Miti Ŋutifafa Yome
“Mina míati nu siwo naa ŋutifafa nɔa anyi . . . la yome.”—ROM. 14:19.
1, 2. Nu ka tae ŋutifafa le Yehowa Ðasefowo dome?
ESESẼ be woakpɔ ŋutifafa vavãtɔ le egbexexea me. Ame siwo nye dukɔ ɖeka me tɔwo eye wodoa gbegbɔgblɔ ɖeka gɔ̃ hã dome ma le subɔsubɔnyawo, dunyahenyawo, kple hadomenuwɔnawo gome. Gake nu si to vovo na emae nye be Yehowa subɔlawo wɔ ɖeka, togbɔ be wotso “dukɔwo kple towo kple ame ƒomeviwo kpakple gbegbɔgblɔwo katã me” hã.—Nyaɖ. 7:9.
2 Menye nudogoɖenunue wònye be míele ŋutifafa me kple mía nɔewo o. Nu si koŋ gbɔe wòtsoe nye be ‘míele ŋutifafa me kple Mawu’ to Via, si tsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe mía ta la, dzi xɔxɔ se me. (Rom. 5:1; Ef. 1:7) Gakpe ɖe eŋu la, Mawu vavã la naa gbɔgbɔ kɔkɔe la esubɔla wɔnuteƒewo, eye gbɔgbɔ ma ƒe kutsetse ƒe akpa aɖee nye ŋutifafa. (Gal. 5:22) Susu bubu si tae ŋutifafa le mía dome ɖoe nye be míenye “xexea ƒe akpa aɖeke o.” (Yoh. 15:19) Esia fia be míedea nu dunyahenyawo me o, eye míedea akpa aɖeke dzi hã o. Esi wònye be ‘míetsɔ míaƒe yiwo tu kodziwoe’ ta la, míekpɔa gome le dukɔmeviʋa alo dukɔwo dome ʋawo me o.—Yes. 2:4.
3. Nu kae ŋutifafa si le mía dome nana míetea ŋu wɔna, eye nu ka mee míadzro le nyati sia me?
3 Ŋutifafa si le mía dome la de ŋgɔ sãsãsã wu asaƒoƒo na nu vevi wɔwɔ mía nɔviwo. Togbɔ be ame ƒomevi vovovo siwo tso to vovovowo me eye woƒe dekɔnuwo to vovo ye le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si me míele me hã la, ‘míelɔ̃ mía nɔewo.’ (Yoh. 15:17) Ŋutifafa si le mía dome la wɔnɛ be ‘míewɔa nyui na amewo katã, gake vevietɔ la, míewɔnɛ na ame siwo do ƒome kpli mí le xɔse la me.’ (Gal. 6:10) Ele be míade asixɔxɔ míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa ŋu eye míakpɔ eta. Eya ta mina míadzro ale si míate ŋu ati ŋutifafa yome le hamea me la me.
Ne Masɔmasɔ Do Mo Ða
4. Nu kae míate ŋu awɔ be míati ŋutifafa yome ne míeda vo le mía nɔvi aɖe dzi?
4 Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Mí katã míewɔa vodada zi geɖe. Ne ame aɖe mewɔa vodada le nuƒoƒo me o la, ame sia nye ame deblibo.” (Yak. 3:2) Esia ta masɔmasɔwo kple nugɔmemasemase na ame nɔewo ado mo ɖa le haxɔsetɔwo dome godoo. (Flp. 4:2, 3) Ke hã woate ŋu akpɔ masɔmasɔwo gbɔ evɔ womagblẽ ŋutifafa si le hamea me la dome o. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le aɖaŋuɖoɖo si dzi wòle be míazɔ ɖo ne míekpɔe be míanya da vo le mía nɔvi aɖe dzi la ŋu kpɔ.—Mixlẽ Mateo 5:23, 24.
5. Ne woda vo ɖe mía ŋu la, aleke míate ŋu ati ŋutifafa yome?
5 Ke ne ame aɖe wɔ vodada sue aɖe ɖe mía ŋu ya ɖe? Ðe míakpɔ mɔ be vodalaa nava mía gbɔ ava ɖe kuku na mía? Korintotɔwo Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ 13:5 gblɔ be: “[Lɔlɔ̃] meŋlɔa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o.” Ne wodze agɔ le mía dzi la, míetia ŋutifafa yome ne míetsɔe ke heŋlɔe be, si fia be, ‘míeŋlɔ vɔ̃ siwo wowɔ ɖe mía ŋu la ɖi o.’ (Mixlẽ Kolosetɔwo 3:13.) Esiae nye mɔ nyuitɔ si dzi wòle be míato akpɔ vodada suesuesue siwo wowɔna ɖe mía ŋu gbe sia gbe la gbɔ, elabena esia wɔnɛ be ŋutifafa nɔa mía kple hati tadeagulawo dome eye wònaa míaƒe susu dzea akɔ anyi. Lododo aɖe si me nunya le gblɔ be: “Bubu wònye [na ame], nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.”—Lod. 19:11.
6. Ne ewɔ na mí be vo si woda ɖe mía ŋu la ve mí ale gbegbe be míate ŋu aɖee ɖa le susu me ko o la, nu kae wòle be míawɔ?
6 Ke ne vo si woda ɖe mía ŋu la ve mí ale gbegbe be, ewɔ na mí be míate ŋu aɖee ɖa le susu me ko o ɖe? Egbɔgblɔ na ame ɖe sia ɖe si adi be yeasee menye afɔɖeɖe si me nunya le kura o. Ðeko amenyagbɔgblɔ sia ƒomevi gblẽa hamea ƒe ŋutifafa dome. Gake nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ nyaa gbɔ le ŋutifafa me? Mateo 18:15 gblɔ be: “Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ la, yi ɖaɖe eƒe vodada fiae le mia kplii ɖeɖe ko dome. Ne eɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò.” Togbɔ be nu vɔ̃ siwo nye ŋkubiãnya ŋue nya si le Mateo 18:15-17 la ku ɖo hã la, le susu vevi si le kpukpui 15 lia me nu la, ele be míate ɖe vodalaa ɖeɖe ŋu tufafatɔe eye míadze agbagba awɔ ŋutifafa kplii.a
7. Nu ka tae wòle be míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ kaba?
7 Apostolo Paulo gblɔ be: “Mibi dzi, gake migawɔ nu vɔ̃ o; miaƒe dzibibi la naganɔ anyi ɣe naɖo to ɖe edzi o, eye migaɖe mɔ na Abosam hã o.” (Ef. 4:26, 27) Yesu hã gblɔ be: “Ne ame aɖe sama wò, eye mia kplii mieyina ʋɔnudrɔ̃ƒe la, dzra mia kplii dome ɖo kaba.” (Mat. 5:25) Eya ta ŋutifafa yome titi bia be míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ kaba. Nu ka tae? Elabena esia wɔwɔ awɔe be masɔmasɔa mado gã ɖe edzi, abe ale si ko abi sue si womeƒo o la va zua abi gã ene o. Migana míaɖe mɔ dada, ŋuʋaʋã, alo dzitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu fũu akpa naxe mɔ na mí be míagakpɔ masɔmasɔwo gbɔ kaba ne wodo mo ɖa o.—Yak. 4:1-6.
Ne Masɔmasɔa Lɔ Ame Geɖe Ðe Eme
8, 9. (a) Nukpɔsusu vovovo kawoe nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Roma hamea me tɔwo si? (b) Aɖaŋu kawoe Paulo ɖo na Roma Kristotɔwo le nyahehe si nɔ wo dome ŋu?
8 Ɣeaɖewoɣi la, menye ame eve koe masɔmasɔ aɖe si do mo ɖa le hamea me la lɔna ɖe eme o, ke elɔa ame geɖewo ɖe eme. Emae nye nɔnɔme si me Kristotɔ siwo nɔ Roma siwo apostolo Paulo ŋlɔ eƒe lɛta aɖe si tso gbɔgbɔ me na la nɔ. Nyahehe ɖo Yudatɔ siwo zu Kristotɔwo kple Dukɔwo me tɔ siwo zu Kristotɔwo la dome. Edze ƒãa be hame ma me tɔ aɖewo ɖia gbɔ ame siwo si dzitsinya gbɔdzɔ le, alo ame siwo tsri nu geɖe la. Wonɔa ʋɔnu drɔ̃m ame bubuwo madzemadzee le nya siwo ŋu wòle be ameawo ŋutɔ natso nya me le la ŋu. Aɖaŋu kae Paulo ɖo na hame ma me tɔwo?—Rom. 14:1-6.
9 Paulo ɖo aɖaŋu na akpa evea siaa. Egblɔ na ame siwo se egɔme be yewomele Mose ƒe Sea te o la be woagaɖi gbɔ wo nɔviwo o. (Rom. 14:2, 10) Nɔnɔme sia ƒomevi ate ŋu azu nukikli na xɔsetɔ siwo medina kura be yewoaɖu nu siwo ŋu wode se le Mose ƒe Sea me be woagaɖu o la. Paulo xlɔ̃ nu wo be: “Midzudzɔ Mawu ƒe dɔ la dome gbegblẽ le nuɖuɖu ta. . . . Enyo be nàgaɖu lã alo ano wain alo awɔ nane si azu nukikli na nɔviwò o.” (Rom. 14:14, 15, 20, 21) Le go bubu me la, Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔ siwo ƒe dzitsinya meɖea mɔ ɖe nu geɖe ŋu o la be woaganɔ ʋɔnu drɔ̃m nɔvi siwo ƒe nugɔmesese de ŋgɔ wu la be wonye nuteƒemawɔlawo o. (Rom. 14:13) Egblɔ na “ame siwo le afi ma dometɔ ɖe sia ɖe be, wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o.” (Rom. 12:3) Esi Paulo ɖo aɖaŋu na akpa evea siaa alea vɔ la, eŋlɔ na wo be: “Eya ta mina míati nu siwo naa ŋutifafa nɔa anyi kple nu siwo tua ame nɔewo ɖo la yome.”—Rom. 14:19.
10. Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me Roma nɔviwo gome ene la, nu kae wòle be míawɔ egbea be míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ?
10 Míate ŋu aka ɖe edzi be Roma hamea xɔ Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa nyuie eye wowɔ tɔtrɔ siwo hiã. Ne masɔmasɔwo ɖo hati Kristotɔwo dome egbea la, ɖe mele be míawo hã míadi Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖowo ahawɔ ɖe wo dzi ɖokuibɔbɔtɔe be míakpɔ wo gbɔ le lɔlɔ̃ me oa? Abe ale si wònɔ le Roma nɔviwo gome ene la, egbea hã, ne nya aɖe ɖo nɔviwo dome la, ahiã be akpa evea siaa nawɔ tɔtrɔwo be ‘woanɔ ŋutifafa me kple wo nɔewo.’—Mar. 9:50.
Ale Si Hamemetsitsiwo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu
11. Nu ka ŋue wòle be hamemetsitsi nanɔ ŋudzɔ ɖo ne Kristotɔ aɖe di be yeatsɔ nya aɖe si ɖo woa kple haxɔsetɔ aɖe dome la aɖo eŋkume?
11 Ke ne Kristotɔ aɖe di be yeatsɔ nya aɖe si ɖo woa kple ƒometɔ alo haxɔsetɔ aɖe dome aɖo hamemetsitsi aɖe ŋkume ya ɖe? Lododowo 21:13 gblɔ be: “Ame si xe nu to me ɖe ame dahewo ƒe ɣlidodo la, eya hã ado ɣli, eye womasee o.” Kakaɖedzitɔe la, hamemetsitsi madi be ‘yeaxe nu to me o.’ Ke hã lododo bubu aɖe xlɔ̃ nu be: “Ame gbãtɔ dzena abe dzɔdzɔetɔ ene le dzrenya me; ke evelia va ɖea egɔme ɖe go.” (Lod. 18:17) Ele be hamemetsitsia naɖo to tufafatɔe, gake ehiã be wòanɔ ŋudzɔ be wòagade ame si va ɖe nyaa nɛ la dzi o. Ne eɖo to se nyaa vɔ la, ate ŋu abia amea be ɖe wòƒo nu kple ame si do dzikua nɛ mahã. Hamemetsitsia ate ŋu adzro afɔ siwo Ŋɔŋlɔawo ɖo aɖaŋu be ame si dzi wodze agɔ le la naɖe atsɔ ati ŋutifafa yome hã me kplii.
12. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖewo siwo ɖe afɔku si ate ŋu ado tso eme ne míese ame ɖeka pɛ ƒe nya hewɔ nu dzitsitsitɔe la fia.
12 Biblia me kpɔɖeŋu etɔ̃ aɖewo ɖe afɔku si ate ŋu ado tso eme ne míese ame ɖeka pɛ ƒe nya le dzrenya me ko hewɔ nu dzitsitsitɔe la fia. Potifar xɔ nya si srɔ̃a gblɔ nɛ be Yosef tee kpɔ be yealé ye sesẽ ade asi ye ŋu la dzi se. Potifar do dziku eye wòna wolé Yosef de gaxɔ me, evɔ naneke meɖo kpe edzi be eda vo hafi o. (1 Mose 39:19, 20) Fia David xɔ nya si Ziba gblɔ tso eƒe aƒetɔ, Mefiboset, ŋu be ede David ƒe futɔwo dzi la dzi se. David ɖo eŋu dzitsitsitɔe be: “Kpɔ ɖa, Mefiboset ƒe nuwo katã nye tɔwò!” (2 Sam. 16:4; 19:26-28) Wogblɔ na Fia Artaxsasta be Yudatɔwo gbugbɔ le Yerusalem ƒe gliwo ɖom eye wole aglã dze ge ɖe Persia Fiaɖuƒea ŋu. Fia la xɔ alakpanyaa dzi se eye wòde se be woaɖo asi gbugbɔgatudɔ ɖe sia ɖe dzi le Yerusalem. Esia wɔe be Yudatɔwo dzudzɔ Mawu ƒe gbedoxɔa ɖɔɖɔɖo. (Ezra 4:11-13, 23, 24) Kristotɔ hamemetsitsiwo wɔna ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo na Timoteo be wòaƒo asa na ʋɔnudɔdrɔ̃ dzitsitsitɔe la dzi nunyatɔe.—Mixlẽ 1 Timoteo 5:21.
13, 14. (a) Nu kawoe mí katã míate ŋu anya le ame bubuwo ƒe dzrenyawo me o? (b) Nu kae akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na haxɔsetɔwo?
13 Ne ewɔ na mí be míese akpa evea siaa ƒe nyawo gɔme gɔ̃ hã la, ele vevie be wòanɔ susu me na mí be “ne ame aɖe susu be yenya nane la, menyae abe ale si wòle be wòanyae ene haɖe o.” (1 Kor. 8:2) Ðe míenya nu siwo katã he masɔmasɔa vae la tsitotsito nyateƒea? Ðe míate ŋu ase nu siwo me ame siwo nya la lɔ ɖe eme la to le agbe me la gɔme nyuiea? Ne wobia tso hamemetsitsiwo si be woadrɔ̃ nya aɖe la, ɖe mele vevie ŋutɔ be woagaɖe mɔ woatsɔ alakpanyawo, nya siwo wokpa aɖaŋutɔe, alo nyasegblɔwo aflu wo oa? Yesu Kristo, si nye Ʋɔnudrɔ̃la si Mawu ɖo la, drɔ̃a ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye me. Medrɔ̃a “ʋɔnu ɖe nu si eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu o, eye [metsoa] afia ɖe nu si eƒe to le sesem la nu o.” (Yes. 11:3, 4) Ke boŋ Yehowa ƒe gbɔgbɔe fiaa mɔ Yesu. Nu nyuiwo ado tso eme ne Kristotɔ hamemetsitsiwo ɖea mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fiaa mɔ wo.
14 Hafi hamemetsitsiwo nadrɔ̃ nya aɖe si ɖo haxɔsetɔwo dome la, ele be woado gbe ɖa abia Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu eye woaɖo ŋu ɖe eƒe mɔfiafiawo ŋu to numekukuwɔwɔ le Mawu ƒe Nya la kpakple kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe haa ƒe agbalẽwo me dzi.—Mat. 24:45.
Ðe Wòle Be Míawɔ Ŋutifafa Nu Ka Kee Ðadzɔ Oa?
15. Ɣekaɣie wòle be míayi aɖagblɔ nu vɔ̃ gã aɖe si ŋu míeva nya nu tso la na hamemetsitsiwo?
15 Esi míenye Kristotɔwo ta la, wobia tso mía si be míati ŋutifafa yome. Ke hã Biblia gblɔ hã be: “Le nunya si tso dziƒo gome la, gbã la, ele dzadzɛ, azɔ hã, ewɔa ŋutifafa.” (Yak. 3:17) Dzadzɛnɔnɔ, si nye Mawu ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu dzadzɛawo me léle ɖe asi kple agbenɔnɔ ɖe eƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu, le vevie wu ŋutifafawɔwɔ. Ne Kristotɔ aɖe va nya nu tso haxɔsetɔ aɖe ƒe nu vɔ̃ gã aɖe ŋu la, ele be wòade dzi ƒo nɛ be wòayi aɖagblɔe na hamemetsitsiwo. (1 Kor. 6:9, 10; Yak. 5:14-16) Ne nu vɔ̃ wɔlaa mewɔ ɖe edzi o la, ele be Kristotɔ si nya nu tso eƒe nu vɔ̃a ŋu la nayi aɖagblɔe na wo. Ne meyi ɖagblɔe o le esi wòsusu vodadatɔe be esia agblẽ ŋutifafa si le ye kple nu vɔ̃ wɔlaa dome ta la, nu vɔ̃a ƒe fɔɖiɖi anɔ edzi.—3 Mose 5:1; mixlẽ Lododowo 29:24.
16. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yehu wɔ nu ɖe Fia Yoram ŋu la me?
16 Nuŋlɔɖi aɖe si ku ɖe Yehu ŋu la ɖee fia be Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le vevie wu ŋutifafawɔwɔ. Mawu dɔ Yehu be wòahe yeƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava Fia Axab ƒe aƒe dzi. Fia vɔ̃ɖi Yoram, si nye Axab kple Izebel viŋutsu la, do tasiaɖam yi ɖakpe Yehu hebiae be: “Yehu, ŋutifafaea?” Aleke Yehu ɖo eŋu nɛ? Eɖo eŋu bena: “Ŋutifafa ka? Esi dawò Izebel ƒe ahasiwɔwɔ kple dzosasa le agbɔ sɔm ɖaa ko laa?” (2 Fia. 9:22) Enumake Yehu vu eƒe da me eye wòté Yoram eye aŋutrɔ la ŋɔ eƒe dzi ɖi go. Abe ale si ko Yehu ɖe afɔe ene la, hamemetsitsiwo mate ŋu aɖe mɔ ame siwo ɖoa nu vɔ̃ wɔna hegbea dzimetɔtrɔ la nakpɔtɔ anɔ hamea me kple susu be yewoanɔ ŋutifafa me kpli wo o. Woɖea nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo le hamea me ale be hamea nayi edzi anɔ ŋutifafa me kple Mawu.—1 Kor. 5:1, 2, 11-13.
17. Akpa kae Kristotɔwo katã wɔna le ŋutifafa yome titi me?
17 Masɔmasɔ siwo ɖoa nɔviwo dome zi geɖe la menyea nu vɔ̃ gã siwo tae wòle be woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖo o. Eya ta aleke wòhenyoe nye esi be míanɔ nu tsyɔm vodada siwo ame bubuwo wɔna ɖe mía ŋu la dzi lɔlɔ̃tɔe! Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Ame si ɖia dzidada ɖe to me la, ele lɔlɔ̃ dim, ke ame si hea nya xoxo ɖe go la, klãa xɔlɔ̃wo dome.” (Lod. 17:9) Wɔwɔ ɖe nya mawo dzi akpe ɖe mí katã ŋu míakpɔ hamea ƒe ŋutifafa ta eye míakpɔtɔ anɔ ƒomedodo nyui me kple Yehowa.—Mat. 6:14, 15.
Ŋutifafa Yome Titi Hea Yayrawo Vanɛ
18, 19. Viɖe kawoe dona tso ŋutifafa yome titi me?
18 “Nu siwo naa ŋutifafa nɔa anyi” la yome titi hea yayra geɖewo vanɛ. Ne míesrɔ̃a Yehowa ƒe kpɔɖeŋu la, míenɔa ƒomedodo me kplii, eye míetoa esia me nana be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nɔa míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa me. Ŋutifafa yome titi le hamea me gakpena ɖe mía ŋu hã míedia mɔ siwo dzi míate ŋu ato ati ŋutifafa yome ne míele ‘ŋutifafa nya nyui la’ gblɔm na amewo. (Ef. 6:15) Esia wɔnɛ be ‘míefaa tu na amewo katã, eye míeɖua mía ɖokui dzi le vɔ̃ me’ geɖe wu.—2 Tim. 2:24.
19 Ðo ŋku edzi hã be, “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔw. 24:15) Ne mɔkpɔkpɔ ma va eme le anyigba sia dzi la, woagbɔ agbe ame miliɔn geɖe siwo nye ame ƒomevi vovovowo, siwo tso xexea ƒe akpa vovovowo, eye woƒe amenyenye le vovovo—woanye ame siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi vovovowo me tso keke “xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi” ke! (Luka 11:50, 51) Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wòanye na mí be míafia ŋutifafa ƒe mɔwo ame siwo woafɔ ɖe tsitre la. Aleke gbegbe hehe si xɔm míele egbea be míanye ŋutifafawɔlawo la aɖe vi na mí ɣemaɣie nye esi!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ October 15, 1999, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 17-22 hena Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame siwo ku ɖe ale si woakpɔ nu vɔ̃ gãwo, abe ameŋugbegblẽ kple ametafatafa ene, gbɔ ŋu.
Nu Kae Nèsrɔ̃?
• Aleke míate ŋu ati ŋutifafa yome ne míeda vo le ame aɖe dzi?
• Ne woda vo le mía ŋu la, nu kawoe wòle be míawɔ be míati ŋutifafa yome?
• Nu ka tae nunya mele eme be míade ame dzi le dzrenya me o?
• Ðe nu si tae mele be míawɔ ŋutifafa nu ka kee ɖadzɔ o la me.
[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 29]
Yehowa lɔ̃a ame siwo tsɔna kea ame bubuwo faa