INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
Gbeƒãɖeɖe
Gbegbɔgblɔ bubu va kpee: Betsileo
  • Egbe

Braɖa, October 28

[Yehowa] ana mianɔ te sesĩe.—1 Pet. 5:10.

Mí Yehowa subɔla wɔnuteƒewo hã míedzea dɔ, eye míetoa nɔnɔme sesẽwo me abe ame bubuwo ke ene. Azɔ hã, ame siwo lé fu Mawu ƒe amewo tea ŋu tsia tre ɖe mía ŋu alo tia mía yome. Togbɔ be Yehowa mexea mɔ be nu siawo nagadzɔ ɖe mía dzi o hãa, edo ŋugbe be yeakpe ɖe mía ŋu. (Yes. 41:10) Le eƒe kpekpeɖeŋu mea, míate ŋu ayi edzi akpɔ dzidzɔ, atso nya me nyuie, eye míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ le nɔnɔme sesẽtɔwo gɔ̃ hã me. Yehowa do ŋugbe be yeana ‘yeƒe ŋutifafa’ mí. (Flp. 4:​6, 7) Mawu ƒe ŋutifafa sia nye dziɖeɖi kple dzidzeme si sua ame si ne ele ƒomedodo nyui me kple Yehowa. Ŋutifafa sia “ƒo gɔmesesewo katã ta,” si fia be ale si ŋutifafa sia wɔa dɔe la wɔ nuku ŋutɔ. Ðe wòdzɔ ɖe dziwò be èdo gbe ɖa na Yehowa vevie eye kasia wò dzi dze eme kpɔa? Emae nye “Mawu ƒe ŋutifafa.” w24.01 20 ¶2; 21 ¶4

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Kuɖa, October 29

Makafu Yehowa; nu sia nu si le menye nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.—Ps. 103:1.

Nuteƒewɔla siwo lɔ̃ Mawu la, akafu eƒe ŋkɔ tso dzi blibo me. Fia David se egɔme be, be woakafu Yehowa ƒe ŋkɔa fia be woakafu Yehowa ŋutɔ. Ne míese ŋkɔ Yehowa la, míaƒe susu yia ame si wònye, nɔnɔme nyui siwo le esi kple eƒe dɔ wɔnukuwo katã dzi. David di be yeakɔ ye Fofo si le dziƒo ƒe ŋkɔa ŋu eye yeakafui. Edi be yeakafu Yehowa kple dzi blibo, eya tae wògblɔ be “nu sia nu si le menye nekafu eƒe ŋkɔ.” Nenema kee Lewi-viwo hã xɔ ŋgɔ kafu Yehowa. Wolɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be kafukafu si Yehowa dze na la, yewomate ŋu agblɔe kple nu wòade edeƒe gɔ̃ hã o. (Neh. 9:5) Ðikeke mele eme o be ale si wobɔbɔ wo ɖokui kafu Yehowa tso dzi me na Yehowa kpɔ dzidzɔ. w24.02 9 ¶6

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Yawoɖa, October 30

Afi ka kee míeyi ŋgɔ se ɖo o, mina míayi ŋgɔ tẽe le ɖoɖo nu le mɔ ma ke nu.—Flp. 3:16.

Ne míete ŋu ɖo míaƒe taɖodzinu aɖe gbɔ o le esi wòsesẽ akpa taa, Yehowa mabu mí be míedo kpo nu o. (2 Kor. 8:12) Ne nane xe mɔ na wò be mète ŋu ɖo wò taɖodzinua gbɔ oa, srɔ̃ nu tso eme. Nɔ ŋku ɖom taɖodzinu siwo gbɔ nète ŋu ɖo xoxoa dzi. Biblia gblɔ be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ . . . be o.” (Heb. 6:10) Eya ta wò ŋutɔ hã mègaŋlɔ nu siwo nète ŋu wɔ xoxoa be o. Nɔ ŋku ɖom taɖodzinu siwo gbɔ nète ŋu ɖo va yia dzi. Ate ŋu anye taɖodzinu si nèɖo be yeanye Yehowa xɔlɔ̃, yeazu gbeƒãɖela eye yeaxɔ nyɔnyrɔ. Ale si ko nèku kutri ɖo wò taɖodzinu aɖewo gbɔ va yia, àte ŋu aɖo taɖodzinu siwo nèɖo fifia hã gbɔ. Yehowa akpe ɖe ŋuwò be nàɖo wò taɖodzinua gbɔ. Ehiã be nàde dzesi ale si Yehowa le kpekpem ɖe ŋuwò esi nèle agbagba dzem be yeaɖo yeƒe taɖodzinua gbɔ. Esia ana wò hã nàkpɔ dzidzɔ. (2 Kor. 4:7) Ne èku kutri vevie eye mèna ta oa, àkpɔ yayra geɖe.—Gal. 6:9. w23.05 31 ¶16-18

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe