Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Ame Kae Ate Ŋu Atrɔ Míaƒe Xexea Wòanyo?
“Le xexea me godoo la, amewo di ŋuɖoɖowo tso woƒe kplɔlawo gbɔ. Wodi kuxiwo gbɔkpɔnu, ke menye taflatsɛdodowo alo agbagbadzedze siwo tsia mɔ ta o.”—DUKƆ ƑOƑUAWO ƑE DƆDZIKPƆLAGÃ BAN KI-MOON.
MÍELE ŋkeke siwo Biblia yɔ be “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ” la me. (2 Timoteo 3:1) Nya vɔ̃ siwo ku ɖe aʋawɔwɔ, ŋɔdzinuwɔlawo ƒe amedzidzedze, ganyawo ƒe tɔtɔ kple anyigbadzinuwo dome gbegblẽ ŋu koe yɔ nyadzɔdzɔwo me fũu.
Ðe mɔkpɔkpɔ li be nuwo ava nyoa? Ðe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ate ŋu akpɔ xexea ƒe kuxiwo gbɔa? Alo ɖe wòahiã be míadi kpekpeɖeŋu tso teƒe bubu aɖea?
Nu Si Dukɔ Geɖewo Gblɔna
Dukɔ geɖewo gblɔna be Mawu le megbe na yewo. Le kpɔɖeŋu me, le United States of America ƒe Dukɔa Ƒe Adzɔgbeɖenyaa me la, wogblɔna be yewonye “dukɔ ɖeka le Mawu ƒe kpɔkplɔ te,” eye woŋlɔ ɖe dukɔa ƒe gagbalẽwo kple gakuwo dzi be “Mawu Ŋue Míeɖoa Ŋu Ðo.”
Ke hã, ame siwo le United States la dometɔ geɖe mexɔe se be Mawu li o, eye alea kee wòle le dukɔ bubu siwo hã gblɔna be Mawu le megbe na yewo la gome. Nukpɔsusu vovovowoe le ame siwo xɔe se be Mawu li la gɔ̃ hã si ku ɖe akpa si Mawu wɔna le amegbetɔwo ƒe nya me ŋu.
● Ame aɖewo gblɔna be Mawu metsɔ ɖeke le eme na amegbetɔwo o, eye be egblẽe ɖe woawo ŋutɔwo si me be woaɖu wo ɖokuiwo dzi.
● Ame bubuwo hã gblɔna be Mawu zãa amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo, eye eyrana ɖe agbagba si wodzena be yewoatrɔ xexea wòanyo la dzi.
Ðe nèxɔ nya mawo dometɔ aɖe dzi sea?
Bu nya sia ŋu kpɔ: Ne nya gbãtɔ nye nyateƒe la, ke mɔkpɔkpɔ aɖeke megali na ameƒomea o. Ne eveliae nye nyateƒe la, ke ele be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe Mawu dea dukɔ aɖewo dzi ɖe bubuwo ŋua? Ne dukɔ eve kpe aʋa, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe do gbe ɖa vevie be yeaɖu dzi la, akpa ka dzie Mawu dena?’ Ðe wòate ŋu anɔ eme be made wo dometɔ aɖeke dzi oa?
Nu Si Biblia Fia
1. Womewɔ amegbetɔ be wòaɖu ehavi amegbetɔ dzi o. Biblia gblɔ be: “Amegbetɔ ƒe . . . zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremiya 10:23) Ŋutinya ɖo kpe nya sia ƒe nyateƒenyenye dzi. Nenye be ɖoɖo nyui kple susu nyuitɔ kekeake le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo si gɔ̃ hã la, wometea ŋu kpɔna xexea me ƒe kuxiwo gbɔ o. Ke boŋ “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”—Nyagblɔla 8:9.
2. Mawu tsɔ ɖe le eme na mí. Enya nu siwo me tom míele, eye wòsea veve ɖe mía nu hã. Gawu la, aɖe afɔ siwo hiã atsɔ akpe ɖe mía ŋu. Aleke wòawɔe? Awɔ esia to eƒe Fiaɖuƒe “si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o” la dzi.—Daniel 2:44.
3. Dziɖuɖu ŋutɔŋutɔe Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye. Fiaɖuƒe ma ƒe vavae dzianukwaretɔ miliɔn geɖe biana enuenu ne wodo gbe si nye Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖa alo Mía Fofo Si Le Dziƒo la ɖa. Le gbedodoɖa sia me la, amewo ƒoa koko na Mawu be: ‘Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.’ (Mateo 6:10) De dzesii be menye dziƒo koe Mawu ƒe Fiaɖuƒea akpɔ ŋusẽ le o; ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi hã.
4. Mawu ate ŋu atrɔ míaƒe xexea, eye awɔe to eƒe Fiaɖuƒea dzi. Ne èke ɖi nya sia la, ke bu nu si Biblia fia ŋu kpɔ.
● Le gɔmedzedzea me la, Mawu wɔ amegbetɔwo wode blibo, eye wonɔ afi si dziɖeɖi kple ŋutifafa nɔ.—1 Mose 1:27-31.
● Togbɔ be míele kuxiwo me tom hã la, Mawu meŋlɔ eƒe tameɖoɖo na míaƒe anyigba la be o.—Psalmo 37:11, 29.
● Mawu ɖe afɔ aɖewo xoxo be yeana tame si yeɖo ɖe anyigba kpakple amegbetɔwo ŋu tso gɔmedzedzea me la nava eme.—Yohanes 3:16.
Àdi be yeanya nu geɖe tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple ale si wòava trɔ míaƒe xexea ŋua? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo, siwo nye magazine sia talawo la, be yewoakpe ɖe ŋuwò. Ðe manyo ŋutɔ be nàna woadzro tanya siwo gbɔna la me kpli wò ne wogava gbɔwò le aƒe me oa?—g12-E 07.
● Nu kae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea?
● Tɔtrɔ kawoe wòahe avae?
● Ɣekaɣie Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe tɔtrɔ mawo avae, eye aleke wòawɔe?
ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?
● Nu ka tae ŋutete mele amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ŋu be woakpɔ xexea ƒe kuxiwo gbɔ o?—Yeremiya 10:23.
● Aleke Mawu ɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na mí?—Yohanes 3:16.
● Tɔtrɔ kawoe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe va míaƒe anyigba sia dzi, eye yayra kae edzinɔlawo akpɔ?—Psalmo 37:11, 29.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]
Ðe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ate ŋu akpɔ xexea me ƒe kuxiwo gbɔa? Alo ɖe wòahiã be míadi kpekpeɖeŋu tso teƒe bubu aɖea?