INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 3/8 axa 15-18
  • Wotsɔ Dɔdada Ʋumadomadoe Ðee tso Kudo Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wotsɔ Dɔdada Ʋumadomadoe Ðee tso Kudo Nu
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Woawɔ Dɔ Nam alo Womawɔe O?
  • Wowɔ Dɔ la Nam
  • Nyaƒoɖeamenu be Mado Ʋu
  • Dɔdada Be Woatsɔ Axɔm Ðe Agbe si Dze Edzi
  • Yehowa Ðasefowo Kple Atikewɔlawo Wɔ Ðeka
    Nyɔ!—1994
  • Menye Akunyawɔlawo alo Mawuwoe Míenye O
    Nyɔ!—1994
  • “Mia Kple Yehowa Koe Susɔ Azɔ”
    Nyɔ!—1995
  • Medze Ŋgɔ Atikewɔnya Vevi Aɖe
    Nyɔ!—1996
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1993
g93 3/8 axa 15-18

Wotsɔ Dɔdada Ʋumadomadoe Ðee tso Kudo Nu

Abe alesi Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã dɔwɔla aɖe gblɔe ene

NƆNƆMEA wɔ mo yaa ŋutɔ. Le ƒe 1991 ƒe February me la, meyi Buenos Aires, Argentina, be mayi aɖakpe asi ɖe atike siwo woazã ɖe ʋu teƒe ŋuti takpekpewo wɔwɔ ŋu. Gake fifia meɖo kudo nu, eye ʋu nɔ ɖuɖum le ŋunye vevie.

Dɔa dze egɔme le kwasiɖa si do ŋgɔ nɛ me esime menɔ Meksiko. Dɔme nɔ ɖuyem gake nyemebui o. Ðɔkta si le nutoa me la gblɔ be enye nusi bɔ be dɔme ɖua Amerikatɔ siwo nye amedzro va nutoa me. Ena atikem meno be matsɔ atsi vevesesea nui.

Esi ŋu ke meɖo yameʋu yina Buenos Aires la, vevesesea do gã ɖe edzi ŋutɔ. Nye dɔme ʋu dzo vevie eye le ŋkeke eve megbe la, eva nɔ abe dzobibi sesẽ aɖe ene. Wodo abi nam be woatsɔ atsi vevesesea nui. Esia kpe ɖe ŋunye meƒo nye nuƒoawo wu enu le takpekpea me. Emegbe wokɔm tso Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe, afisi mía kple srɔ̃nye míenɔ la yi nutoa me kɔdzi aɖee. Wodom kpɔ le afima hekpɔ be abi wɔ dɔme nam, esi dze abe etɔ te ʋuɖuɖu eteƒe medidi o ene.

Dodokpɔa me tsonu wɔ mo yaa nam, elabena nye dɔme mewɔ abi kpɔ o, eye ɖeke ƒe dzesiwo gɔ̃ hã medo ɖe ŋunye kpɔ o. Gake míenɔ mɔ kpɔm be ɖiɖiɖeme, atike siwo tsia aɖi nu, kple asitɔtrɔ le nye nuɖuɖu ŋu ana mahaya. Dzɔgbevɔ̃etɔe esi metrɔ va alɔdzedɔwɔƒea ƒe kɔdzi la, ʋua gade asi ɖuɖu me ake le ŋunye.

Nye afɔdzi zu yibɔ eye ʋu tsakae, eye mefu ɣie abe ame kuku ene. Mlɔeba la, meku ƒenyi, eye aŋeka si me atike tona ɖoa ʋukawo me si wobla ɖe nye abɔ ŋu la do le eɖokui si. Srɔ̃nye ƒu du to kɔdzixɔwo ƒe mɔnu nɔ dɔnɔdzikpɔla yɔm.

Woawɔ Dɔ Nam alo Womawɔe O?

Eteƒe medidi hafi ɖɔkta eve va gbɔnye le nye aba xa o. Wogblɔ nam to nyagɔmeɖela aɖe dzi be nye ʋumenu si nye hemoglobin ɖiɖi va anyi gram 6.8 le decilita ɖeka me (esi sɔ la nɔa abe 15 ene le decilita ɖeka me.) Wogblɔ be yewoatsɔ telefon abia kpekpeɖeŋu tso amesi koa ame ʋumadomadoe la gbɔ. Eɖo aɖaŋu be woawɔ dɔ nam enumake. Mebia nyae tso atike siwo woate ŋu azã ɖe amekoko teƒe la ŋu.

Woyi ɖakpɔ ɖɔkta si wɔa dɔ le dɔme kple dɔkavi me dɔlélewo ŋu. Egblɔ be yeate ŋu atsɔ nukpɔmɔ̃ azɔ nye ve ŋu va ɖo do si le dɔkavi suewo ƒe akpa gbãtɔ nu. Ne eɖo afisi ʋua le ɖuɖum le la, woate ŋu akɔ atike si tsia ʋu ƒe ɖuɖu nu la ɖe abia me le agbagbadzedze me be ʋua natɔ te.

Mebiae be: “Anyoa?”

Eɖo eŋu be: “Ðewohĩ anyo.” Gake amekola la gblɔ be ne atike si tsia ʋu ƒe ɖuɖu nu mete ŋu dze edzi o la, ɖewohĩ míaƒe heheɖemegbe kple ʋua ƒe ɖuɖu awɔe be manya wɔ be woawɔ dɔ nam o. Tiatia aɖeke meli mawɔ wu be mana woawɔ dɔ nam o.

Metsi dzodzodzoe ŋutɔ. Mía kple srɔ̃nye míekpla asi kɔ na mía nɔewo. Hafi woakɔm kple dɔnɔkɔʋu ayi kɔdzii la, wowɔ alesi medi be woamã nye domenyinuwoe le nye ku megbe ƒe agbalẽ nam eye mede asi ete. Ewɔ na mía xɔlɔ̃wo be ɖewohĩ nyematsi agbe le amekokoa me o.

Wowɔ Dɔ la Nam

Le xɔ si me wowɔa dɔ le na ame la me la, wokɔm da ɖe nusi dze abe ahũhɔ̃ekplɔ̃ gã aɖe ene la dzi. Kekeli klẽ tso dzi kple anyi. Metsi dzodzodzoe ŋutɔ, esi ate ŋu adze gaglã woakpɔ esime amekolawo dometɔ ɖeka te ɖe ŋunye. Egblɔ be: “Mègaxa nu o. Nusianu le nyonyo ge.” Eƒe ɖetsɔleme si me lɔlɔ̃ le la fa akɔ nam. Wodem alɔ̃ me to atike si wona megbɔ to ŋɔti me la me, eye enumake nye mo tsyɔ zi, nye seselelãmewo ku eye meyi ɖi me.

Menyɔ esime wonɔ kɔyem tso aba si te afɔtiwo le dzi yi dɔnɔkɔdzia ŋutɔ ƒe aba dzii. Meva nɔ vɔvɔ̃m esime teƒe si woko nam ƒe abi kple ka si wode nye ŋɔti me kple nye ve me va nɔ veyem vevie. Srɔ̃nye kple xɔlɔ̃ aɖe fa akɔ nam. Tsi si wolili ɖe nuto nam la fa nye tsikɔwuame nu vie. Edzɔ dzi nam be metsi agbe.

Togbɔ be woka ɖe edzi nam be dɔ si yewowɔ nam la dze edzi hã la, ʋu yi edzi nɔ vɔvɔm le lãme nam. Nuka gbɔe wòatso? Nye afɔdzi si wodo kpɔ la ɖee fia be ʋu ganɔ ɖuɖum le ŋunye kokoko. Amekolawo ka ɖe edzi be menye afisi yewotɔ yeyee ye ʋua nɔ ɖuɖum tsoe o—ekema afika tututue?

Ewɔ na ɖɔktawo be manya ɖu aɖinu aɖe si ɖewohĩ wòŋɔ dɔkagã la. Wogblɔ be nye lãme gbɔdzɔ akpa be yewoagawɔ dɔ nam.

Nyaƒoɖeamenu be Mado Ʋu

Esi nye ʋu yi edzi nɔ vɔvɔm la, nyaƒoɖeamenu be woado ʋu nam la hã yi edzi vevie. Dɔnɔdzikpɔla si nɔa gbɔnye kpɔm la gblɔ be ne ɖɔktae yenye la, ɖeko yeado ʋu nam nya aɖeke mabiamabiam. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, ɖɔkta aɖe va gbɔnye hegblɔ be: “Ele be nàna woado ʋu na wò ne èdi be yeatsi agbe.”

Meɖe eme nɛ be Yehowa Ðasefoe menye eye be le mawusubɔsubɔ kple atikewɔwɔ ƒe susuwo ta la, nyemalɔ̃ woado ʋu nam o. (Mose III, 17:10-14; Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Mekpɔ be edo dziku, gake metsɔe be esi mese nye tenɔnɔ sesĩe la gɔme hede bubu eŋu o tae wòɖe nɔnɔme sia fia ɖo.

Le nyaƒoɖeamenu si nɔ dzidzim ɖe edzi kple nɔnɔme bubu siwo nɔ kɔdzia ta la, mebia be woaɖe asi le ŋunye. Eteƒe medidi o wotsɔ dɔnɔkɔʋu kɔm va alɔdzedɔwɔƒea ƒe dɔnɔkɔdzii.

Dɔdada Be Woatsɔ Axɔm Ðe Agbe si Dze Edzi

Mebia ɖɔkta si nɔ afima si nye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka be wòaka ɖe edzi nam be yewɔ atike si nye EPO (erythropoietin), si nye atike si doa ŋusẽ ƒutomemi be woawɔ ʋumenugbagbevi dzĩwo kabakaba la nam. Egblɔ be yewɔe. Le nyateƒe me la, ŋutilã la hiã amenyinu veviwo be wòana ʋumenugbagbevi dzĩ nyuiwo. Amenyinu siawoe nye esiwo woyɔna be folic acid, vitamin B, kple vevietɔ gayibɔ. Gayibɔ si woyɔna be dextran (alo Imeferon) si wodona toa ʋuka me na ame nye mɔ tsɔtsɔetɔ si naa gayibɔ ame, eye mebia be woadoe nam.a

Gake gayibɔ si woyɔna be Imferon menɔ Argentina o. Ekpɔkpɔ sesẽ le United States gɔ̃ hã, elabena woɖo eƒe akpa gãtɔ ɖe Titinaɣedzeƒe le Persian Gulf-ʋa la ta. Gake woke ɖe ɖewo ŋu mlɔeba eye wotsɔe de asi na Yehowa Ðasefo aɖe si gbɔna Argentina la.

Vaseɖe ɣeyiɣi sia me la, nye ʋumenu si nye hemoglobin dzi ɖe kpɔtɔ zu dzeside si nye 4 ko. Esi menya be ʋu geɖe ɖeɖe le lãme nam be woado kpɔ ate ŋu ana ʋu navɔ le lãme nam ta la, megblɔ na atikewɔla si vaa alɔdzedɔwɔƒea be nyemagaɖe mɔ nɛ wòaɖe nye ʋu o. Egbe hegblɔ be: “Be míanya nusi le dzɔdzɔm la, ekema ele be míaɖee.”

Meɖo eŋu be: “Ènya nusi le dzɔdzɔm. Ʋue le ɖuɖum le lãme nam, eye nukae nye nu xɔasitɔ kekeake le nye lãme?”

Elɔ̃ ɖe edzi be: “Ʋue.”

Mexɔ edzi nɛ be: “Eye metso nya me fifia be nyemagaɖe nye ʋu aɖeke o.” Womenya ʋu agbɔsɔsɔme si susɔ ɖe lãme nam o.

Medo gbe ɖa vevie na Yehowa le zã ma me nɔ eƒe mɔfiafia biam eye menɔ mɔ kpɔm be mafɔ ne ŋu ke. Mefɔ vavã, gake mese le ɖokuinye me be nye agbeŋusẽ nɔ dodom le menye. Mekpɔ be meɖo kudo nu vɔ. Zi geɖe la, nye ʋumenu si nye hemoglobin ƒe agbɔsɔsɔ nɔa abe gram 17.2 ene le decilita ɖeka me, eye wòɖo agbɔsɔsɔ nyuitɔ ƒe kɔkɔƒe, eyata nye ʋu ƒe akpa 75 lia kple edzivɔ le alafa me vɔ le lãme nam. Ele be woawɔ nu bubu aɖe tso eŋu.

Le ŋdi ma me la, mebia be madzro nya me kple ɖɔkta siwo nɔ gbɔnye kpɔm le nye dɔdada ŋu. Womenɔ amenyinu si nye K si hiã be ʋua nate ŋu abla la dom nam o, gake fifia wolɔ̃ enumake be yewoadze enanam gɔme. Eyome mebia be: “Ðe atike siwo dom miele nam gbɔe ʋu ƒe ɖuɖu le ŋunye le tsotsom loo alo ekpe asi ɖe eƒe ɖuɖu ŋua?”

Woɖo eŋu be: “Ao.”

Meƒoe ɖe wo nu be: “Mieka ɖe edzia?

Esi ŋu ke ŋdi la, amekolawo dometɔ ɖeka va gbɔnye va gblɔ be le numekuku si yewogawɔ nu la, yewokpɔe be atikeawo dometɔ ɖeka ate ŋu ana ʋu nanɔ ɖuɖum le ŋunye vavã. Wodzudzɔ ezazã enumake. Alesi ɖɔktawo lɔ̃ faa be yewoaɖo tom nyuie abe dɔnɔ ene eye yewoadzro dɔ si dam yewole nam me na megabu wo wu.

Mebia wotsɔ atikewɔgbalẽ vɛ nam le nye aba dzi, eye mía kple srɔ̃nye míede asi numekuku me le eme. Nyatiawo dometɔ ɖeka ƒo nu tso atike si tsia ʋu ƒe ɖuɖu le ame ŋu nu la ŋuti. Míekpɔe eteƒe medidi o ko Ðk. Marcelo Calderón Blanco, si nye hati Ðasefo aɖe va hegblɔ be yedi be yeazã atike ma ƒomevi! Wodo atikea nam abe alesi wodoa atike toa ame ƒe agɔnu ene. Le ɣeyiɣi ma ke lɔƒo me la, gayibɔ si woyɔna be Imferon tso United States va eye wodoe to ʋuka me nam.

Fifia ɖeko míalala. Le ŋkeke ma ke dzi la, nye lãme de asi sesẽ me. Ŋkeke etɔ̃ megbe la, meɖe mɔ na wo be woaɖe nye ʋu ado kpɔ. Nukutɔe la, nye ʋu me nu veviwo dzi ɖe edzi ɖo dzidzenu 6! Gake esi wolé ŋku ɖe eŋu ŋkeke atɔ̃ do ŋgɔ la, enɔ 4 eye edzi ganɔ ɖeɖem kpɔtɔ! Ðɔktawo ke ɖi. Wogblɔ be woagawɔ dodokpɔ bubu. Eɖo kpe gbãtɔ la dzi. Atike si woyɔ kpuie be EPO kple gayibɔ si nye Imferon nɔ dɔ wɔm nyuie!

Atikeɖaŋuwɔla si nɔ kɔdzia, amesi do nye ʋu kpɔ la va eye wògblɔ be anye ʋue ɖɔkta la do nam. Ete tɔ ɖe edzi be: “Ame aɖeke ƒe ʋu mate ŋu asɔ gbɔ ɖe edzi nenema ne womedo ʋu nɛ o.” Ðɔkta la ka ɖe edzi nɛ be yewomedo ʋu nam o. Ebia be: “Atike ka ŋudɔ wɔm miele si dzi ʋua ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi nenema kaba?” Wogblɔ nɛ be EPO kple Imferon ye yewozã.

Ðk. Amilcar Fernández Llerena, si nye ɖɔktawo dometɔ ɖeka si menye Ðasefo o la va srãm kpɔ le gbesigbe woxɔ ʋudodokpɔ ƒe nyatakagbalẽvi la. Esi wòdom kpɔ la, ewɔ nuku nɛ wògblɔ be: “Mele ŋkɔ bubu tsɔm na wò—esi nye Lazaro.” (Tsɔe sɔ kple Yohanes 11:38-44.) Ðeko mewɔ nye ŋusẽ ɖesiaɖe ŋudɔ ɖo asi nye aɖatsiwo dzi.

Ðk. Llerena gblɔ be: “Àte ŋu ada akpe na wò Mawu, Yehowa, be yele agbe.” Mebiae be nya si gblɔm wòle gɔme ɖe. Eɖo eŋu be: “Ne sigaretnola, atikemuamenola, alo ahatsunolae nènye la, anye ne matsi agbe le dɔ si wowɔ na wò la me o. Gake esi wònye wò ŋutilã le dzadzɛ hesesẽ le wɔwɔ ɖe Mawu ƒe se dzi ta la, ena nètsi agbe.”

Nyatakaka siwo mezã le gonyemee nye esi koŋ míenɔ Dɔnɔkɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmitiwo fiam le nusrɔ̃takpekpewo me le Anyiehe Amerika, Europa, kple Latin America. Nusi dzi ɖoɖoa tea gbe ɖo la ku ɖe atike bubu siwo dzea edzi siwo woate ŋu azã le dɔdada ʋu manɔmee me. Dzidzɔetɔe la, atike siawo siwo woate ŋu azã ɖe ʋu teƒe ŋu nyatakakawo li na atikewɔlawo to Dɔnɔkɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmiti siwo sɔ gbɔ wu 80, siwo le xexeame godoo fifia la dzi.

Mele mɔ kpɔm be nye nuteƒekpɔkpɔ la akpe ɖe Ðasefo bubu siwo le dɔdada ʋumanɔmee dim la ŋu. Dɔnɔkɔdzi si wowɔ dɔ nam le la ƒo ka na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Argentina la emegbe eye wògblɔ be fifia yewokpɔe dze sii be dɔdamɔnu si dzea edzi la le mía si hena atike siwo me ʋu mele o tsɔtsɔ da dɔ na dɔnɔwo me eye be adzɔ dzi na yewo be yewoawɔ nu aduadu kpli mí le etsɔ me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Hena dɔdamɔnu bubu geɖewo la, kpɔ November 22, 1991 ƒe Awake!, axa 10.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Nye dzodzo le dɔnɔkɔdzia esi wowɔ dɔ nam vɔ megbe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe