INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w19 August axa 26-28
  • Xɔse—Enye Nɔnɔme Nyui Aɖe Si Nana Míesẽa Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Xɔse—Enye Nɔnɔme Nyui Aɖe Si Nana Míesẽa Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU KAE NYE XƆSE?
  • HAFI XƆSE NASU MÍA SI LA, ELE BE MÍADE ASIXƆXƆ NYATEƑEA ŊU
  • NU SIWO DAVID WƆ TU XƆSE SẼŊU ÐO
  • NU SI NÀWƆ BE NÀDO ŊUSẼ WÒ XƆSE
  • XƆ YESU DZI SE
  • “MITU MIA ÐOKUIWO ÐO ÐE MIAƑE XƆSE KƆKƆETƆ LA DZI”
  • Xɔ Yehowa Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • “Na Míaƒe Xɔse Nadzi Ðe Edzi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Èxɔ Nyanyuia Dzi Se Ŋutɔŋutɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Aleke Gbegbee Wò Xɔse Sẽ Ŋui?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
w19 August axa 26-28

XƆSE​—Enye Nɔnɔme Nyui Aɖe Si Nana Míesẽa Ŋu

  • LƆLƆ̃

  • DZIDZƆ

  • ŊUTIFAFA

  • DZIGBƆGBƆ BLEWU

  • DƆMENYONYO

  • NYUIWƆWƆ

  • XƆSE

  • TUFAFA

  • ÐOKUIDZIÐUÐU

XƆSE nye nɔnɔme nyui aɖe si nana dzi ɖoa mía ƒo. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be Satana di be yeagblẽ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la me hã la, xɔse nana be míetea ŋu ‘tsia vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ bibiawo katã nu.’ (Ef. 6:16) Ne xɔse le mía si la, míate ŋu ado dzi le kuxi sesẽ siwo le abe towo ene la me. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne xɔse le mia si de sinapi-ku ƒe lolome nu la, ekema miagblɔ na to sia be: ‘Ho le afi sia nàyi aɖadze afi mɛ!’ eye wòaho ayi.” (Mat. 17:20) Esi míenya be xɔse ate ŋu awɔe be ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli wu ta la, anyo be míadzro biabia siawo me: Nu kae nye xɔse? Ne míedea asixɔxɔ nyateƒea ŋu la, aleke esia kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe xɔse dzi? Nu kae míawɔ be míaƒe xɔse nasẽ ɖe edzi? Eye ame ka dzie wòle be míaxɔ ase?—Rom. 4:3.

NU KAE NYE XƆSE?

Xɔse mefia kaka ɖe Biblia me nyawo dzi be wonye nyateƒe ko evɔ o, elabe ‘gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã xɔe se be Mawu li, eye wodzona nyanyanya.’ (Yak. 2:19) Ekema, nu kae nye xɔse?

Ale si anyigba dzenae ne wole ekpɔm tso yamenuto me ʋĩi

Ale si ko míeka ɖe edzi be ŋkeke kple zã anɔ anyi ɖaa la, nenema kee míeka ɖe edzi be Mawu ƒe ŋugbedodowo ava eme godoo

Biblia ɖɔ xɔse le mɔ eve nu. Gbã, “xɔse nye dziɖoɖo ɖe nu si wole mɔ kpɔm na la ŋu kakaɖedzitɔe.” (Heb. 11:1a) Ne xɔse le mía si la, míaka ɖe edzi bliboe be nya siwo katã Yehowa gblɔ la nye nyateƒe eye woava eme. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ na Israel-viwo be: “Ne miate ŋu atu nye nubabla le ŋkeke kple zã ŋu, ale be ŋkeke kple zã magava le woƒe ɣeyiɣi dzi o la, ema ko hafi woate ŋu atu nu, si mebla kple nye subɔla David.” (Yer. 33:20, 21) Ðe nèvɔ̃na be ava dzɔ gbe ɖeka be ɣe magadze azɔ o, eye magaɖo to hã o, si awɔe be ŋkeke kple zã maganɔ anyi oa? Gbeɖe. Ne èka ɖe edzi be ɣe adze ahaɖo to gbe sia gbe la, ɖe wòle be nàke ɖi nenye be Ame si wɔ nu siawo la ate ŋu awɔ eƒe ŋugbedodowo dzia?—Yes. 55:10, 11; Mat. 5:18.

Evelia, xɔse nye “kpeɖodzi si dze ƒãa be nu siwo kpɔm womele o la li ŋutɔŋutɔ.” Biblia ɖee fia be xɔse nye “kpeɖodzi si dze ƒãa be” nu siwo li evɔ womekpɔna wo kple ŋku o la li ŋutɔŋutɔ. (Heb. 11:1b) Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ɖevi aɖe bia wò be, ‘Aleke nèwɔ nya be ya li?’ Togbɔ be mèkpɔ ya kple ŋku kpɔ o hã la, anɔ eme be, àkpe ɖe ɖevia ŋu wòade ŋugble le nu siwo ɖo kpe edzi be ya li, abe yagbɔgbɔ, nu siwo míekpɔna tsɔ dea dzesi be ya le ƒoƒom, kple bubuawo ene la ŋu. Ne ɖevia nya ka ɖe kpeɖodzi siwo ɖee fia be nane si yemekpɔna kple ŋku o la li dzi ko la, etea ŋu xɔa edzi sena be eli ŋutɔŋutɔ. Nenema kee, kpeɖodzi sẽŋu dzie wotua xɔse ɖo.—Rom. 1:20.

HAFI XƆSE NASU MÍA SI LA, ELE BE MÍADE ASIXƆXƆ NYATEƑEA ŊU

Esi wònye be kpeɖodzi sẽŋu dzie wotua xɔse ɖo ta la, hafi xɔse nasu ame aɖe si la, ele be “nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la” nasu esi. (1 Tim. 2:4) Gake sidzedze ɖeɖe mesu o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Wotsɔa dzi xɔna sena.” (Rom. 10:10) Menye ɖeko wòle be amea naka ɖe nyateƒea dzi ko evɔ o, ke ele hã be wòade asixɔxɔ eŋu. Esia koe ate ŋu aʋãe be wòaɖe xɔse afia, si fia be, wòanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple nyateƒea. (Yak. 2:20) Ne ame aɖe medea asixɔxɔ nyateƒea ŋu tso dzi me o la, ate ŋu aɖoe koŋ agbe be yemaxɔ kpeɖodzi siwo me kɔ la dzi ase o, le esi medi be yeatrɔ yeƒe dzixɔsewo o alo esi wòdi be yeawɔ nu si eya ŋutɔ di ta. (2 Pet. 3:3, 4; Yuda 18) Esia tae le Biblia ŋlɔɣiwo la, menye ame siwo katã kpɔ nukunuwo teƒe la sie xɔse su o. (4 Mose 14:11; Yoh. 12:37) Ame siwo ko ŋu Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖo xɔse sua wo si lae nye ame siwo lɔ̃a nyateƒea tso dzi me eye wotsria aʋatso.—Gal. 5:22; 2 Tes. 2:10, 11.

NU SIWO DAVID WƆ TU XƆSE SẼŊU ÐO

Ame siwo si xɔse sẽŋu nɔ la dometɔ ɖekae nye Fia David. (Heb. 11:32, 33) Ke hã, menye David ƒe ƒometɔ ɖe sia ɖe sie xɔse ma tɔgbi nɔ o. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esi David tsi dzi ɖe ale si Goliat nɔ alɔme ɖem le Mawu ƒe amewo ŋui ŋu la, foa, Eliab, ɖee fia be xɔse mele ye si o, esi wòka mo na David. (1 Sam. 17:26-28) Womedzi ame aɖeke kple xɔse o, eye ame aɖeke menyi xɔse dome tso edzilawo gbɔ o, eya ta, xɔse si nɔ David si la tso ƒomedodo si nɔ woa kple Mawu dome la gbɔ.

Le Psalmo 27 lia me la, David ƒe nyawo na míekpɔ ale si wòwɔ xɔse sẽŋu ma gbegbe va su esi. (Kpukpui 1) David de ŋugble le nu siwo me wòto le agbe me kple ale si Yehowa tu nu kple eƒe futɔwo la ŋu. (Kpukpui 2, 3 lia) Ede asixɔxɔ gã ɖoɖo si Yehowa wɔ ɖe subɔsubɔ ŋu la ŋu. (Kpukpui 4 lia) David wɔ ɖeka kple ehati Yehowa subɔlawo wosubɔ Yehowa le avɔgbadɔa me ɖekae. (Kpukpui 6 lia) Edoa gbe ɖa ƒoa koko na Yehowa vevie. (Kpukpui 7, 8 lia) David di hã be Mawu nafia eƒe mɔwo ye. (Kpukpui 11 lia) David de asixɔxɔ nɔnɔme nyui si nye xɔse ŋu ale gbegbe be ebia eɖokui be: “Afi kae manɔ ne ɖe xɔse mele asinye . . . o?”—Kpukpui 13 lia.

NU SI NÀWƆ BE NÀDO ŊUSẼ WÒ XƆSE

Xɔse si nɔ David si la tɔgbi ate ŋu asu asiwò ne èsrɔ̃ eƒe nɔnɔme hewɔ nu abe ale si wòɖe dzesi le Psalmo 27 lia me ene. Esi wònye be sidzedze vavãtɔ dzie wotua xɔse ɖo ta la, zi ale si nèsrɔ̃a Mawu ƒe Nyaa kpakple Biblia-srɔ̃gbalẽwo la, zi nenemae wòanɔ bɔbɔe na wò be Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa sia nasu asiwò. (Ps. 1:2, 3) De ŋugble nyuie ne èle nu srɔ̃m. Ne míele nu srɔ̃m eye míedea ŋugble le nu si srɔ̃m míele ŋu la, esia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋudzedze ɖe mía Mawu Yehowa ŋu geɖe wu. Zi ale si nèva le ŋudzedze kpɔm ɖe Yehowa ŋu la, zi nenemae nàɖe xɔse afia, le mɔ sia nu be, àyi edzi anɔ eyama subɔm le hamea ƒe kpekpewo me eye ànɔ nu ƒom tso mɔkpɔkpɔ si le asiwò la ŋu na amewo. (Heb. 10:23-25) Azɔ hã, míeɖea xɔse fiana ne míeyia gbedodoɖa dzi ‘eye míenaa ta o.’ (Luka 18:1-8) Eya ta, ‘nɔ gbedodoɖa dzi’ na Yehowa “ɣeawokatãɣi,” eye ka ɖe edzi be ‘eléa be na wò.’ (1 Tes. 5:17; 1 Pet. 5:7) Xɔse ʋãa mí míedina be míawɔ nu si le dzɔdzɔe, eye ne míewɔ nu si le dzɔdzɔe la, esia hã doa ŋusẽ míaƒe xɔse.—Yak. 2:22.

XƆ YESU DZI SE

Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le zã si do ŋgɔ na eƒe ku la me be: “Mixɔ Mawu dzi se; mixɔ nye hã dzinye se.” (Yoh. 14:1) Eya ta, menye Yehowa dzi koe wòhiã be míaxɔ ase o, ke ehiã be míaxɔ Yesu hã dzi ase. Aleke míate ŋu aɖee afia be míexɔ Yesu dzi se? Na míadzro mɔ etɔ̃ aɖewo siwo dzi míate ŋu ato awɔ esia la me kpɔ.

Yesu kple eƒe apostolo wɔnuteƒe 11-awo

Nu kae wòfia be míaxɔ Yesu dzi ase?

Gbã, bu tafe la be enye nunana si tso Mawu gbɔ na wò. Apostolo Paulo gblɔ be: “Mawu ƒe Vi si lɔ̃m eye wòtsɔ eɖokui na ɖe tanye la dzi xɔxɔ se mee meli ɖo.” (Gal. 2:20) Ne èxɔ Yesu dzi se la, ekema, àka ɖe edzi bliboe be tafe la aɖe vi na wò, le tafea ta la, woatsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò, mɔkpɔkpɔ asu asiwò be àva nɔ agbe tegbee, eye àkpɔe adze sii be tafe lae nye lɔlɔ̃ si le Mawu si na wò la ƒe kpeɖodzi gãtɔ kekeake. (Rom. 8:32, 38, 39; Ef. 1:7) Ne èka ɖe edzi bliboe be tafea aɖe vi na ye la, esia akpe ɖe ŋuwò be mànɔ fɔ bum ɖokuiwò o eye màbui be asixɔxɔ mele ye ŋu o.—2 Tes. 2:16, 17.

Evelia, Yesu ƒe vɔsaa na mɔnukpɔkpɔ wò be nànɔ gbe dom ɖa na Yehowa ahana mia kplii dome nanɔ kplikplikpli. Le tafea ta la, míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa “aƒo nu faa, ale be wòakpɔ nublanui na mí, eye wòave mía nu le hiahiãgbe.” (Heb. 4:15, 16; 10:19-22) Gbedodoɖa doa ŋusẽ mí míegaɖonɛ kplikpaa wu tsã be míawɔ nu vɔ̃ o.—Luka 22:40.

Etɔ̃lia, ɖo to Yesu. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Ame si xɔa Vi la dzi sena la, agbe mavɔ le esi; ame si meɖoa to Vi la o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia edzi.” (Yoh. 3:36) De dzesii be Yohanes ɖee fia be, ne ame aɖe mexɔ Yesu dzi se o la, efia be, egbe toɖoɖo eyama. Eya ta, ne èɖoa to Yesu la, efia be èxɔ eyama dzi se. Ne èɖoa to Yesu la, ekema, àwɔ “Kristo la ƒe se la,” si nye nu siwo katã Yesu fia kple eƒe sededewo katã, dzi. (Gal. 6:2) Azɔ hã, ne èɖoa to Yesu la, ekema àwɔ mɔfiame siwo wònana to “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dzi la dzi. (Mat. 24:45) Ne èɖoa to Yesu la, esia ado ŋusẽ wò be nàdo dzi le nɔnɔme siwo ɖi vɔvɔ̃ abe ahom sesẽwo ene la me.—Luka 6:47, 48.

“MITU MIA ÐOKUIWO ÐO ÐE MIAƑE XƆSE KƆKƆETƆ LA DZI”

Gbe ɖeka, ŋutsu aɖe ƒo koko na Yesu be: “Xɔse le asinye! Gake kpe ɖe ŋunye le afi si mehiã xɔse le!” (Marko 9:24) Xɔse aɖe si nu le ŋutsu sia si, gake elɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be yehiã xɔse geɖe wu. Abe ŋutsu sia ene la, mí katã míava kpɔ mía ɖokui le nɔnɔme aɖe me gbe ɖeka eye míakpɔe be míehiã xɔse geɖe wu. Azɔ hã, mí katã míate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse fifia. Abe ale si míekpɔe ene la, míedoa ŋusẽ míaƒe xɔse ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nyaa hedea ŋugble le eŋu, eye esia nana míegakpɔa ŋudzedze ɖe mía Mawu Yehowa ŋu geɖe wu. Míaƒe xɔse agasẽ ɖe edzi, ne míewɔa ɖeka kple haxɔsetɔwo subɔa Yehowa, ƒoa nu tso míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu na amewo le gbeadzi, eye míenɔa gbedodoɖa dzi. Gakpe ɖe eŋu la, ne míedo ŋusẽ míaƒe xɔse la, teƒeɖoɖo gãtɔ kekeake sua mía si. Eyae nye esi Mawu ƒe Nyaa gblɔ esi wòde dzi ƒo na mí be: “Lɔlɔ̃tɔwo, mitu mia ɖokuiwo ɖo ɖe miaƒe xɔse kɔkɔetɔ la dzi, . . . eye minɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa.”—Yuda 20, 21.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe