Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
Wowɔ wɔna tɔxɛ aɖe na srɔ̃gbelawo le Italy zi gbãtɔ. Ame siwo va wɔnaa teƒe la yi ame siwo dia srɔ̃ na ame la gbɔ be woakpe ɖe yewo ŋu yewoakpɔ kpeɖeŋutɔ bubu, mɔzɔzɔ ŋuti dɔwɔlawo wɔ mɔkekeyiyi ŋuti ɖoɖo na trewo, eye srɔ̃gbegbe ŋuti gbalẽ wɔlawo di senyalawo, susuŋutinunyalawo, kple ƒomenya gbɔ kpɔlawo na amewo.—CORRIERE DELLA SERA, ITALY.
“Ame geɖe megaka ɖe” Katoliko Ha la dzi o, le “ale si womekpɔ nunɔlawo ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ kuxia gbɔ nyuie o” ta, eye esia nye “ha la ƒe kuxi gãtɔ kekeake le ƒe alafawo me, alo le eƒe ŋutinya katã me.”—NATIONAL CATHOLIC REPORTER, U.S.A.
Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo lé ŋku ɖe Greenlandtɔ aɖe si ku ƒe 4,000 aɖewoe nye esia la ƒe ɖa, si ŋu woke ɖo le sno me la ƒe domenyiŋusẽfianu (DNA), ŋu la gblɔ be “edze abe Siberia ye wòtso ene.”—REUTERS NEWS SERVICE, U.S.A.
Womegale Kakam Ðe Ha La Dzi O
Woɖe gbeƒãe le The Irish Times me be: “Ame akpa gãtɔ megaka ɖe [Katoliko] Ha la dzi o.” Nyadzɔdzɔgbalẽ sia yɔ Katoliko Ha la kpe ɖe nuɖoanyi siwo dzi Irelandtɔ akpa gãtɔ megaka ɖo o la ŋu, siwo nye dziɖuɖua kple gadzraɖoƒewo. Le dukɔ ma si amewo ƒe nuteƒewɔwɔ na sɔlemeha la ɖe dzesi ŋutɔ tsã me la, ame siwo wobia gbee nyitsɔ laa la gblɔ be yewomeka ɖe sɔlemeha la dzi “kura o” (32 le alafa me) alo be yewomeka ɖe edzi “tututu o” (21 le alafa me). Wogblɔ be ŋukpenanuwɔwɔ siwo dze go le haa me nyitsɔ laa gbɔe wòtso be amewo “megaka ɖe edzi o.”
Yunivɛsitidela Siwo Mekpɔ Dɔ O
Ðe kakaɖedzi li be ame si de yunivɛsiti la akpɔ dɔ awɔa? Manila Bulletin ka nya ta be mele alea le ame geɖe gome o. Eka nya ta be Herbert Bautista, si nye Quezon City ƒe dudzikpɔla, gblɔ be: “Ƒe sia ƒe la, ame miliɔn geɖe wua kɔledzi kple yunivɛsiti nu gake womekpɔa dɔ o, elabena dɔ siwo me woawɔ nu siwo wosrɔ̃ le suku ŋu dɔ le la meli o.” Wo dometɔ geɖe va nɔa kpekpeɖeŋunadɔwo wɔm le ɔfiswo alo nuɖuɖudzraƒewo. Dziɖuɖua le dzi dem ƒo na ame siwo do le sekɛndrisuku be woasrɔ̃ aɖaŋudɔ alo asinudɔ siwo sɔsrɔ̃ mexɔa ƒe geɖe o, bene wòanɔ bɔbɔ wu be woakpɔ dɔ awɔ.
Tɔdzisasrã Lé Ɣebia Le Taɖeɖe Ta
Le Calcutta, India la, amewo ƒe taɖeɖe le nu gblẽm le Howrah Tɔdzisasrã, si didi afɔ 1,500 (meta 457) la ŋu vevie. Nu ka tae? Dumevi geɖe ɖua Gutkha, si nye betel-makpa, areca-ku, kple nu ɣi aɖe (slaked lime) si wotsɔ tsaka la hetunɛ. Nu sia nana ga léa ɣebia bɔbɔe. Le Calcutta ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ The Telegraph ƒe nya nu la, “tso ƒe 2007 la, ŋusẽ si le afɔzɔla gbogboawo ƒe taɖeɖe ŋu la na gakpo siwo kpɔa [tɔdzisasrã] la ƒe sɔtiwo ta la ƒe titrime ɖiɖi tso milimeta ade va ɖo etɔ̃.” Afɔzɔla 500,000 kple ʋu 100,000 toa tɔdzisasrã sia dzi gbe sia gbe.—g11-E 03.