INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 10/10 axa 20
  • Amewo Le Mawu Ƒe Ŋkɔa Nyam!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amewo Le Mawu Ƒe Ŋkɔa Nyam!
  • Nyɔ!—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ
    Nyɔ!—2017
  • Alesi Nàwɔ Anya Mawu ƒe Ŋkɔ
    Nyɔ!—2004
  • A4 Ale Si Wozã Mawu Ƒe Ŋkɔa Le Hebri Ŋɔŋlɔawo Me
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ Ðe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2010
g 10/10 axa 20

Amewo Le Mawu Ƒe Ŋkɔa Nyam!

● Ne èɖi tsa le Orleans Ƒukpo dzeania dzi, le Quebec City dua ŋu le Canada la, àde dzesii enumake be ame siwo ʋu va afi ma gbã la do vevie mawusubɔsubɔ ŋutɔ. Blema gbedoxɔ siwo wotu ɖe mɔ to la gale mɔ si ƒo xlã ƒukpoa la dzi kokoko, eye sɔlemexɔ le duawo dometɔ ɖe sia ɖe me.

Gbedoxɔ gbãtɔ si wotu ɖe Quebec le 1717 me la gakpɔtɔ le Saint-Pierre dua me. Togbɔ be ezu aɖaŋunuwo dzraɖoƒe fifia hã la, nu ɖedzesi aɖe le afi ma. Ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔna ŋlɔa Mawu si na woŋlɔ Biblia la ƒe ŋkɔ, si nye Yehowa, dze le ataro la tame.

Le dukɔ geɖe me egbea la, ƒãa hafi nàse ame aɖe nayɔ Mawu ƒe ŋkɔ le Katolikotɔwo ƒe sɔleme, kaka wòanye be woaŋlɔe ɖe afi ma nàkpɔ. Agbalẽ aɖe si papa ɖo ɖe Katoliko hamewo tso Vatikan la le ƒe 2008 me de se kura gɔ̃ hã be mele be “woazã alo ayɔ” Mawu ƒe ŋkɔ le Katolikotɔwo ƒe subɔsubɔwɔna aɖeke, woƒe hadzidziwo alo gbedodoɖawo me o. Evɔ Biblia na eme kɔ ƒãa be Yehowa Mawu di be “woakafu [yeƒe] ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.”—2 Mose 9:16.

Yehowa Ðasefowo xɔe se be menye Mawu ƒe ŋkɔ ŋɔŋlɔ ɖe sɔlemexɔ aɖe me koe ana ame ƒe nu nadze eŋu o, ke boŋ ebia nu geɖe sãsãsã wu ema. Wozãa gaƒoƒo miliɔn 1,500 kple edzivɔ tsɔna fiaa nu amewo le xexea me godoo tso Mawu ƒe ŋkɔ kple ta me siwo wòɖo la ŋu. Wogbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, ŋlɔ ɖe afi si wòdze be wòanɔ le Biblia me. Woɖe nyawo gɔme pɛpɛpɛ, abe ale si wòle le gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo me ene la, ɖe Biblia si wota, si woyɔna be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la me, eye ŋkɔ Yehowa dze le eƒe Eŋlisigbe me tɔ me zi 7,000 kloe. Wota Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo miliɔn 165 sɔŋ ɖe gbegbɔgblɔ 83 me fifia. Nya si koŋ wòle be míabia tso Mawu ƒe ŋkɔa zazã ŋue nye: Kpeɖodzi kae le ame aɖe si, si tae wòagbe be mele be míazãe o?—g10-E 07.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Wota Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia, si me ŋkɔ Yehowa dze le zi 7,000 kloe la bliboa alo eƒe akpa aɖewo ɖe gbegbɔgblɔ 83 me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe