INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 9/14 axa 3
  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
  • Nyɔ!—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xexea Me
  • Britain
  • China
  • Europa
  • Ŋutasesẽ Le Nyɔnuwo Ŋu—Xexea Me Katã Ƒe Kuxie
    Nyɔ!—2008
  • Gake Vavãtɔea?
    Nyɔ!—1992
  • Ne Wova Le Nu Vlo Wɔm le Aƒeme
    Nyɔ!—1993
  • Aleke Mawu Bua Ŋutasẽnuwɔnawoe?
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 9/14 axa 3

ŊKULÉLE ÐE XEXEA ME ŊU

Xexea Me

Nyɔnu si ŋu srɔ̃a alo srɔ̃a xoxo sẽ ŋuta le

Xexea Me Ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta be ŋutasesẽ le nyɔnuwo ŋu va zu “xexea me ƒe lãmesẽkuxi si le ta kekem abe abi vɔ̃ ene.” Habɔbɔa gblɔ hã be “nyɔnu 35 le alafa me srɔ̃wo, wo srɔ̃ xoxowo alo ŋutsu bubuwo awɔ ŋutasẽnu le wo ŋu. Srɔ̃ŋutsuwo ƒe ŋutasesẽ le wo srɔ̃nyɔnuwo ŋue bɔ wu . . . , eye wole ŋuta sẽm le nyɔnu 30 le alafa me ŋu le xexea me godoo.”

Britain

Sɔlemexɔ

Esi wobia gbe ame 64,303 la, wo dometɔ 79 le alafa me gblɔ be “mawusubɔsubɔhawo gbɔe fukpekpe kple masɔmasɔ gbogbo siwo teƒe kpɔm míele le xexea me egbea la tso.” Gawu la, esi wobia gbe amewo le England kple Wales le ƒe 2011 me la, wo dometɔ 59 le alafa me koe gblɔ be yewonye Kristotɔwo, evɔ le ƒe 2001 me la wo dometɔ 72 le alafa me sɔŋue gblɔ be yewonye Kristotɔwo. Le ƒe ewo mawo ke me la, ame siwo gblɔ be yewomele subɔsubɔha aɖeke me o la ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi tso 15 va se ɖe 25 le alafa me.

China

Chinatɔwo ƒe dzila tsitsiwo

Le nyakakadɔwɔƒewo ƒe nya nu la, se aɖe si ŋu wotrɔ asi le nyitsɔ laa la bia tso ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo si be woanɔ wo dzila tsitsiwo srãm kpɔ eye gawu la, woakpɔ woƒe “seselelãmekuxiwo” hã gbɔ na wo. Sea “megblɔ to si woahe” na ame si mewɔ ɖe nya sia dzi o la o.

Europa

Katafitinuwo

Fifia, nu vlo wɔlawo va le gbe sia gbe nuzazãwo abe atsyɔ̃ɖomi, dɔlékuiwutikewo kple nuɖuɖu gɔ̃ hã ƒe katafititɔ alo kpayɔ wɔm. Nuɖuɖu ƒe dedienɔnɔ ƒe aɖaŋuɖoha ƒe zimenɔla aɖe gblɔ be: “Wotea ŋu wɔa nu sia nu kloe ƒe katafititɔ alo kpayɔ, nu siwo mexɔ asi boo o kura gɔ̃ hã tɔ.” Nuɖuɖuŋutinunyala aɖe gblɔ be, nuɖuɖu siwo katã wodzrana le dukɔ deŋgɔwo me ƒe 10 le alafa me nye katafititɔwo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe