Ne Agbenɔnɔ Ti Kɔ Na Wò
ƑE SIA ƑE la, ame siwo tenɛ kpɔ be yewoaɖe yewoƒe agbe ɖa la dea ame akpe geɖe le United States ɖeɖe dzaa. Biblia la gblɔ susu si koŋ ta mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame geɖewo egbea. Eɖe eme be, “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ” mee míele. Agbe me nuteɖeamedziwo zu agba gã le amewo kpem wu tsɔtsɔ. (2 Timoteo 3:1; Nyagblɔla 7:7) Ne agbe me dzimaɖitsitsiwo va wu tsɔtsɔ na amewo la, etea ŋu vaa susu me na wo be yewoaɖe yewoƒe agbe ɖa ko ne nya navɔ. Ne nu siawo vaa susu me na wò la, nu kae nàte ŋu awɔ?
Menye Wò Ðeka Koe Le Nɔnɔme Sia Me O!
Togbɔ be adze abe ɖe mɔkpɔkpɔ aɖeke megali na wò o ene hã la, ɖo ŋku edzi be menye wò ɖeka koe le nɔnɔme sia me o, ke boŋ ame sia ame kloe le kuxi aɖe me tom egbea. Biblia gblɔ be: “Nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem ɖekae, eye wòle veve sem.” (Romatɔwo 8:22) Togbɔ be awɔ na wò abe ɖe naneke maganya wɔ le wò kuxiawo ŋu o ene hã la, zi geɖe la, nuwo va nyona ɖe edzi le ɣeyiɣi aɖe megbe. Ke hã, kpekpeɖeŋu kae li na wò fifia?
Ðe wò seselelãmewo gblɔ na xɔ̃wò aɖe si bua nuwo ŋu nyuie, si dzi nèka ɖo. Biblia gblɔ be: “Xɔlɔ̃ [vavã] lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” (Lododowo 17:17) Ame dzɔdzɔe Hiob, si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la, gblɔ eƒe dzimenyawo na amewo esi wònɔ xaxawo me tom. Esi wòse le eɖokui me be yeƒe “agbe le ŋu nyɔm na [yeƒe] luʋɔ” la, egblɔ be: “Mana konyifafa nado bababa, eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesesewo me.” (Hiob 10:1) Wò dzimenyawo gbɔgblɔ na amewo ate ŋu aɖe wò dzimaɖitsitsiwo dzi akpɔtɔ, eye wòate ŋu ana nàva nɔ wò kuxiawo kpɔm le mɔ bubu kura nu.a
Gblɔ wò dzimenyawo na Mawu le gbedodoɖa me. Ewɔna na ame aɖewo be ameɖokuibeble koe gbedodoɖa nye, gake menye nenemae Biblia ya gblɔ o. Psalmo 65:3 gblɔ tso Yehowa Mawu ŋu be ‘eɖoa to gbedodoɖa,’ eye 1 Petro 5:7 hã gblɔ be: “Eléa be na mi.” Nya geɖe le Biblia me siwo te gbe ɖe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu ƒe vevienyenye dzi. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa:
“Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”—LODODOWO 3:5, 6.
“[Yehowa wɔa] ame siwo katã vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo.”—PSALMO 145:19.
“Kakaɖedzi si le mía si ku ɖe eŋu lae nye esi: be nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.”—1 YOHANES 5:14.
“Yehowa le adzɔge tso ame vɔ̃ɖiwo gbɔ, ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa.”—LODODOWO 15:29.
Ne ègblɔ kuxi siwo me tom nèle na Mawu la, akpe ɖe ŋuwò. Susu nyui aɖe tae Biblia de dzi ƒo na mí be: “Miɖo ŋu ɖe eŋu ɣeawokatãɣi, mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋkume.”—Psalmo 62:9.
Ne Ehiã Be Nàgawɔ Afɔɖeɖe Bubuwo
Numekukuwo ɖee fia be ame geɖe siwo ɖe woawo ŋutɔ ƒe agbe ɖa la lé blanuiléledɔ kpɔ.b Esia gaɖo kpe edzi be kɔdzi yiyi le vevie. Ðɔkta ate ŋu ana atike aɖewo loo alo aɖo aɖaŋu le nu siwo wòle be woaɖu ŋu. Le go aɖewo me la, woate ŋu atsɔ kamedede ƒe ɖoɖo aɖe akpe ɖe dɔdamɔnua ŋu. Ame geɖe siwo kpɔ atikewɔla bibiwo la xɔ kpekpeɖeŋu nyui aɖewo.c
Dzideƒonamenya geɖewo le Biblia me siwo ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ wò. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ tso Yehowa Mawu ŋu le Nyaɖeɖefia 21:4 be: “[Atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.” Mawu ŋutɔe do ŋugbe sia, eye ŋugbledede le nya siawo ŋu ate ŋu afa dzi na wò.
Yehowa Ðasefowo le Biblia ƒe nya siawo siwo naa mɔkpɔkpɔ ame la gblɔm na ame miliɔn geɖe siwo le xexea me godoo. Esia na mɔkpɔkpɔ vavã va le amewo si sum le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. Ne èdi numekɔkɔ bubuwo la, yi Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me la ƒe Fiaɖuƒe Akpata me, alo zã adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ aɖo ɖe mí. Àgate ŋu aʋu míaƒe Internet Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org.—g12-E 01.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ame aɖewo xɔ kpekpeɖeŋu nyuiwo esi woyi susumedɔdaƒewo.
b Ne èdi numekɔkɔ bubuwo ku ɖe blanuiléledɔ ŋu la, kpɔ Nyɔ!, July 2009, axa 13-19 [yevugbe me tɔ, axa 3-9].
c Nyɔ! mekafua dɔdamɔnu aɖe koŋ be eyae nyo wu o. Ele be ame sia ame nada dɔdamɔnu vovovoawo akpɔ nyuie hafi awɔ eƒe tiatia.
[Aɖaka si le axa 16]
BIBLIA LA KPENA ÐE AME ŊU
● “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.”—Filipitɔwo 4:6, 7.
● “Medi Yehowa, etɔ nam, eye wòɖem tso nye ŋɔdziwo katã me.”—Psalmo 34:5.
● “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.”—Psalmo 34:19.
● “Eya ame si daa gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye wòblaa woƒe abiwo.”—Psalmo 147:3.
[Aɖaka si le axa 17]
NE EVAA SUSU ME NA WÒ BE NÀÐE WÒ AGBE ÐA . . .
Ðe wò seselelãmewo gblɔ na xɔ̃wò aɖe si dzi nèka ɖo
Gblɔ wò dzimenyawo na Mawu le gbedodoɖa me
Di kpekpeɖeŋu tso ɖɔktawo gbɔ
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 18]
NU SI XƆLƆ̃WO KPLE ƑOMETƆWO ATE ŊU AWƆ
Zi geɖe la, xɔlɔ̃ veviwo kple ƒometɔwoe nye ame gbãtɔ siwo dea dzesii be ame si ƒo dzi ɖe le la le didim be yeaɖe yeƒe agbe ɖa. Afɔ aɖewo ɖeɖe kaba ate ŋu akpɔ amea ƒe agbe ta! Ele be nànye toɖola veveseɖeamenula. Lɔ̃ ɖe edzi nɛ be ele nɔnɔme sesẽwo me tom vavã. Biblia gblɔ be: “Miƒo nu na luʋɔ siwo lé blanui la akɔfafatɔe.” (1 Tesalonikatɔwo 5:14) De dzi ƒo na ame si le nɔnɔme sia me la be wòalɔ̃ axɔ kpekpeɖeŋu, eye wɔ nu sia nu si hiã be wòate ɖe ame siwo akpe ɖe eŋu la ŋu.