INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 9/8 axa 17
  • Gake Vavãtɔea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gake Vavãtɔea?
  • Nyɔ!—1992
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yeaɖinu Siwo Dea Agbe Afɔku Me
  • Zã Atikewo Nyuie
    Nyɔ!—1996
  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
    Nyɔ!—2014
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
    Nyɔ!—1998
  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
    Nyɔ!—2013
Nyɔ!—1992
g92 9/8 axa 17

Gake Vavãtɔea?

NUSl ame aɖe ate ŋu awɔ la, ame bubu ate ŋu awɔ eƒe amebletɔ. Nusi nekpɔ wotsɔ ɖo asii la adze na wò abe nusi tututu dim nèle lae ene, gake vavatɔe wònyea? Ɣeaɖewoɣi la, wowɔa afɔɖeɖe veviwo be woatsɔ axe mɔ ɖe nuwo ƒe amebletɔwo wɔwɔ nui. Wode ka ve na Germaniatɔ amedzrodzeƒedzikpɔla aɖe le ƒe alafa 14 lia me le esi wòdzra wein manyomanyo be eyae nye Rũdesheim akuaku la ta. Le Britania le ƒe 140 siwo do ŋgɔ na ƒe 1832 me la, wode ka ve na ame 300 kple edzivɔ ɖe nu siwo nye alakpatɔwo wɔwɔ ta. Le ƒe 1597 me la, woklã sikanutula eve ƒe towo ɖe ati si ŋu wobɔa pa ame ɖo la ŋu le esi wòde dzesi sikanu manyomanyo be enye nyuitɔ ta.

Mark Jones si wɔ dɔ kpɔ kple Britania ƒe Blemanudzraɖoƒe ƒe nuwo ɖeɖe fia si nye Fake? The Art of Deception gblɔ be: “Nu xoxowo didi ŋkubiãtɔe wɔ paradiso na asitsãla maɖianukwarewo.” Woble amesiwo nya agbalẽ nyuie la gɔ̃ hã. Wotsɔ blematɔ aɖe ƒe takoli kple lã aɖe ƒe takoli wɔ ame tae tsɔ flu dzɔdzɔmeŋutinunyalawoe ƒe geɖe. Nyadzɔdzɔgbalẽ siwo me woŋlɔ Hitler ƒe ŋutinya ɖo ɖi ɖase sẽŋu le alesi ameblelawo te ŋu blea amesiwo wòle be woanya nu wu lae ŋu.

Mark Jones gblɔ be: “Nusi me woblea ame le wu lae. . . nye alesi wowɔa adzɔnuwo ƒe amebletɔwoe fũ.” Le kpɔɖeŋu me, wobu akɔnta be wodzra “Apple”ƒe kɔmpiuta siwo menye kɔmpiuta mawo tɔgbe ŋutɔŋutɔ o 10,000 vaseɖe 15,000 ɣleti ɖesiaɖe le United States le ƒe 1987 me Nyitsɔ laa la, woklo nu le Waterford ƒe ahũhɔ̃e ƒe home si de dɔlar miliɔn 33 ƒe amebletɔ ŋu. Britania ƒe The Sunday Times gblɔ be: “Wonɔ ahũhɔ̃e siwo ɖi ahuhɔ̃e xɔŋkɔtɔ kekeake wɔm le dɔwɔƒe aɖe le Franse-kɔƒe didi aɖe me.”

Dzidzime sia biãa ŋu ɖe kesinɔnuwo ŋu. Vincent Carratu, si nye amesi kpɔ nuteƒe Ie dɔwɔha si tsia tre ɖe adzɔnuwo ƒe amebletɔ wɔlawo ŋu me gblɔ be: “Egbea la,[asitsatsa me yeaɖidzɔnuwɔla] awɔ “Chanel” ƒe ami ʋeʋẽewo, eye etsɔ la atrɔ ɖe “Fila”ƒe lãmesẽfefewuwo wɔwɔ ŋu, eye emegbe Ia, wòadɔ “Dunlop” tennisƒoti siwo menye vavãtɔ o la tso duta.” Nusianu si nuƒlela di la, yeaɖidzɔnuwɔla wɔnɛ. Gake Britania ƒe Dɔwɔha si Tsia Tre Ðe Yeaɖidzɔnuwo Ŋu xlɔ̃ nu be, “zi geɖe la. . .gaƒoɖokui si wodzrana E50 la xɔa E5 ko.”

Yeaɖinu Siwo Dea Agbe Afɔku Me

Anti-Counterfeiting News hã tɔ asi kuxi bubu aɖe si nye adzɔnu manyomanyo ƒe afɔku dzi. “Adzɔnu siwo gblẽa nu le ame ŋu siwo manyo tututu o dea nuzãla ƒe dedienɔnɔ afɔku me.” Aleke gbegbe afɔku sia sesẽe? Trademark World gblɔ kpɔdeŋu siawo be:”Woku eme kpɔ be yameʋu wuiene ƒe anyidzedze kple ame eve siwo ku le wo me la tso yameʋuŋutinu siwo menye vavãtɔ o la gbɔ.”Britaniadukɔa ƒe Aɖaŋuɖoha si Kpɔa Nuƒlelawo ƒe nyawo gbɔ klo nu le alesi elektrik plug manyomanyowo kple ʋutɔnu siwo dzi woɖoa afɔe gbegblẽ siwo ŋu wofa aŋe manyomanyowo ɖo akpe nanewo wɔ ɖo asiwo me la dzi.” Egblɔ be: “Esiawo katã ate ŋu agblẽ nu le ezãla la ŋu.”

Nusi gaɖe vevemasemaseɖeameŋu fia koŋ ye nye amesiwo wɔa atike siwo menye nyuitɔ o. Britania ƒe Dɔwɔha si Tsia Tre Ðe Yeaɖidzɔnuwo Ŋu gblɔ be: “Atike siwo katã wodzrana le Afrika-dukɔwo me dometɔ 70 le alafa ɖesiaɖe me nye esiwo menye akuakua o.” Le kpɔɖeŋu me, ŋkutike siwo wokpɔ le Nigeria nye esiwo me gbedaŋusẽ mele o eye wotsɔ tsi si me dɔlékui le wɔ woe. Woate ŋu ana woatsi ŋku. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ gblɔ le ƒe 1987 me be: “Ne amewo aɖo ŋu ɖe atike siwo xea mɔnu na dɔlélewo siwo me dɔlélenutsitsi ƒe ŋusẽ mele o ŋu la, woaku godoo eye woƒe ameblenunyenye atsrɔ̃ ame geɖe fũ.”

Ga si ŋudɔ nèwɔna gɔ̃ hã ate ŋu anye alakpatɔ. Nyitsɔ laa la,le ƒe ɖeka me la, woxɔ dɔlar miliɔn 110 si nye pepaga si menye vavãtɔ o le amewo si le xexeame katã. The lrish Times gblɔ be dɔlar 100 ƒe pepaga si menye nyuitɔ o si wonɔ ɖuɖum le lreland sɔ gbɔ ale gbegbe be“wo ame 155 ɖo gadzraɖoƒe gãwo katã.” Nukae nàte ŋu awɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso nusiwo menye vavãtɔ o la si me? Ame aɖe si nya nu le nuzãla ƒe nyawo ŋu nyuie gblɔ be “nu nyuitɔ kekeake si akpɔ ame ta tso amebaba me lae nye be woanye nuzãla si nya nu tso nua ŋu. Egblɔ kpee be: “Ne enyo ʋuu kekeke gbɔ eme la, ke ɖewohĩ aʋatsotɔe.”

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Blematɔ aɖe ƒe takoli kple lã aɖe ƒe takoli nye ameblenu si flu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe geɖe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe