INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/12 axa 14-15
  • Nu Kae Akpe Ðe Ŋuwò Nàwɔ Ŋutifafa Kple Amewo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Akpe Ðe Ŋuwò Nàwɔ Ŋutifafa Kple Amewo?
  • Nyɔ!—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tsɔ Vodada Ke Faa
  • Mikpɔ Nyaa Gbɔ
  • Ðe Dzigbɔgbɔ Blewu Fia
  • ‘Miyi Edzi Miatsɔ Ake Mia Nɔewo Faa’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Mitsɔ Ke Mia Nɔewo Tso Miaƒe Dzi Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Miti Ŋutifafa Yome
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Mikpɔ Masɔmasɔwo Gbɔ Le Lɔlɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2012
g 4/12 axa 14-15

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Nu Kae Akpe Ðe Ŋuwò Nàwɔ Ŋutifafa Kple Amewo?

BIBLIA gblɔ le amegbetɔwo ŋu be: “Wo katã wɔ nu vɔ̃, eye womete ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o.” (Romatɔwo 3:23) Esi ame biliɔn adre kple edzivɔ siwo le anyigba la dzi mede blibo o ta la, míadze agɔ le mía nɔewo dzi godoo. Ke nu kae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ŋutifafa kple ame siwo dze agɔ le mía dzi?

Biblia ɖo aɖaŋu nyui aɖewo na mí. Eɖɔ mía Wɔla la, si ŋkɔe nye Yehowa, be enye “ŋutifafa ƒe Mawu.” (Hebritɔwo 13:20; Psalmo 83:19) Mawu di be ye vi siwo le anyigba dzi la nanɔ ŋutifafa me kple wo nɔewo. Eye eya ŋutɔe ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖi. Esi mía dzila gbãtɔwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu hegblẽ ŋutifafa si le woa kplii dome la, ewɔ ɖoɖo enumake be yeadzra ye kple amegbetɔ siwo yewɔ la dome ɖo. (2 Korintotɔwo 5:19) De ŋugble le nu etɔ̃ siwo nàte ŋu awɔ be ŋutifafa nanɔ mia kple amewo dome la ŋu kpɔ.

Tsɔ Vodada Ke Faa

Nu kae Biblia gblɔ? “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. Ale si Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.”—Kolosetɔwo 3:13.

Nu kae ate ŋu ana esia wɔwɔ nasesẽ? ‘Ne nya aɖe ɖo mia kple nɔviwò dome’ la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be esi ye tɔ dzɔ ta la, yealée ɖe fu me. Ðewohĩ awɔ na wò be agɔdzela lae wòle be wòava ɖe kuku. Gake ne amea menya be yedze agɔ le dziwò o, alo ne eya hã se le eɖokui me be gbɔwòe vodadaa tso la, esia ate ŋu ana kuxia gbɔ kpɔkpɔ nasesẽ.

Nu kae nàte ŋu awɔ? Wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si gblɔ be nàtsɔ ake faa la dzi, vevietɔ ne vodada sue aɖe koe. Ðo ŋku edzi be ne ɖe Mawu léa míaƒe vodadawo ɖi la, anye ne míate ŋu anɔ te ɖe eŋkume gbeɖe o. (Psalmo 130:3) Biblia la gblɔ be: “Nublanuikpɔla kple amenuvela enye Yehowa, egbɔa dzi ɖi blewu, eye amenuveve bɔ ɖe esi. Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.”—Psalmo 103:8, 14.

De ŋugble le Biblia ƒe lododo sia hã ŋu kpɔ: “Ame si gbɔa dzi blewu la, nunyalae, eye bubu wònye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.” (Lododowo 19:11) Nunya kpena ɖe mía ŋu be míabu nuwo ŋu ayi ŋgɔe, be míanya susu si ta amewo ƒoa nu alo wɔa nu le mɔ aɖe nu. Eya ta bia ɖokuiwò be, ‘Ðe wòanye be ɖeɖiteameŋu, dɔléle, alo nuteɖeamedzi aɖee na amea wɔ nu ɖe ŋunye nenema?’ Ne èse amewo ƒe susu, seselelãme, alo nu si ʋãa wo wowɔa nui gɔme na wo la, esia ate ŋu ana wò dziku nu nafa eye nàŋe aɖaba aƒu woƒe vodadawo dzi.

Mikpɔ Nyaa Gbɔ

Nu kae Biblia gblɔ? “Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ la, yi ɖaɖe eƒe vodada fiae le mia kplii ɖeɖe ko dome. Ne eɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò.”—Mateo 18:15.

Nu kae ate ŋu ana esia wɔwɔ nasesẽ? Vɔvɔ̃, dziku kple ŋukpe ate ŋu ana wòasesẽ na wò be nàte ɖe ame kemɛa ŋu be miakpɔ nyaa gbɔ. Ate ŋu awɔ na wò hã be nàgblɔ kuxia na ame bubu siwo ase nu gɔme na wò, gake ɖeko esia wɔwɔ gagblẽa nyaa ɖe edzi.

Nu kae nàte ŋu awɔ? Ne kuxia nye nya gã eye nèkpɔe be yemate ŋu aŋe aɖaba aƒu edzi o la, ekema yi amea gbɔ ne mia kplii miagblɔe. Wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna dzi:

(1) Mikpɔ nyaa gbɔ kaba: Mègahe megbelele o. Ne èhe ɖe megbe la, kuxia ado gã ɖe edzi. Dze agbagba nàwɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Ne ètsɔ wò nunana gbɔna vɔsamlekpuia gbɔ, eye nèɖo ŋku edzi le afi ma be nya aɖe le nɔviwò si ɖe ŋuwò la, ekema gblẽ wò nunana la ɖe afi ma le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye dzo nàyi; wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã, eye emegbe ne ètrɔ gbɔ la, nàtsɔ wò nunana la ana.”—Mateo 5:23, 24.

(2) Mia kplii ɖeɖe migblɔe: Mègakaka nya la o, elabena esia nye ameŋunyagbɔgblɔ. ‘Wɔ wò ŋutɔ wò dzre kple hawòvi; ke mègaʋu go ame tutɔ ƒe nya ɣaɣla o.’—Lododowo 25:9.

(3) Mikpɔ nyaa gbɔ le ŋutifafa me: Mèganɔ agbagba dzem be miakpɔ ame si tɔ dzɔ kple ame si tɔ medzɔ o la o. Na wòanye wò taɖodzinu be yeawɔ ŋutifafa ke menye be yeaɖee afia be ye tɔ dzɔ o. Dze agbagba nàgblɔ nu si wò ŋutɔ mèwɔ nyuie o, ke menye nu si ame kemɛa mewɔ nyuie o. Asɔ be nàgblɔ be, “Ete ɖe dzinye be . . .” ke menye “Gbɔwòe wòtso be . . .” o. Biblia gblɔ be: ‘Miti nu siwo naa ŋutifafa nɔa anyi kple nu siwo tua ame nɔewo ɖo la yome.’—Romatɔwo 14:19.

Ðe Dzigbɔgbɔ Blewu Fia

Nu kae Biblia gblɔ? “Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o. . . . Ke boŋ ‘ne dɔ le wò futɔ wum la, na nui wòaɖu; ne tsikɔ le ewum la, na nanee wòano.’”—Romatɔwo 12:17, 20.

Nu kae ate ŋu ana esia wɔwɔ nasesẽ? Ne èdze agbagba be yeawɔ ŋutifafa gake medze edzi zi gbãtɔ o la, ate ŋu awɔ na wò be nàɖe asi le nyaa ŋu nenema.

Nu kae nàte ŋu awɔ? Gbɔ dzi ɖi. Amewo ƒe nɔnɔme kple nuŋububu le vovovo. Exɔa ɣeyiɣi hafi ame aɖewo ƒe dzi fana, ame bubuwo hã azɔ hafi wole nɔnɔme nyui siwo dzea Mawu ŋu la srɔ̃m vivivi. Yi edzi nàɖe dɔmenyo kple lɔlɔ̃ fia wo. Biblia gblɔ be: “Mègaɖe mɔ nu vɔ̃ɖi naɖu dziwò o, ke boŋ yi edzi nàtsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.”—Romatɔwo 12:21.

Hafi míate ŋu awɔ ŋutifafa kple amewo la, ehiã be míaɖe ɖokuibɔbɔ, nugɔmesese, dzigbɔɖi kple lɔlɔ̃ afia. Agbagba ɖe sia ɖe si míadze be míanɔ ŋutifafa me kple amewo la aɖe vi godoo!—g12-E 03.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

● Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàtsɔ amewo ƒe vodada ake wo faa?—Kolosetɔwo 3:13.

● Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàyi aɖawɔ ŋutifafa kple ame si nya ɖo mia kplii dome?—Mateo 5:23, 24.

● Ne èdze agbagba be yeawɔ ŋutifafa gake medze edzi zi gbãtɔ o la, nu kae nàwɔ?—Romatɔwo 12:17-21.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]

“Ame si gbɔa dzi blewu la, nunyalae, eye bubu wònye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.”—LODODOWO 19:11

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe