INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/02 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Hamea Ƒe Kpekpewo Dede Le Anyigbamama Si Me Míele Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Míehiã Hamea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Mɔ Siwo Dzi Míetona Ðea Gbeƒã Nya Nyuia
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Mina Woatu Hame La Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 11/02 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Viɖe kawoe le hamea ƒe kpekpewo dede le hame si ƒe anyigbamama me míele ŋu?

To hamea ƒe ɖoɖowo dzi la, míexɔa dzideƒoname si ‘ʋaa mí be míalɔ̃ amewo ahawɔ dɔ nyuiwo.’ (Heb. 10:24, 25) Míetoa hamea dzi srɔ̃a nyateƒea eye míesua te nyuie na nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔ si wode mía si la wɔwɔ. (Mat. 28:19, 20) Azɔ hã míexɔa ŋusẽdodo si kpena ɖe mía ŋu be míado dzi nuteƒewɔwɔtɔe le tetekpɔwo me, eye dzikpɔla lɔ̃amewo hã le mía si siwo kpena ɖe mía ŋu be míakpe akɔ kple nyaƒoɖeamenuwo kple dzimaɖitsitsi siwo nu le sesẽm ɖe edzi la dzidzedzetɔe. Edze ƒã be hamea kpena ɖe mía ŋu vevie be míanɔ te le gbɔgbɔ me. Gake ɖe viɖe aɖewo le kpekpeawo dede le hame si ƒe anyigbamama me míele ŋua?

Amesiame ƒe nɔnɔme to vovo, eye nɔnɔmewo abe dɔwɔɖui, srɔ̃tɔ dzimaxɔsetɔ, kple ʋuɖonyawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe nyametsotso si ame aɖe awɔ mlɔeba le go sia me la dzi. Gake gbɔgbɔ me viɖe kple viɖe bubu geɖewo sua ame si ne edea kpekpe le hame si ƒe anyigbamama me wòle. Hamemegãwo ate ŋu ake ɖe gbeƒãɖelawo ŋu kaba wu ne nya kpata aɖewo dzɔ.—Kpɔ October 2001 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 1.

Zi geɖe la, edea ame dzi wu be woade kpekpewo le afisi tsɔ ɖe ame gbɔ, enana míeɖona kaba eye míeɖoa dze kple nɔviwo, kpɔa nya siwo hiã gbɔ, hekpɔa gome le hadzidzi kple gbedodoɖa si woatsɔ adze egɔmee la me. Ne ɖetsɔlemetɔ yeyewo le míaƒe nutoa me la, ewɔnɛ be míete ŋu ɖoa wo gbɔ bɔbɔe hewɔa Biblia nusɔsrɔ̃ kpli wo wu, eye wo kpekpe be woava kpekpeawo le hame si te ɖe wo ŋu wu me nɔa bɔbɔe na wo o.

Míeka ɖe edzi be ƒome ƒe tawo abu nya sia ŋu gbedodoɖatɔe, ahada nyawo akpɔ nyuie ahakpɔ nusi asɔ na woƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔ me kple ŋutilã me dedienɔnɔ.—Tim. I, 5:8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe