INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 35
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Kristmas Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Kristmas Ŋu?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Kristmas-kɔnuwo ƒe ŋutinya
  • Kristmas—Nukata Woɖunɛ le Ɣedzeƒe Gɔ̃ Hã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Kristotɔwo Ƒe Azãe Kristmas Nyea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Kristmas Xexeme Ŋkekenyui alo Mawusubɔlawo ƒe Ŋkeke Kɔkɔe Yea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Egbegbe Kristmas ƒe Dzɔtsoƒewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 35

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Kristmas Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Biblia meyɔ Yesu dzigbe o eye megblɔ hã be míaɖu eƒe dzigbezã o. McClintock kple Strong ƒe Cyclopædia gblɔ be: “Menye Mawue de Kristmas-ɖuɖu ƒe se o, eye mele Nubabla Yeyea me o.”

Azɔ hã ne míexlẽ ŋutinya siwo ku ɖe Kristmas ŋu nyuie la, míakpɔe be trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo mee wòdzɔ tso. Biblia gblɔ be edoa dziku na Mawu ne míedi be míasubɔe le mɔ si ŋuti mekpɔ ŋudzedze ɖo o la nu.—2 Mose 32:5-7.

Kristmas-kɔnuwo ƒe ŋutinya

  1. Yesu ƒe dzigbezã ɖuɖu: “Kristotɔ gbãtɔwo meɖu [Yesu ƒe] dzigbezã o, elabena wobu ame sia ame ƒe dzigbezã ɖuɖu be enye trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu.”—The World Book Encyclopedia.

  2. December 25: Kpeɖodzi aɖeke meli be wodzi Yesu le ŋkeke sia dzi o. Anɔ eme godoo be sɔlemehakplɔlawoe tia ŋkeke sia be wòadze trɔ̃subɔlawo ƒe azã si woɖuna le vuvɔŋɔli la dzi.

  3. Nunana amewo, dzidzɔkpɔkpɔ, kplɔ̃ɖoɖowo: Numekugbalẽ si nye The Encyclopedia Americana gblɔ be: “Saturnalia, si nye Romatɔwo ƒe azã aɖe si woɖuna le December titina ƒe wɔnawoe wokpɔ tsɔ le Kristmas ƒe dzidzɔkpɔkpɔkɔnuwo dometɔ geɖe wɔmee. Le kpɔɖeŋu me, azã sia mee woɖe aglotutu gãwo, nunana amewo, kple velewo sisi tsoe.” Encyclopædia Britannica gblɔ be “wodzudzɔa dɔ ɖe sia ɖe wɔwɔ” le Saturnalia-ɖuɣi.

  4. Kristmas-kaɖiwo: The Encyclopedia of Religion gblɔ be Europatɔwo tsɔa “akaɖiwo kple seƒoƒo ƒomevi vovovowo” ɖoa atsyɔ̃ na woƒe aƒewo be woatsɔ aɖu azã na vuvɔŋɔli eye woatsɔ awɔ aʋa kple gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo hã.

  5. Logblati kple ati si woyɔna be holly (houx): “Blema Britain ƒe Druidwo xɔ se be akunyawɔwɔ ƒe ŋusẽ tɔxɛ aɖe le logblati me, eya ta wozãnɛ tsɔ kpɔa ame ɖokui ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo, gbesawo, kple fiƒode bubuwo si me. Wosubɔa ati si woyɔna be holly abe ɣe ƒe tɔtrɔ gbɔ ƒe kpeɖodzi ene.”—The Encyclopedia Americana.

  6. Kristmas-ti: “Europatɔ trɔ̃subɔlawo ƒe atisubɔsubɔ sia tsi anyi le woƒe dzimetɔtrɔ zu Kristotɔwo gɔ̃ hã megbe.” Nu siwo me atisubɔsubɔ sia gakpɔtɔ dzena le lae nye kɔnu si nye “Yule-tiwo dada ɖe ʋɔtruwo nu kple aƒewo me le vuvɔŋɔli titina zãwo ɖuɣi.”​—Encyclopædia Britannica

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe