ne dɔwɔlawo hiã le alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le miaƒe dukɔa me la me eye nèdi be yeasubɔ le Betel la, àte ŋu ase nu geɖe tso nudidi siwo gbɔ wòle be nàɖo la ŋu tso miaƒe hamea ƒe hamemetsitsiwo gbɔ.

XƆTUDƆWƆWƆ

21 Teokrasixɔtudɔwo nye subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa aɖe abe ale si wònɔ le Salomo ƒe gbedoxɔa tutu gome ene. (1 Fia. 8:13-18) Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe lɔ̃na faa zãa woƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo tsɔ kpea asi ɖe dɔ sia ŋu kple dzonɔameme si ɖe dzesi.

22 Àte ŋu ana kpekpeɖeŋua? Ne ènye gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ eye nèdi be yeakpɔ gome le dɔ sia me la, nɔvi siwo le xɔtudɔa dzi kpɔm le miaƒe nutoa me la akpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si nàte ŋu ana ŋu, eye woalɔ̃ faa ana hehe wò nenye be mènya nu boo aɖeke tso xɔtutu ŋu o hã. Ðe manyo be nàna miaƒe hamemetsitsiwo nanya be èdi be yeana kpekpeɖeŋu oa? Gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ aɖewo ƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ na wo gɔ̃ hã wotsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoakpɔ gome le teokrasixɔtudɔwo me le dukɔ bubuwo me.

23 Xɔtudɔwɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖewo le ʋuʋu ɖi. Gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ siwo nye kpɔɖeŋu nyui ɖolawo, siwo nya xɔtuɖaŋu aɖe ŋu dɔ wɔwɔ eye woate ŋu akpe asi ɖe xɔtudɔwo ŋu le woƒe nutoa me la ate ŋu asubɔ abe Dukɔa Me Xɔtuɖaŋu Kple Xɔtudɔ ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ene. Ame bubuwo ate ŋu azɔ mɔ aɖakpe asi ɖe xɔtudɔwo ŋu le teƒe didiwo hena ɣeyiɣi aɖe eye alɔdzedɔwɔƒea daa asi ɖe wo dzi be woasubɔ abe lɔlɔ̃nu faa xɔtudɔwɔlawo ene hena kwasiɖa eve va ɖo ɣleti etɔ̃. Woyɔa xɔtudɔwɔla siwo woɖo be woasubɔ hena ɣeyiɣi didi la be ɣeyiɣiawo katã ƒe xɔtudɔwɔlawo. Woyɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe xɔtudɔwɔla siwo woɖo ɖe duta la be dukɔwo dome xɔtudɔwɔlawo.Xɔtuha si me tɔwo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe xɔtudɔwɔlawo kple lɔlɔ̃nu faa xɔtudɔwɔlawo lae xɔa ŋgɔ le xɔtudɔ ɖe sia ɖe me, eye Dukɔa Me Xɔtuɖaŋu Kple Xɔtudɔ ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo kpakple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo tso hameawo me la kpea asi ɖe wo ŋu. Ne Xɔtuhawo wu xɔtudɔ aɖe nu la, woʋuna yia teƒe bubu ɖawɔa xɔtudɔ bubu le alɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigbamamaa me.

GBƆGBƆMETAÐODZINU KAWOE LE ASIWÒ?

24 Ne ètsɔ wò agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa la, ekema wò didie wònye be yeasubɔ Yehowa tegbee. Gake gbɔgbɔmetaɖodzinu kawoe nèɖo na ɖokuiwò be nàte ŋu aɖo taɖodzinu sia gbɔ? Ne gbɔgbɔmetaɖodzinuwo le asiwò la, akpe ɖe ŋuwò be nàzã wò ŋusẽ kple nunɔamesiwo le nunya me. (1 Kor. 9:26) Ne èɖo taɖodzinu siawo na ɖokuiwò la, ana nàtsi le gbɔgbɔ me eye akpe ɖe ŋuwò be wò susu nanɔ nu siwo le vevie wu la dzi esime nèle agbagba dzem be subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ bubuwo nagasu ye si.—Flp. 1:10; 1 Tim. 4:15, 16.

25 Apostolo Paulo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí be míasrɔ̃ le subɔsubɔdɔwɔwɔ na Mawu me. (1 Kor. 11:1) Paulo ku kutri vevie le subɔsubɔdɔ si wòwɔ na Yehowa la me. Ekpɔe dze sii be Yehowa na subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ geɖewo ye. Paulo ŋlɔ na nɔvi siwo nɔ Korinto bena: “Woʋu dɔwɔwɔ ƒe ʋɔtru gã aɖe nam.” Ðe menye aleae wòle le míawo hã gome oa? Ɛ̃, mɔnukpɔkpɔ geɖewo le ʋuʋu ɖi na mí be míawɔ ɖeka kple hamea asubɔ Yehowa, vevietɔ le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me. Gake abe ale si wònɔ le Paulo gome ene la, “ʋɔtru gã” ma nu toto bia be míakpe akɔ kple “tsitretsiɖeŋula geɖewo.” (1 Kor. 16:9) Paulo lɔ̃ faa be yeamla ye ɖokui. De dzesii be egblɔ be: “Meƒoa nye ŋutilã vevie hewɔnɛ kluvii.” (1 Kor. 9:24-27) Tamesusu ƒe nɔnɔme ma kee le mía sia?

Ne gbɔgbɔmeta- ɖodzinuwo le asiwò la, akpe ɖe ŋuwò be nàzã wò ŋusẽ kple nunɔamesiwo le nunya me

26 Wole dzi dem ƒo na ame sia ame be wòanɔ teokrasitaɖodzinuwo minyam le ale si eƒe nɔnɔmewo aɖe mɔe nu. Ame geɖewo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe wɔm egbea le esi woɖo teokrasitaɖodzinuwo na wo ɖokuiwo kaba le agbe me ta. Esime wonye ɖeviwo gɔ̃ hã la, wo dzilawo kple ame bubuwo de dzi ƒo na wo be woaminya taɖodzinu mawo. Esia wɔe be wokpɔ dzidzedze geɖe le subɔsubɔdɔ si wɔm wole na Yehowa la me—tiatia si wowɔ la meve wo kpɔ gbeɖe o. (Lod. 10:22) Taɖodzinu bubu siwo wòanyo be míaminya la ƒe ɖewoe nye be míakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kwasiɖa sia kwasiɖa, míadze aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme ahayi edzi, alo míadi ɣeyiɣi adzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu nyuie wu. Nu vevitɔae nye be míanɔ te sesĩe ahawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa awu enu bliboe. Ne míewɔe alea la, míade bubu Yehowa ŋu eye míaɖo míaƒe taɖodzinu vevitɔ si nye be míasubɔe tegbee la gbɔ.—Luka 13:24; 1 Tim. 4:7b, 8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe