GBEBIAME | GUILLERMO PEREZ
Amekokoŋutiɖaŋuɖola Aɖe Ƒe Xɔse
Ðɔkta Guillermo Perez si nye amekolawo ƒe tatɔ le kɔdzi gã aɖe si dɔnɔbati 700 le le South Africa xɔ dzudzɔ le dɔ me nyitsɔ laa. Ƒe geɖewo va yi la, exɔe se be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokui si. Gake eva xɔe se emegbe be Mawue wɔ amegbetɔwo. Nyɔ! magazinea talawo bia gbee tso eƒe xɔse ŋu.
Gblɔ nu si tae nèxɔe se tsã be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokui si na mí.
Togbɔ be Katolikoha mee wonyim le hã la, nyemexɔ Mawu dzi se o. Le kpɔɖeŋu me, esesẽ nam be maxɔ Mawu si ŋu wogblɔ le be ewɔa funyafunya amewo le dzo mavɔ me la dzi ase. Eya ta esi wofiam le yunivɛsiti be menye Mawue wɔ nu gbagbewo o, ke boŋ ɖeko dzɔdzɔmenuwo nɔ tɔtrɔm ʋuu va zu nu gbagbe siwo katã li egbea la, mexɔe se elabe mesusui be kpeɖodzi le eŋu. Tsɔtsi si mede hã da asi ɖe nufiafia sia dzi gake gblɔ be Mawue fia mɔ dzɔdzɔmenuwo wonɔ tɔtrɔm ʋuu va zu nu gbagbewo.
Nu kae na nèva tsɔ ɖe le Biblia me?
Yehowa Ðasefowo te Biblia-sɔsrɔ̃ kple srɔ̃nye Susana. Woɖo kpe edzi nɛ le Biblia me be Mawu mewɔa funyafunya amewo le dzo mavɔ me o.a Wofiae hã be Mawu do ŋugbe be yeatrɔ anyigba wòazu paradiso.b Azɔ ko míeke ɖe nufiafia si me susu le la ŋue nye esi! Le ƒe 1989 me la, Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Nick vaa gbɔnye. Esi míeɖo dze tso ale si wowɔ míaƒe ŋutilã kple ale si wòwɔ va dzɔ ŋu la, Biblia me nya si dze le Hebritɔwo 3:4 la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Afi ma gblɔ be: “Nyateƒee, aƒe sia aƒe la, ame aɖee tsonɛ, gake ame si wɔ nuwo katã lae nye Mawu.”
Ðe nusɔsrɔ̃ tso amegbetɔ ƒe ŋutilã ŋu na nèxɔe se be ɖe wowɔ nu gbagbewoa?
Ɛ̃. Le kpɔɖeŋu me, ale si míaƒe ŋutilã ɖɔa eɖokui ɖo la wɔ nuku ŋutɔ. Nu siawo dometɔ ɖekae nye ale si abi wɔna kuna. Ale si abi wɔna kuna la ma ɖe akpa ene me. Eye esia na mekpɔnɛ be ɖeko mí amekolawo ya míewɔa ŋutete si le ŋutilãa ŋu be wòaɖɔ eɖokui ɖo la ŋu dɔ tsɔ kpɔa abi gbɔ na amewo.
Gblɔe na mí, nu kae dzɔna ne ame xɔ abi?
Nu vovovo siwo nana be ʋuɖuɖu le ame ŋu nu tsona la ƒe gbãtɔwo dzea dɔwɔwɔ gɔme le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖe me. Ale si nu siawo wɔa dɔ ɖe ɖoɖo nyui nu la gɔme sese mele bɔbɔe kura o. Magblɔ kpee be adzro mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo be yewoawɔ pɔmpidɔwɔnu siwo awɔ dɔ abe ale si míaƒe ʋukawo wɔa dɔe ene, elabena míaƒe ʋukawo ŋutɔwo tea ŋu xea woƒe ŋɔŋɔƒewo eye woɖɔa wo ɖokuiwo ɖo hã. Ʋuka siwo katã le míaƒe lã me ƒe didime ade kilometa 100,000.
Nu kae dzɔna le akpa evelia?
Le gaƒoƒo aɖe megbe la, ʋuɖuɖua nu tsona eye teƒea dea asi tete me. Nu wɔnuku geɖewoe yia edzi ne teƒea le tetem. Gbã la, ʋuka siwo me mia tsã ale be ʋu sɔgbɔ nagado le amea ŋu o la me ʋuna azɔ. Eme ʋuna ale be ʋu geɖe nate ŋu asi to eme ayi afi si abia le. Emegbe, tsi ƒomevi aɖe si me nunyiame le nana be afi si abia le la tena. Dɔ vevi si tsi sia wɔnae nye be ewɔa avu kple dɔlékuiwo, etsia aɖi si age ɖe abia me nu, eye wòɖɔa ŋutilã ƒe akpa si ŋu nu gblẽ le la ɖo. Ehiã lãmenu kple lãmenugbagbevi miliɔn gbogbo aɖewo be ŋutilã nate ŋu awɔ nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe. Le mɔ aɖe nu la, ɖɔɖɔɖo sia dometɔ aɖewo ƒe nuwuwu dzraa mɔ dzi ɖo na ɖɔɖɔɖoa ƒe akpa bubu ƒe gɔmedzedze.
Aleke ɖɔɖɔɖoa yia edzie?
Le ŋkeke aɖewo megbe la, míaƒe ŋutilãa tea ŋutilãɖɔɖonuwo tutu ɖo. Esiae nye akpa etɔ̃lia ƒe gɔmedzedze eye wòtua ŋutilãɖɔɖonuwo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ ɖo le kwasiɖa eve me. Lãmenugbagbeviwo toa lãmekawo me va gena ɖe abia me hedzina ɖe edzi le afi ma. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ʋuka suesuewo dona heɖoa ta ŋutilã ƒe akpa si abia le, eye wova ɖea nu gbegblẽ siwo le abia me henana nunyiamewo gena ɖe abia me eye wonana abia ƒe mo wɔa nyanyanya si nana ŋutilã ƒe akpa ma ɖɔna ɖo. Nu bubu aɖe si gɔme sese mele bɔbɔe o hã yia edzi, eyae nye be ŋutilã dzia lãmenugbagbevi siwo tea abia ƒoa ƒu.
Nu geɖe ŋutɔe ma yia edzie! Ke ɣeyiɣi didi kae ɖɔɖɔɖoa katã xɔna?
Ate ŋu axɔ ɣleti geɖe hafi abia naku keŋkeŋ, esiae nye akpa mamlɛtɔ. Ŋusẽ gaɖoa ƒu siwo ŋe la ŋu, eye lãmenu siwo sẽ nyuie va xɔna ɖe bɔbɔetɔ siwo xe abia ƒe mo teƒe. Ale si abi wɔna kuna si me míedzro la nye nu wɔnuku si le ɖoɖo si de ŋgɔ ŋutɔ nu.
Àte ŋu aɖo ŋku ame aɖe si nèda dɔ na kpɔ dzia?
Ne mekpɔ ale si ŋutilã ŋutɔ tea ŋu ɖɔa eɖokui ɖo la, ewɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ
Ɛ̃. Meɖo ŋku edzi be meda dɔ na nyɔnuvi ƒe 16 vi aɖe si dze ʋufɔku vevie. Nu gblẽ le eƒe ƒomeɖe ŋu vevie eye ʋu nɔ ɖuɖum ɖe lã me nɛ. Ne tsãe la, ɖe wòle be míawɔ dɔ nɛ ahaɖɔli eƒe ƒomeɖea. Le egbeŋkekeawo me la, ŋutete si le ŋutilã ŋutɔ ŋu be wòaɖɔ eɖokui ɖo lae kpena ɖe ɖɔktawo ŋu. Ðeko meklɔ abia nɛ, do tsi nɛ hewɔ atike siwo ana be eƒe vevesese nu natsi kple esiwo ana ʋu magavɔ le lã me nɛ o. Esi medoe kpɔ le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, mekpɔe be eƒe ƒomeɖea gate dɔwɔwɔ nyuie! Ne mekpɔ ale si ŋutilã ŋutɔ tea ŋu ɖɔa eɖokui ɖo la, ewɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Esia nana megakana ɖe edzi bliboe be Mawue wɔ mí.
Nu kae na nèva nɔ ha dem kple Yehowa Ðasefowo?
Mede dzesii be wodoa vivi ɖe ame ŋu, eye woɖoa nye nyabiasewo ŋu nam tso Biblia me ɣesiaɣi. Nu si hã do dzidzɔ nam le wo ŋue nye ale si dzi nɔa wo ƒo wogblɔa woƒe dzixɔsewo na ame bubuwo hekpena ɖe wo ŋu wosrɔ̃a nu tso Mawu ŋu.
Esi nèva zu Yehowa Ðasefo la, ɖe esia kpe ɖe ŋuwò le wò dɔwɔnawo mea?
Ɛ̃. Le kpɔɖeŋu me, ekpe ɖe ŋunye menɔa te ɖe nuteɖeamedzi ƒomevi aɖe si ɖea fu na ɖɔktawo kple dɔnɔdzikpɔla siwo kpɔa ame siwo dze afɔku kple ame siwo le dɔ vɔ̃ɖiwo lém gbɔ la nu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne dɔnɔwo gblɔ woƒe kuxiwo nam la, megblɔa ŋugbe siwo mía Wɔla do be yeaɖe dɔléle kple fukpekpec ɖa eye míava nɔ xexe si me ame aɖeke magblɔ be “yele dɔ lém o”d me la na wo.