Ale Si Nàkpe Ðe Ame Siwo Le Dzimaɖitsitsidɔ Lém Ŋu
“Zi geɖe la, nye dzi tsona kpokpokpo, fifia ƒona ɖe ŋunye, eye gbɔgbɔtsixe tsia ƒonye. Ŋɔdzi léam, metsia dzimaɖi, eye metɔtɔna.” —Isabella, ame si le eƒe ƒe blaeneawo me, si le dzidziƒoamedɔ lém.
WOGBLƆ be dzimaɖitsitsi nye “dzimaɖeɖi alo dzodzodzoetsitsi.” Le kpɔɖeŋu me, ɖe vɔvɔ̃ ɖo wò esi avu gã wɔada aɖe wó ɖe tawò kpɔa? Gake ɖe vɔvɔ̃a gakpɔtɔ nɔa mewò ne avua trɔ dzoa? Zi geɖe la, vɔvɔ̃a kple dzodzodzoetsitsia hã nu yina, alo? Ke nu kae nye dzimaɖitsitsidɔ ya?
Ne dzimaɖitsitsi nu mele yiyim o, eye seselelãmea kpɔtɔ le nenema evɔ susu aɖeke megali si ta woatsi dzimaɖi hafi o la, ekema dzimaɖitsitsi ate ŋu ava zu dɔléle. Dɔwɔƒe Si Kpɔa Tagbɔdɔlélewo Gbɔ Le United States gblɔ be: “Dzimaɖitsitsidɔ ɖea fu na Amerikatɔ siwo xɔ tso ƒe 18 yina la dometɔ siwo ade miliɔn 40 . . . le ƒe ɖeka ko me.” Bu Isabella, ame si ƒe nya míegblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze ŋu kpɔ. Abe ale si wòdze le eƒe nyawo me ene la, dzimaɖitsitsi si nu mele yiyim o ate ŋu aɖe fu na ame vevie ŋutɔ.
Mese ɖe afi ma o, ate ŋu aɖe fu na ƒometɔ kplikplikpliwo hã vevie. Gake dzideƒonamenya aɖe li. Habɔbɔ si míeyɔ va yi ƒe agbalẽ aɖe gblɔ be: “Dɔdamɔnu nyuiwo li na ame siwo le dzimaɖitsitsidɔ lém, eye wole kekem ɖe dɔdamɔnu yeyewo hã ŋu le numekuku siwo wɔm wole me, siwo ate ŋu akpe ɖe ame siwo le dɔ sia lém la dometɔ akpa gãtɔ ŋu be woakpɔ gbɔdzɔe.”
Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã ate ŋu akpe ɖe ame si le dzimaɖitsitsidɔ lém la ŋu. Le mɔ ka nu?
Kpekpeɖeŋu Si Nàte Ŋu Ana
Se nu gɔme na wo: Monica, ame si le dzimaɖitsitsidɔ lém, eye nu dziŋɔ siwo me wòto va yi nana wògavɔ̃na la gblɔ be: “Esesẽna na ame akpa gãtɔ be woase nu siwo me tom mele la gɔme nam.”
Esia wɔnɛ be ame siwo le dzimaɖitsitsidɔ lém la tsia dzi be amewo mase nu gɔme na yewo o, si nana womegadina be yewoakɔ nu le yewoƒe kuxia dzi o. Esia ate ŋu ana woanɔ fɔ bum wo ɖokui eye woƒe nɔnɔmea nagado gã ɖe edzi boŋ. Eya ta ele vevie ŋutɔ be ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo nase nu gɔme na wo.
Srɔ̃ nu geɖe tso dɔa ŋu: Aɖaŋuɖoɖo sia sɔ ŋutɔ, vevietɔ na ame siwo tena ɖe dzimaɖitsitsidɔlélaa ŋu geɖe wu. Ƒometɔ kplikplikpliwo kple xɔlɔ̃ veviwo koŋ ye esia wɔwɔ aɖe vi na.
Minɔ akɔ fam na wo: Paulo, si nye dutanyanyuigblɔla le ƒe alafa gbãtɔ me, de dzi ƒo na exɔlɔ̃ siwo le Helatɔwo ƒe du si nye Tesalonika me be: “Miyi edzi mianɔ akɔ fam na mia nɔewo, eye mianɔ mia nɔewo tum ɖo.” (1 Tesalonikatɔwo 5:11) Míate ŋu awɔ esia to míaƒe nyagbɔgblɔwo kple gbe si míatsɔ aƒo nui dzi. Ele vevie be míaɖee afia be míetsɔa ɖe le eme na mía xɔlɔ̃wo, eye ehiã hã be míatsri nya siwo aɖe fu na ame gbɔgblɔ.
De ŋugble le Hiob, ame si ŋkɔ wotsɔ na Biblia-gbalẽawo dometɔ ɖeka, ƒe yeaɖi xɔlɔ̃ etɔ̃awo ŋu kpɔ. Ðewohĩ àɖo ŋku edzi be ŋutsu etɔ̃ mawo tso Hiob nu be nu vɔ̃ aɖee wòanya wɔ tsɔ ɣla, si ta wòle fua kpem ɖo.
Eya ta se veve ɖe fukpelawo nu. Ðo to nyuie. Dze agbagba nàtsɔ ɖokuiwò aɖo fukpela la teƒe. Mègabu susu aɖe ɖe eŋu esi mèkpɔ se eƒe nyawo katã vɔ o. Emae nye nu manyomanyo si Hiob ƒe yeaɖi xɔlɔ̃awo wɔ, si ta woyɔ wo be “akɔfala ƒuƒluwo” ɖo. Ðe xɔlɔ̃ mawo ƒe nyawo gado nuxaxa nɛ ɖe edzi boŋ!—Hiob 16:2.
Nenɔ susu me na wò be ele be nànye toɖola nyui na ame siwo le nɔnɔme sia me tom. Ðe mɔ woagblɔ woƒe dzimenyawo faa. Esia akpe ɖe ŋuwò nàse nɔnɔme si me tom wole la gɔme nyuie wu. Bu viɖe siwo ado tso nu siawo wɔwɔ me hã ŋu. Àte ŋu akpe ɖe ame si le dzimaɖitsitsidɔ lém ŋu be eƒe dzi nadze eme.—g12-E 03.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 27]
Dzimaɖitsitsidɔ Ƒomevi Vovovoawo
Ele vevie be míanya ale si dzimaɖitsitsidɔwo le, vevietɔ ne dɔ sia le míaƒe ƒometɔ kplikplikpli alo xɔlɔ̃ vevi aɖe ŋu. Na míaƒo nu tso dɔ sia ƒomevi atɔ̃ aɖewo ŋu.
Dzidziƒoamedɔ Ðo ŋku Isabella, ame si ƒe nya míegblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze la dzi. Menye ɣeyiɣi siwo me dɔ sia hona nɛ ŋu koe wòtsia dzi ɖo o. Egblɔ be: “Ne dɔa meho nam o gɔ̃ hã, mevɔ̃na be ate ŋu aho nam ɣesiaɣi.” Vɔvɔ̃ sia wɔnɛ be ame siwo ŋu dɔ sia le megadina be yewoayi teƒe siwo wonɔ hafi dɔa ho na wo la ake o. Wo dometɔ aɖewo tsia dzi ale gbegbe be wotsia aƒe me, alo nenye be ame si dzi woka ɖo lɔ̃ be yeayi kpli wo ko hafi woayi. Isabella gblɔ be: “Ne nye ɖeka mele teƒe aɖe la, ema ɖeɖe tea ŋu nana dɔa hona nam. Danyee nana mesena le ɖokuinye me be mele dedie; ne meli o la, mesɔna nam kura o.”
Tamesusu Kple Nuwɔna Ziamedzi Dɔ Ame si vɔ̃na na dɔlékuiwo alo ɖinuwo ate ŋu atsi dzi ɖe asikɔklɔ ŋu eye wòanɔ asia klɔm atraɖii. Renan gblɔ tso seselelãme sia tɔgbi ŋu be: “Nye susu ƒonɛ ɖe nunye be manɔ vodada siwo mewɔ va yi ŋu bum madzudzɔmadzudzɔe, manɔ edam kpɔ be afi kae nuwo meyi edzi nyuie le o hã.” Esia zinɛ ɖe ame siwo le nɔnɔme sia me dzi be woanɔ woƒe tsã nu vɔ̃wo me ʋum na amewo. Ehiã be woanɔ kakaɖedzi nam Renan ɣesiaɣi. Gake atikewɔwɔ hã le vi ɖem nɛ wòle te nɔm ɖe dɔ sia nu.a
Nu Dziŋɔ Si Me Ame To Va Yi Ƒe Fuɖename Le ŋkeke siawo me la, wozãa nya sia tsɔ ɖɔa susu me dzimaɖitsitsi si me amewo tona le nu dziŋɔ aɖe si na woxɔ abi vevie alo le nane si do ŋɔdzi na wo vevie va yi la ta. Enɔa bɔbɔe be dɔ sia lélawo nadzo haha eye woado dziku. Azɔ hã, nu megawɔa dɔ ɖe wo dzi o, womegakpɔa dzidzɔ ɖe nu siwo vivia wo nu tsã ŋu o, eye esesẽna na wo be woakpɔ dzidzɔ ɖe wo xɔlɔ̃ veviwo gɔ̃ hã ŋu. Wo dometɔ aɖewo wɔa adã eye wodina be yewoaƒo asa na nɔnɔme siwo aɖo ŋku nu dziŋɔ si me woto va yi la dzi na wo.
Vɔvɔ̃ Na Amewo Dome Nɔnɔ Woɖɔa ame siwo le nɔnɔme sia me be wotsia dzi vevie ɖe ale si amewo akpɔ yewo alo susu si woabu ɖe yewo ŋu ne yewole amewo dome ŋu. Wo dometɔ aɖewo vɔ̃na vevie be amewo ƒe ŋku anɔ yewo ŋu eye woanɔ ʋɔnu drɔ̃m yewo le nu sia nu me. Wotea ŋu tsia dzi ŋkeke alo kwasiɖa geɖe do ŋgɔ na hadomewɔna aɖe teƒe yiyi. Dzitsitsia nu tea ŋu sẽna ale gbegbe be ekpɔa ŋusẽ ɖe woƒe dɔwɔwɔ, sukudede, alo gbe sia gbe nuwɔna bubuwo dzi, eye esesẽna na wo hã be woadze xɔlɔ̃.
Dzimaɖitsitsidɔ Gbadzaa Dɔ siae le fu ɖem na Monica, ame si ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ. “Etsia dzimaɖi dzodzro” ŋkeke bliboa katã le nu sia nu me, togbɔ be susu aɖeke meli si ta wòatsi dzimaɖi ɖo o hafi. Ame siwo dɔ sia le fu ɖem na dina be yewoabu afɔku siwo ate ŋu adzɔ ŋu, eye wotsia dzi ɖe lãmesẽnyawo, ganyawo, ƒomekuxiwo, alo dɔmekuxiwo ŋu wògbɔa eme. Nu siwo woawɔ le ŋkekea me gɔ̃ hã ŋu bubu nana dɔ sia hona na wo.b
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Nyɔ! mekafua dɔdamɔnu aɖeke be eyae nyo wu o.
b Dɔwɔƒe Si Kpɔa Tagbɔdɔlélewo Gbɔ Le United States kple Dukɔa Ƒe Lãmesẽnyawo Gbɔkpɔha ƒe agbalẽ aɖe me nyawo dzie míetu nyati sia ɖo.
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
“Miyi edzi mianɔ akɔ fam na mia nɔewo”