INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lff nusɔsrɔ̃ 52
  • Nu Si Tae Wòle Be Míabu Míaƒe Awudodo Kple Dzadzraɖo Ŋu Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Tae Wòle Be Míabu Míaƒe Awudodo Kple Dzadzraɖo Ŋu Nyuie
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU BUBUWO
  • NU SIWO MÍESRƆ̃
  • KU NU ME TSO NYATIA ŊU
  • Nu Ka Tae Míedoa Awu Siwo Sɔ Ne Míeyina Míaƒe Kpekpewo?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Ðe Wò Awudodo Dea Bubu Mawu Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Awu ka ƒomeviwoe sɔ be míado ne míele teƒe siwo míezãna na Yehowa subɔsubɔ la yim?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Dzedzeme Si Sɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
lff nusɔsrɔ̃ 52
Nusɔsrɔ̃ 52 lia. Nyɔnu aɖe le ŋku lém ɖe awuwo ŋu be yeatia esi yeaƒle.

NUSƆSRƆ̃ 52

Nu Si Tae Wòle Be Míabu Míaƒe Awudodo Kple Dzadzraɖo Ŋu Nyuie

Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ

Awu si tɔgbi mía dometɔ ɖe sia ɖe dina be yeado kple ale si yeadzra ɖoe la le vovovo. Biblia ƒe gɔmeɖose, alo mɔfiame bɔbɔe aɖewo li siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míadzra ɖo ale si míedii eye míaƒe nu nadze Yehowa ŋu hã. Na míadzro mɔfiame mawo dometɔ aɖewo me kpɔ.

1. Biblia ƒe mɔfiame kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya awu siwo míado kple ale si míadzra ɖoe?

Ele be míado “awu ɖe nɔnɔme nyui me, le ŋukpekpe kple ŋuɖɔɖo me,” míanɔ dzadzɛ eye míaƒe dzadzraɖo naɖee afia be ‘míevɔ̃a Mawu.’ (1 Timoteo 2:9, 10) Bu mɔfiame ene siawo ŋu kpɔ: (1) Ele be míaƒe awudodo nanɔ “nɔnɔme nyui me.” Abe ale si nèkpɔnɛ le míaƒe hame ƒe kpekpewo me ene la, Yehowa ƒe amewo lɔ̃a awu ƒomevi vovovowo dodo, gake míaƒe awudodo kple ɖakpakpa alo ɖawɔwɔ ɖenɛ fiana be míedea bubu Mawu si míesubɔna ŋu. (2) Awudodo “le ŋukpekpe” me fia be, mele be míaƒe nudodowo nanyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe amewo me alo ahe susu ava mía ɖokuiwo dzi fũu akpa o. (3) Awudodo le “ŋuɖɔɖo me” fia be mele be míakplɔ awudodo ƒe atsyã ɖe sia ɖe si wobe ele tsia dzi la ɖo o. (4) Ele be míaƒe dzedzeme naɖee afia ɣesiaɣi be ‘míevɔ̃a Mawu,’ eye wòana amewo nakpɔe be míenye Mawu vavã la subɔlawo.—1 Korintotɔwo 10:31.

2. Nu ka tae wòle be míabu míaƒe haxɔsetɔwo ŋu ne míele awu si míado la tiam?

Togbɔ be ablɔɖe le mía si be míatia awu si ƒomevi míado hã la, ele be míabu ale si wòate ŋu aɖe fu na ame bubuwoe la ŋu. Eya ta, míedzea agbagba vevie be míagaɖia ame aɖeke nu o, ke boŋ be ‘míadze mía havi ŋu hena eƒe nyonyo, be míatui ɖo.’—Xlẽ Romatɔwo 15:1, 2.

3. Aleke míaƒe awudodo kple dzadzraɖo ate ŋu ana amewo nadi be yewoasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu?

Míedzea agbagba vevie be míado awu le nɔnɔme nyui me ɣeawokatãɣi, gake míeɖɔa ŋu ɖo etɔxɛe ne míedi be míade hame ƒe kpekpewo alo akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Míedi be míaƒe dzedzeme naɖe fu na amewo si awɔe be womadi be yewoase nya nyuia o. Ke boŋ, míedi be míaƒe dzedzeme nahe amewo ɖe nyateƒea ŋu eye wòaɖo “atsyɔ̃ na Mawu, mía Xɔla, ƒe nufiafia.”—Tito 2:10.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ ale si míate ŋu ana be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nana amewo nakpɔe be míenye Kristotɔ vavãwo.

Ŋutsu eve le tsitre ɖe ʋɔnudrɔ̃la aɖe ŋkume. Wo dometɔ ɖeka do kotu, eye evelia ya ɖɔ kuku, edo awu ɖewoɖewoe eye wovuvu teƒeteƒe aɖewo na awua.

Míaƒe dzedzeme ate ŋu aɖee afia nenye be míedea bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu. Togbɔ be Yehowa nya nu si le míaƒe dzi me hã la, ele be míaƒe dzedzeme hã naɖee afia be míedea bubu eŋu

4. Ne míaƒe dzedzeme sɔ nyuie la, míedea bubu Yehowa ŋu

Nu kae nye susu vevitɔ si tae wòle be míakpɔ egbɔ be míaƒe dzedzeme sɔ nyuie? Mixlẽ Psalmo 47:2, eye miadzro biabia siawo me:

  • Esi wònye be míenye Yehowa ƒe Ðasefowo ta la, aleke wòle be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nanɔ?

  • Ðe nèsusu be ehiã kokoko be míatsi dzi ɖe míaƒe dzedzeme ŋu ne míedi be míade kpekpewo alo akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa mea? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

5. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nasɔ nyuie?

Mikpɔ VIDEOA.

VIDEO: “Miwɔ Nuwo Katã Hena Mawu Ƒe Kafukafu” (10:18)

Míaƒe awuwo ɖaxɔ asi alo womeɖaxɔ asi o, ele be woanɔ dzadzɛ eye woasɔ ɖe nɔnɔme si me míele nu. Mixlẽ 1 Korintotɔwo 10:24 kple 1 Timoteo 2:9, 10. Eyome, miadzro nu si tae wòle be míaƒo asa na awu siawo tɔgbi dodo la me:

  • Awu siwo mele dzadzɛ o, alo awudodo ɖewoɖewoe.

  • Awu siwo míaa ame kpaɖii, esiwo nana ame ƒe teƒeteƒewo nɔa dzedzem, alo esiwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me.

Togbɔ be Kristotɔwo mele Mose ƒe Sea te o hã la, Sea na míenya Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu. Mixlẽ 5 Mose 22:5, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu ka tae wòle be míaƒo asa na awudodo kple dzadzraɖo siwo nana ŋutsuwo dzena abe nyɔnuwo ene alo nana nyɔnuwo dzena abe ŋutsuwo ene?

Mixlẽ 1 Korintotɔwo 10:32, 33 kple 1 Yohanes 2:15, 16, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Nu ka tae wòle be míabu eŋu nyuie kpɔ be ɖe míaƒe awudodo kple dzadzraɖo ɖiaa nutoa me tɔ aɖewo alo hamea me tɔwo nu hã?

  • Awudodo kple dzadzraɖo kawo tɔgbie bɔ ɖe miaƒe nutoa me?

  • Ðe nèsusu be awudodo kple dzadzraɖo ƒe atsyã mawo dometɔ aɖewo masɔ na Kristotɔwo oa? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

Awu ƒomevi vovovowo li míate ŋu ado eye míaƒe nu adze Yehowa ŋu hã

Ŋutsu kple nyɔnu siwo xɔ ƒe vovovowo eye wotso dukɔ vovovowo me la do awu ƒomevi vovovo siwo sɔ na Kristotɔwo, eye woƒe ɖawɔwɔ kple ɖakpakpa hã le vovovo.

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Mekpɔ mɔ ado awu ɖe sia ɖe si medi.”

  • Ðe nèlɔ̃ ɖe nya ma dzia? Nu ka tae?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Ne míetsoa nya me nyuie le awu si míado kple ale si míadzra ɖoe ŋu la, míeɖenɛ fiana be míedea bubu Yehowa kple ame bubuwo ŋu.

Numetoto

  • Nu ka tae ale si míedoa awui kple ale si míedzrana ɖoe la le vevie na Yehowa?

  • Biblia ƒe mɔfiame siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatso nya me le míaƒe awudodo kple dzadzraɖo ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?

  • Nu kae míaƒe awudodo kple dzadzraɖo ate ŋu ana amewo nasusu tso subɔsubɔ vavãtɔ ŋu?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Nyati sia ana nàkpɔ ale si wò awudodo ate ŋu ana amewo nabu wòe.

“Aleke Nye Dzedzeme Le?” (Nyati sia le jw.org)

Le nyati sia me la, àkpɔ nu si tae wòle vevie be nàbu nuwo ŋu nyuie hafi atá nu ɖe ŋuti (alo awɔ tattoo).

“Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nutáta Ðe Ŋuti Ŋu?” (Nyati sia le jw.org)

Xlẽ nu tso mɔfiame bubu siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuiwo la ŋu.

“Ðe Wò Awudodo Dea Bubu Mawu Ŋua?” (Gbetakpɔxɔ, September 2016)

Aleke nyɔnu aɖe si di vevie be yeadze Mawu ŋu la na susu nyuitɔ va su esi le ame bubuwo ƒe awudodo kple dzadzraɖo ŋu?

“Amewo Ƒe Awudodo Kple Dzadzraɖoe Nye Nukikli Nam” (Nyɔ! ƒe nyati)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe