INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/12 axa 19-21
  • Ðe Nane Gblẽ Le Ŋkɔxɔxɔ Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nane Gblẽ Le Ŋkɔxɔxɔ Ŋua?
  • Nyɔ!—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Ŋkɔxɔxɔ Le Internet Dzi Le Veviea?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Nu kae mawɔ ne wowɔa anyra le ŋunye?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Nu Kae Mawɔ Ne Nye Sukuhatiwo Ðia Nunye?
    Nya 10 Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nu Kae Mawɔ Ne Meto Vovo Le Amewo Dome?
    Sɔhɛwo Biana Be
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2012
g 4/12 axa 19-21

Sɔhɛwo Biana Be

Ðe Nane Gblẽ Le Ŋkɔxɔxɔ Ŋua?

Tia ŋuɖoɖo si sɔ la:

Ŋkɔxɔxɔ ․․․․․ .

A. nyo ɣesiaɣi

B. nyo ɣeaɖewoɣi

D. menyo kura o

NYAŊUÐOÐO nyuitɔae nye “B.” Nu ka tae? Elabena ne ame aɖe xɔ ŋkɔ la, efia be ame geɖe lɔ̃a amea ƒe nya, eye esia megblẽ o! Biblia gblɔe ɖi be Kristotɔwo anye ‘kekeli na dukɔwo,’ eye amewo aƒo zi ɖe wo ŋu. (Yesaya 42:6; Dɔwɔwɔwo 13:47) Le mɔ ma nu la, míate ŋu agblɔ be Kristotɔwo xɔ ŋkɔ.

Ènyaa? Yesu nye ame xɔŋkɔ. Tso eƒe ɖevime kee “wònɔ amenuveve kpɔm le Mawu kple amewo siaa gbɔ.” (Luka 2:52) Gawu la, Biblia gblɔ be esi Yesu tsi la, “ameha gã aɖe dze eyome tso Galilea kple Dekapoli kple Yerusalem kple Yudea kpakple Yordan ƒe go kemɛ dzi.”—Mateo 4:25.

Nu ka tae esia sɔ? Elabena Yesu menɔ bubu dim na eɖokui loo alo nɔ ŋkɔxɔxɔ minyam o; eye menɔ agbagba dzem be yeƒe nu nanyo amewo ŋu godogodo o. Yesu wɔ nu si sɔ, eye esiae na eƒe nu nyo amewo ŋu. (Yohanes 8:29, 30) Yesu nyae be ne yeƒe nu nyo amewo ŋu hã la, manɔ nenema ɖaa o, elabena wo dometɔ aɖewo ate ŋu atrɔ susu. Enyae hã be eteƒe madidi o la, woawu ye.—Luka 9:22.

Nyataƒonya: Ŋkɔxɔxɔ le abe kesinɔnu ene. Eƒe amesinɔnɔ megblẽ kokoko o. Kuxiae nye ale si amewo wɔna hafi wòsua wo si, kple ale si wokpɔa etae.

Nuxlɔ̃ame! Sɔhɛ geɖe ato mɔ sia mɔ dzi be yewoaxɔ ŋkɔ. Wo dometɔ aɖewo nye ameŋudzelawo kple ha yome nɔlawo. Wo dometɔ aɖewo hã zia amewo dzi ŋutasesẽtɔe tsɔ ɖenɛ fiana be yewo li, ne ema ana amewo nanɔ vɔvɔ̃m na wo gɔ̃ hã.a

Míadzro ŋkɔxɔxɔ ƒe mɔnu gbegblẽ eve siawo me le axa siwo kplɔe ɖo me. Emegbe míadzro ŋkɔxɔxɔ le mɔ nyuitɔ nu hã me.—g12-E 03.

Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org/ype

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Biblia ƒo nu tso “ame dzɔatsu” siwo wogayɔna be Nefilimwo, “ame xɔŋkɔwo,” siwo zia amewo dzi hesẽa ŋuta le wo ŋu la ŋu. Woƒe taɖodzinua katã koe nye be yewoadi bubu na yewo ɖokuiwo.—1 Mose 6:4.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20, 21]

ŊKƆXƆXƆ ƑE MƆ VOVOVOWO

AMEŊUDZELAWO

Medi be nye nu nanyo amewo ŋu.

Eya ta ele be masrɔ̃ woƒe agbenɔnɔ.

“Medze gbagba be masrɔ̃ ale si amewo wɔa nui ale be mate ŋu anɔ wo dome. Le gɔmedzedzea me la, edze abe ɖe esia dze edzi ene. Gake emegbe meva kpɔe be mele be manɔ amewo ƒe nuwɔnawo srɔ̃m ko kple susu be nye nu nanyo wo ŋu o.”—Nicole.

Biblia ƒe mɔfiame: ‘Meganɔ ha yome o. Eye mègade ame geɖewo dzi le nu gbegblẽ wɔwɔ me o.’—2 Mose 23:2.

ŊUTASẼLAWO

Amewo lɔ̃a nye nya, eya ta medi be woayi edzi alɔ̃m ɖaa.

Mato mɔ sia mɔ dzi be manye ame gbãtɔ le nu sia nu me, ne ahiã be mate amewo ɖe to gɔ̃ hã.

“Sɔhɛwo wɔa ŋutasẽnuwo zi geɖe, eye esi wònye be ŋutasẽlawo nye ame xɔŋkɔwo ta la, ewɔna na sɔhɛ siwo kpea ŋu la be nya sia nya si ame siawo gblɔ la nye nyateƒe.”—Raquel.

Biblia ƒe mɔfiame: “Ale si ko miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.”—Luka 6:31.

MƆ NYUITƆ

1 Nya nu si fiaa mɔ wò. Biblia gblɔ be ame siwo tsi le susu me la nya ale si “woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.”—Hebritɔwo 5:14.

2 Lé wò dzixɔsewo me ɖe asi. Wɔ nu abe Yosua ene, ame si tsɔ dzinɔameƒo gblɔ be: “Mitia ame si subɔ ge miala egbea . . . Ke mía kple nye aƒe ya míasubɔ Yehowa!”—Yosua 24:15.

3 Ka ɖe edzi be yele mɔ nyuitɔ dzi. Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na Timoteo be: “Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mí o, ke ŋusẽ . . . ƒe gbɔgbɔ boŋ.”—2 Timoteo 1:7.

Ne èwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo etɔ̃ siawo siwo dze le miakpa dzi dzi la, anɔ eme be màxɔ ŋkɔ boo o, gake wò nu anyo ame siwo si nɔnɔme nyuiwo le la ŋu!

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20, 21]

NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ

Melissa—Àte ŋu adze agbagba be yeanɔ abe sukuvi bubuawo ene. Gake esia wɔwɔ tia ame ŋutɔ! Kristotɔnyenye nana ame toa vovo le mɔ nyuitɔ nu. Esia mefia be nètsi eme o. Ðe wònana wò nu nyoa ame ŋu boŋ.

Ashley—Mesena le ɖokuinye me be nyemenye ame xɔŋkɔ le suku o, gake ne meyi Kristotɔwo ƒe kpekpe la, mekpɔnɛ be ame si ƒomevi menye la nyoa xɔ̃nyewo ŋu, eye wolɔ̃am vevie. Esia wɔnɛ be ale si medina be madze nye sukuhatiwo ŋu la buna le susu me nam.

Phillip—Nu vevi si nana amewo lɔ̃a ame ƒe nyae nye be nàtsɔ ɖe le eme na wo. Menyoa dɔme na xɔ̃nyewo eye esia na be mía kpli wo dome va nyo ɖe edzi wu tsã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe