Tsaɖiɖi Le Afi Si Kluviwo To
TSO ƒe 1600-awo va ɖo ƒe 1800-awo me la, dugã si nye Ouidah wɔ akpa vevi aɖe le kluvisitsatsa me le Ɣetoɖoƒe Afrika. Ouidah, si le afi si woyɔna fifia be Republic of Benin la, nye afi si wodzra ame miliɔn geɖe le be woanye kluviwo le ƒugodo. Zi geɖe la, Afrikatɔwo dzraa wo nɔvi Afrikatɔ bubuwo tsɔ xɔa aha, avɔwo, alɔnugɛwo, hɛwo, ɣiwo, kple vevietɔ tuwo, elabena to vovovo me tɔwo nɔ aʋa wɔm kple wo nɔewo.
Wobu akɔnta be tso ƒe 1500-awo me va ɖo ƒe 1800-awo me la, wotsɔ Afrikatɔ miliɔn 12 de meli tsɔ tso Atlantik Ƒuae be woaɖanye kluviwo le agblewo dzi kple tomenukuƒewo le Xexe Yeyea me. Agbalẽ si nye American Slavery—1619-1877 gblɔ be wokplɔ kluviawo dometɔ 85 le alafa me “yi Brazil kple Caribbean nuto vovovo siwo dzi ɖum Britain, France, Spain, kple Holland nɔ la me.” Wobu akɔnta be wokplɔ wo dometɔ 6 le alafa me yi nuto si va zu United States la me.a
Hafi woakplɔ kluviawo ayi aɖatso ƒuae la, wodea kunyowu wo, woƒoa wo hetsɔa ga xɔdzo dea dzesi wo hafi nana wozɔa kilometa 4 ƒe mɔ tso mɔ̃, si wogbugbɔtu, si woyɔna fifia be Ouidah Ƒe Blemanudzraɖoƒe la yia Demagbɔ Ƒe Agbo nu, le ƒua ta. Agbo sia nye Afi Si Kluviwo To la ƒe nuwuƒe. Kpɔɖeŋu ƒe agbo koe esia nye, elabena menye teƒe sia koe wokplɔa kluviwo tona hafi ɖona ɖe ƒugodo o. Nu ka gbɔe wòtso be kluvisitsatsa va xɔ aƒe ɖi nenema?
Blema Ŋutinya Wɔnublanui Aɖe
Le blema la, Afrika dziɖulawo dzraa kluviwo na Arab asitsalawo. Emegbe Europa dziɖuɖuwo de asi kluvisitsatsa me, vevietɔ esime wonɔ Dziehe kple Anyiehe Amerika nutowo dzi ɖum. Azɔ hã, aʋa nɔ edzi yim le to vovovo me tɔwo dome, si wɔe be woɖe ame geɖe aboyo wozu kluviwo, eye esia na aʋadziɖulawo kple asitsala ɖokuitɔdilawo siaa kpɔ viɖe geɖe tso kluvisitsatsa me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woléa ame aɖewo sesẽe dzrana wozua kluviwo, alo woƒlea wo tso Afrika asitsala siwo ƒle wo tso Afrika dukɔ didiwo me la si me. Wotea ŋu dzraa ame sia ame ƒomevi wòzua kluvi, ne enye bubume, si ŋu fia megakpɔ ŋudzedze ɖo o, gɔ̃ hã.
Ame aɖe si xɔ ŋkɔ ɖe kluvisitsatsa mee nye Braziltɔ Francisco Félix de Souza. Le ƒe 1788 me la, De Souza va zu mɔ̃ si le Ouidah, si nye kluvisitsaƒe vevi aɖe si le ƒutanuto si woyɔna be Bight of Benin la dzi kpɔla. Ɣemaɣi la, Ouidah nɔ Dahomey ƒe Fiaɖuƒea te. Ke hã, masɔmasɔ aɖe nɔ De Souza kple Dahomey Fia Adandozan dome. Ðewohĩ esi De Souza nɔ gaxɔmee woa kple fia la nɔviŋutsu woɖo nugbe ɖe fia la ŋu heɖee le zi dzi le ƒe 1818 me. Ale Ghezo, si nye fia yeye la kple De Souza, si wotsɔ ɖo kluvisitsatsaa nui la, wɔ nu aduadu hekpɔ viɖe geɖe tso kluvisitsatsa me.b
Ghezo ƒe taɖodzinue nye be yeana yeƒe fiaɖuƒea nakeke ta, eye ehiã na Europatɔwo ƒe aʋawɔnuwo na esia wɔwɔ. Eya ta eɖo De Souza wònye Ouidah ƒe nutomefia bene wòaxɔ ŋgɔ le asitsatsa kple Europatɔwo me. Esi De Souza kpɔ ŋusẽ ɖe kluvisitsatsa dzi le Afrika ƒe akpa sia bliboe ta la, ekpɔ hotsui, eye kluvisitsaƒe si te ɖe eƒe aƒe ŋu la va zu asitsaƒe vevi aɖe na Afrika kple dukɔ bubuwo ƒe kluvisitsalawo.
Mɔzɔzɔ Si Me Wokpe Fu Geɖe Le
Egbea, ame siwo di be yewoaɖi tsa le Afi Si Kluviwo To le Ouidah la dzea egɔme tso Portugaltɔwo ƒe mɔ̃ si wova gbugbɔ tu la dzi. Ƒe 1721 mee wotu mɔ̃ sia zi gbãtɔ, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ azɔ be Ouidah Ƒe Blemanudzraɖoƒe. Aboyome siwo woadzra woazu kluviwo la nɔa xɔxɔnu gã si ŋu wotɔ kpɔ ɖo la me. Wodea kunyowu wo dometɔ akpa gãtɔ henana wozɔa zã geɖe hafi va ɖoa afi ma. Nu ka tae wozɔa zã ɖo? Elabena vivitia wɔnɛ be womekpɔa mɔ si woto va la dzea sii o, si wɔnɛ be wòsesẽna na sisilawo be woatrɔ ayi aƒe.
Ne kluviwo ƒe ha aɖe va ɖo la, wodoa asi ɖe wo ŋu hedzraa wo na asitsala si ƒe ga kɔ mo dzi wu, ke ame siwo ƒle wo la tsɔa ga xɔdzo dea dzesi wo. Wodea kluvi siwo woaɖo ɖe duta la akro alo tɔdziʋu suewo me hekplɔa wo yia meliawo gbɔe.
Teƒe bubu si tsaɖilawo yina le Afi Si Kluviwo To lae nye afi si Nuŋlɔbe Ƒe Ati la nɔ tsã. Egbea, ŋkuɖodzinu aɖe le afi si atia nɔ tsã. Wogblɔ be wozia kluviwo dzi be woazɔ aƒo xlãe. Ŋutsuwo ƒoa xlãe zi asieke, ke nyɔnuwo ƒoa xlãe zi adre. Wogblɔna na wo be nu sia wɔwɔ ana woaŋlɔ aƒe be. Wonana wowɔa esia kple susu be womagadze aglã o.
Ŋkuɖodzinu aɖe hã le mɔa dzi si wotsɔ ɖoa ŋku Zomaï, siwo nye xɔvi siwo megali fifia o la dzi. Nya Zomaï fia ale si xɔa me doa viviti ɣeawokatãɣi. Womimia kluviwo ɖe xɔvi siawo me kple susu be woate ŋu atrɔ ɖe nɔnɔme madeamedzi siwo me woava nɔ le melia me ŋu. Le nyateƒe me la, wotea ŋu nɔa xɔvi mawo me ɣleti geɖe hafi wova kplɔa wo dzonae. Woɖia wo dometɔ siwo ku la ɖe do gã ɖeka me.
Ŋkuɖodzinu si woyɔna be Zomachi, si nye dzimetɔtrɔ kple ame nɔewo dome dzadzraɖo ƒe dzesi, la wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Ƒe sia ƒe le January me la, kluviwo kple kluvisitsalawo siaa ƒe dzidzimeviwo va biaa tsɔtsɔke na ame siwo wɔ nu madzɔmadzɔ mawo.
Teƒe mlɔetɔ le tsaɖiƒeae nye Demagbɔ Ƒe Agbo la. Ŋkuɖodzinu sia nye ale si kluviawo magatrɔ agbɔ va Afrika nyigba dzi o la ƒe dzesi. Nutata aɖe le ŋkuɖodzinu sia, si nye mɔnu si tame xa goba la, dzi. Wota Afrikatɔ siwo wode kunyowu na, siwo le zɔzɔm le fli eve me ɖo ta ƒuta, eye Atlantik Ƒua le wo ŋgɔ la ɖe edzi. Woka nya ta be le afi sia la, kluvi aɖewo siwo kpɔ be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o la ɖu ke kple susu be yewoaɖo ŋku yewo de dzi. Ame aɖewo tiae be yewoaku boŋ, eya ta wotsɔ woƒe kunyowuwo mia ve na wo ɖokui.
Ablɔɖe!
Le ƒe 1800-awo ƒe gɔmedzedze la, amewo dze agbagba geɖe be yewoaɖe kluvinyenye ɖa. Kluvi mamlɛtɔ siwo wotsɔ tso ƒui tso Ouidah yi United States la ɖo Mobile, le Alabama, le July 1860 me. Gake woƒe kluvinyenyea mexɔ ɣeyiɣi didi o, elabena le ƒe 1863 me la, United States dziɖuɖua ɖo Ablɔɖe Na Kluviwo ƒe se la anyi. Kluvisitsatsa wu enu mlɔeba le Ɣetoɖoƒe Nutowo me le ƒe 1888 me esi Brazil dzudzɔ kluvisitsatsa.c
Kluvisitsatsa me tsonu si dze ƒãa ame geɖe kpɔna egbeae nye ale si Afrikatɔwo ƒe dzidzimeviwo sɔ gbɔ ɖe dukɔ geɖe me si wɔe be woƒe dekɔnuwo xɔ aƒe ɖe Dziehe kple Anyiehe Amerika dukɔ vovovowo me. Emetsonu bubue nye be vodusubɔsubɔ, si nye subɔsubɔ ƒomevi aɖe si me wowɔa akunya hesaa gbe le la, xɔ aƒe ɖe dukɔ vovovowo me, vevietɔ Haiti. Agbalẽ si nye Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Woɖe nya vodu tso nyagbe vodun, si gɔmee nye mawu, alo gbɔgbɔ le Fon, si nye gbe aɖe si wodona le Benin (si woyɔna tsã be Dahomey) me.”
Nublanuitɔe la, togbɔ be megabɔ egbea be woayɔ amewo be kluviwo o hã la, amewo gale fu kpem abe kluviwo ene kokoko. Le kpɔɖeŋu me, ame miliɔn geɖe le gakuxi sesẽwo me tom, si wɔnɛ be wodagbana vevie hafi kpɔa nu ɖuna. Ame bubuwo le fu kpem le ŋutasẽdziɖuɖuwo te. (Nyagblɔla 8:9) Eye alakpanufiafia kple aʋatsodzixɔsewo wɔ ame miliɔn geɖe kluviwoe. Ðe amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo ate ŋu aɖe wo teviwo tso kluvinyenye siawo ƒomevi mea? Ao. Yehowa Mawu koe ate ŋu awɔ esia, eye awɔe hã! Le nyateƒe me la, eƒe Nya, Biblia, do ŋugbe be ame siwo katã trɔna ɖe Yehowa ŋu hedea ta agu nɛ le ɖekawɔwɔ me kple nyateƒe si naa ablɔɖe ame, si le Biblia me nu la akpɔ “Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le la.”—Romatɔwo 8:21; Yohanes 8:32.—g11-E 05.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Togbɔ be kluvi siwo wokplɔ yi United States la nɔ ʋɛ wu hã la, woƒe xexlẽme va dzi ɖe edzi, elabena kluviawo ŋutɔwo ɖe wo nɔewo dzi viwo.
b Woŋlɔa ŋkɔ “Ghezo” le mɔ vovovowo nu.
c Wodzro nu si Biblia gblɔ tso amewo wɔwɔ kluvii ŋu le nyati si nye “Biblia Ƒe Nukpɔsusu: Ðe Mawu Da Asi Ðe Kluvisitsatsa Dzia?” me le September 8, 2001 ƒe Nyɔ! me.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 18]
‘DZƆGBEVƆ̃E YE AMEGBETƆ ƑE DZIÐUÐU HENA VAE’
Ame geɖe xɔe se be ɖe kluvisitsalawo dzea kɔƒewo dzi heɖea aboyo ame sia ame si wodi. Ate ŋu anɔ eme alea ya, ke hã, le radio dzi gbebiame aɖe me la, Afrika ŋuti nya ƒe nufialagã Ðk. Robert Harms gblɔ be manya wɔ be kluvisitsalawo nakplɔ kluvi miliɔn geɖe adzoe “ne menye ɖe Afrika ƒe dziɖula kple asitsala geɖewoe nɔ megbe na esia o.” Vavãe, ‘dzɔgbevɔ̃e ye amegbetɔ ƒe dziɖuɖu hena vae.’—Nyagblɔla 8:9.
[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]
© Réunion des Musées Nationaux/Art Resource, NY
[Anyigbatatawo si le axa 16]
(Edze nyuie le agbaleÞa ŋutɔ me)
Wokplɔ Afrikatɔ siwo ade miliɔn 12 tsɔ tso Atlantik Ƒua woɖawɔ kluvidɔwo
AFRIKA
BENIN
Ouidah
Slave Coast
[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 16, 17]
Wotu Portugaltɔwo ƒe mɔ̃ sia le ƒe 1721 me, fifia enye Ouidah Ƒe Blemanudzraɖoƒe
[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]
© Gary Cook/Alamy
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Kluvi si wobla hede ga nu na ƒe kpetata
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Demagbɔ Ƒe Agbo—ŋkuɖodzinu sia nye ale si kluviawo magatrɔ agbɔ va Afrika nyigba dzi o la ƒe dzesi
[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]
© Danita Delimont/Alamy