INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g00 1/8 axa 3
  • Atikewɔwɔ Gɔmetolawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Atikewɔwɔ Gɔmetolawo
  • Nyɔ!—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Geɖe Va Le Atikewɔwɔ Kple Dɔwɔwɔname Ʋumazãmazãe Tiam
    Nyɔ!—2000
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Melɔ̃na Wodoa Ʋu Na Wo O?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
    Nyɔ!: Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
  • Ʋudodo Na Ame—Wohe Nya le Eŋu Ɣeyiɣi Didi Aɖe
    Nyɔ!—2000
Nyɔ!—2000
g00 1/8 axa 3

Atikewɔwɔ Gɔmetolawo

WOGBLƆ na José si xɔ ƒe 61 tso Belgium ƒe du sue si nye Oupeye me be ehiã be woaɖe ame bubu ƒe aklã ade nɛ. Egblɔ be: “Dzidzi meƒom alea gbegbe kpɔ o.” Anɔ ƒe blane siwo va yi ko me la, womebu eŋu kpɔ gɔ̃ hã be woaɖe ame aɖe ƒe aklã ade na ame bubu o. Le ƒe 1970 ƒeawo me gɔ̃ hã la, amesiwo tsia agbe le dɔwɔwɔ ma me anɔ ame 30 le alafa me ko. Gake egbea la, aklã dede na amewo va bɔ, eye wole dzidzedze geɖe wu kpɔm.

Gake kplamatsedonu sesẽ aɖe gakpɔtɔ li. Esi wònye ʋu geɖe dona le ame ŋu ne wole aklã dem na ame ta la, zi geɖe ɖɔktawo doa ʋu na ame le dɔa wɔwɔ me. Le José ƒe subɔsubɔdzixɔsewo ta la, medi be woado ʋu na ye o. Gake edi be woade aklãa na ye. Manya wɔ oa? Ame aɖewo asusui nenema. Gake amekolagã la susui be ye kple yeƒe dɔwɔlawo yewoate ŋu awɔ dɔa wòadze edzi ʋumazãmazãe. Eye wowɔe wòdze edzi hã! Le dɔa wɔwɔ na José ƒe ŋkeke 25 pɛ ko megbe la, etrɔ yi srɔ̃a kple vianyɔnu gbɔ le aƒeme.a

Le amesiwo Time magazine yɔ be “atikewɔla xɔŋkɔwo” ƒe bibi ta la, atikewɔwɔ kple dɔwɔwɔname ʋumazãmazãe va bɔ fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Gake nukatae ame geɖe va le ŋudzedze kpɔm ɖe eŋu nenema? Be míaɖo biabia ma ŋu la, mina míalé ŋku ɖe ʋudodo na ame ŋuti nya siwo do mo ɖa va yi ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Yehowa Ðasefowo bua dɔwɔwɔ siwo me woɖea ame bubu ƒe ŋutinuwo ade na ame be enye nyametsotso si amesiame anɔ te ɖe eya ŋutɔ ƒe dzitsinya dzi awɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Le xexeame godoo la, ɖɔkta siwo wu 90,000 na wonya be yewoalɔ̃ faa awɔ atike na Yehowa Ðasefowo ʋumanɔmee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe