-
Nyahehe Le Ƒomea Me—Nu Kawo Gbɔe Wòtsona?Nyɔ!—2015 | December
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | NA ŊUTIFAFA NANƆ WÒ AƑE ME
Nyahehe Le Ƒomea Me Nu Kawo Gbɔe Wòtsona?
SARAHa si tso Ghana, si kple Jacob woɖe wo nɔewo ƒe 17 gblɔ be, “ganyawo dea dzre nye kple srɔ̃nye dome zi geɖe.” Sarah ɖe eme be, “medoa dziku elabena mezãa nye ga geɖe tsɔ kpɔa ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ gake srɔ̃nye mebiana nya aɖeke tsoa ale si mekpɔa ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔe ŋu o. Esia wɔe be ɣeaɖewoɣi la míegaƒoa nu na mía nɔewo o hena kwasiɖa geɖe.”
Srɔ̃a Jacob gblɔ be, “nyateƒee wòto, ɣeaɖewoɣi la míeʋlia nya dzikutɔe. Zi geɖe la, nugɔmemasemase kple dzemaɖomaɖo tso kuxia ŋu nyuie ye henɛ vɛ. Dzimagbɔɖi hã wɔnɛ be nya sue aɖe va zua dzre.”
Nathan si tso India, si ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o hã gblɔ be, gbe ɖeka, ye to blu ɖe ye lɔ̃xo ta. Nathan gblɔ yi edzi be, “esia na be lɔ̃xonyea do dziku eye wòdo go le aƒea me. Esi mebiae be nu ka tae wòdo ɣli ɖe srɔ̃a ta nenema hã la, esusu be medo nu ɖe ye gbɔ. Kaka makpɔ la ete bublu ɖe mí katã dzi.”
Ðewohĩ wò hã èkpɔ nya aɖe si wogblɔ eŋumabumabui si he dzre de ƒomea me teƒe kpɔ. Ate ŋu anye be susu ko lém wole tso nya aɖe ŋu kasia wòtrɔ zu dzre. Ame aɖeke mate ŋu agblɔ nya siwo le eteƒe ɣesiaɣi o, eya ta ele bɔbɔe be woase nya siwo ame bubuwo gblɔ alo woƒe nuwɔna aɖewo gɔme bubui. Ke hã, anya wɔ be woana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ aɖe si nu nanɔ ƒomea me.
Nu kae nàwɔ ne nyahehe aɖe do mo ɖa? Afɔ kawoe nàte ŋu aɖe be ŋutifafa kple tomefafa nanɔ wò ƒomea me? Aleke ƒomewo katã awɔ be ŋutifafa nanɔ woƒe ƒomewo me? Míeɖe kuku xlẽ nyati si kplɔ esia ɖo.
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.
-
-
Ale Si Nàtsi Nyahehe Nu Le Aƒewò MeNyɔ!—2015 | December
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | NA ŊUTIFAFA NANƆ WÒ AƑE ME
Ale Si Nàtsi Nyahehe Nu Le Aƒewò Me
Nu kae nàte ŋu awɔ ne nyahehe dzi koe mienɔna le ƒomea me? Ðewohĩ miehea nya edziedzi, eye wòle ga dom ɖe edzi. Ɣeaɖewoɣi la, mènyaa nu si hena dzrea vanɛ gɔ̃ hã o. Ke hã mielɔ̃ mia nɔewo eye miedi be yewoanɔ vevesese dom na yewo nɔewo hafi o.
Ele vevie be nàɖo ŋku edzi be ne miaƒe susu toa vovo le nanewo me la, mefia kokoko be miaƒe ƒomea le gbagbãm o. Menye nyaheheae nye kuxia o, ke boŋ ale si miekpɔa wo gbɔ ye afia ne tomefafa alo dzre anɔ miaƒe ƒomea me. Na míakpɔ afɔ aɖewo siwo nàte ŋu aɖe be miadzudzɔ nyahehe la ɖa.
1. MÈGAWƆ WƆÐENUI O.
Ame ɖeka mewɔa dzre o, ele be woanye ame eve ya teti, gake ne ame ɖeka dzudzɔ nyaa hehe be yeaɖo to la, ke nyahehe sesẽ la nu ate ŋu afa. Eya ta ne dzi ku wò la, dze agbagba nàɖu ɖokuiwò dzi be nàgawɔ wɔɖenui o. Lé ɖokuiwò be nàgaklo bubu le ɖokuiwò ŋu o. Ðo ŋku edzi be ŋutifafa si anɔ wò ƒomea me la le vevie wu dzi si nàɖu le nyahehea me.
“Ne nake meli o la, dzo tsina, eye ne ameŋugblẽla meli o la, dzre kena.”—Lododowo 26:20.
2. BU ƑOMEA ME TƆWO ƑE SESELELÃMEWO ŊU.
Ne èɖo to nyuie veveseɖeamenutɔe, eye mèle nya tsom ɖe ame kemɛa nu o alo le susu vɔ̃ bum o la, ke àte ŋu atsi dzikua nu ahana ŋutifafa nava. Le esi nànɔ susu gbegblẽ bum ɖe ame kemɛa ŋu teƒe la, bu eƒe seselelãmewo ŋu boŋ. Mègagblɔ be nu si wòwɔ ɖe ye ŋu le blibomademade ta la nye nu si wòɖo wɔ o. Nya veamewo gbɔgblɔ tsoa nuwo ŋu mabumabu nyuie kple vevesese si le dzi me gbɔ, ke menye wɔɖenui wɔwɔ ye o.
“Mido dɔmetɔtrɔ, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔgbɔ blewu.”—Kolosetɔwo 3:12.
3. NA ƔEYIƔI ÐOKUIWÒ BE WÒ DZI NAFA.
Ne èkpɔe be yeƒe dziku fla la, anyo be nàdzo le teƒea hena ɣeyiɣi kpui aɖe be wò dzikua nu nafa hafi nagatrɔ agbɔ. Ðewohĩ àte ŋu ayi xɔ bubu aɖe me alo aɖi tsa vie va se ɖe esime wò dzikua nu fa. Esia mefia be ɖe mèdi be yeakpɔ nyaa gbɔ alo ɖoe be yeagbe nuƒoƒo na ame kemɛa o. Ke boŋ esiae nye ɣeyiɣi nyuitɔ be nàdo gbe ɖa na Mawu ahabia dzigbɔɖi kple nugɔmesese.
“Eya ta [dzo] hafi wòava zu dzre.”—Lododowo 17:14.
4. BU NU SIWO NÀGBLƆ KPLE ALE SI NÀGBLƆE ŊU NYUIE.
Ðeko nyaa agagblẽ ɖe edzi ne wò hã èdze agbagba be yeagblɔ nya veamewo wòave srɔ̃wòa. Le ema teƒe la, dze agbagba nàgblɔ nya siwo ana srɔ̃wò ƒe dɔmedzoea nu nafa. Le esi nànɔ ale si nèsusu be wòawɔ nui gblɔm teƒe la, bia ɖokuibɔbɔtɔe boŋ be wòagblɔ ale si wòle sesem le eɖokui me na wò, eye nàda akpe ɖe ale si eƒe numeɖeɖe na nèva se nɔnɔmea gɔme nyuie wu la ta.
“Nuƒoƒo eŋumabumabui le abe yitɔame ene, ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.”—Lododowo 12:18.
5. BƆBƆ GBE EYE WÒ NUƑO NAFIA BE NÈDI BE YEWOAKPƆ NYAA GBƆ.
Ame ɖeka ƒe dzimagbɔɖi ate ŋu ana ame kemɛa hã nado dziku. Togbɔ be nu si wowɔ ɖe ŋuwò ave wò hã la, ƒo asa na dzugbewo, nya madzetowo gbɔgblɔ kple ɣlidodo. Ƒo asa na nya siwo nye, “Mètsɔa ɖeke le eme nam o” alo “Mèɖoa tom o” gbɔgblɔ. Le ema teƒe la, ƒo nu na srɔ̃wò kple gbe bɔbɔe eye nàgblɔ ale si nu si wòwɔ te ɖe dziwò la nɛ (Àte ŋu agblɔ be, “Ete ɖe dzinye esi . . . ”). Susu aɖeke meli si ta nàtutu srɔ̃wò, aƒoe alo awɔ nu vevi bubu aɖee o. Nenema ke masɔ be nàyɔ gbɔɖiameŋkɔ na srɔ̃wò, agblɔ nya vlo ɖe eŋu alo ado ŋɔdzi nɛ o.
“Miɖe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi, dɔmedzoe, dziku, ɣlidodo, kple nya veame ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa le mia dome hekpe ɖe nu sia nu si gblẽa nu le ame ŋu la ŋuti.”—Ephesians 4:31.
6. ÐE KUKU KABA, EYE NÀGBLƆ NU SI NÀWƆ ATSƆ AÐƆ NƆNƆMEA ÐO.
Mègaɖe mɔ vevesese si le dzi me na wò nana nàŋlɔ ŋutifafa wɔwɔ—si nye nu vevitɔ si wòle be nàwɔ be o. Ðo ŋku edzi be ne èwɔ dzre kple srɔ̃wò la, mi ame evea siaa mieɖu dzi o. Gake ne èwɔ ŋutifafa la, mi ame evea siaa mieɖu dzi. Lɔ̃ ɖe edzi be vodada aɖewo tso ye gbɔ le dzre si miewɔ la me. Ne èka ɖe edzi vevie be yemedze agɔ o kura gɔ̃ hã la, àte ŋu aɖe kuku ɖe dziku si nèdo, ale si nèƒo nui alo wò nuwɔna si menye ɖe nèɖoe o si na nyaa gagblẽ ɖe edzi la ta. Ŋutifafa si anɔ wò kple srɔ̃wò dome la le vevie wu dada kple dzi si nàɖu le nyahehea me. Ne srɔ̃wò ɖe kuku na wò la, tsɔe kee kaba.
“Yi egbɔ nàbɔbɔ ɖokuiwò, eye nàƒo koko na hawòvi la vevie.”—Lododowo 6:3.
Ne mieɖe asi le nya si hem miele ŋu vɔ la, afɔ kawoe nàɖe be ŋutifafa nanɔ wò ƒomea me? Míadzro esia me le nyati si kplɔ esia ɖo me.
-
-
Nu Siwo Nàwɔ Be Ŋutifafa Nanɔ Wò Ƒomea MeNyɔ!—2015 | December
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI | NA ŊUTIFAFA NANƆ WÒ AƑE ME
Nu Siwo Nàwɔ Be Ŋutifafa Nanɔ Wò Ƒomea Me
ÐE NÈSUSU be Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ŋutifafa nanɔ wò ƒomea mea? Taflatsɛ tsɔ nya siwo ame siwo wobia gbee gblɔ be edzi wɔwɔ ɖea vi la sɔ kple nu si Biblia gblɔ la kpɔ. De ŋugble tso nu vevi siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na nyahehe ahana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si me sẽ nanɔ wò ƒomea me la ŋu kpɔ.
BIBLIA ƑE MƆFIAME SIWO DOA ŊUTIFAFA ÐE ŊGƆ
SUSU NYUI NENƆ MIA SI ÐE MIA NƆEWO ŊU.
“Migawɔ naneke le dzrehehe alo bubu dzodzro didi ta o, ke boŋ mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi, ale be miaganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke miadi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.”—Filipitɔwo 2:3, 4.
“Míeva de dzesii be ele vevie ŋutɔ be nàbu srɔ̃wò ŋu wu wò ŋutɔ kple ame bubuwo.”—C. P., ame si ɖe srɔ̃ ƒe 19 ye nye esia.
ÐO TO NYUIE NAZÃMABUMABUI.
“Yi edzi nànɔ ŋku ɖom edzi na wo be . . . woaganye dzrewɔlawo o, ke boŋ woanye nugɔmeselawo, woafa tu na amewo katã.”—Tito 3:1, 2.
“Miate ŋu aƒo asa na masɔmasɔ geɖe ne miedaa gbe ɖe mia nɔewo gbɔ o. Ele vevie be nàɖo to nyuie, aƒo asa na nazãbubu ahade bubu srɔ̃wò ƒe susuwo ŋu ne womewɔ ɖeka kple tɔwò o gɔ̃ hã.”—P. P., ame si ɖe srɔ̃ ƒe 20 ye nye esia.
GBƆ DZI ÐI EYE NÀFA TU.
“Dzigbɔɖie wotsɔ xɔa nu le fia si, eye aɖe fafɛ [“gbe bɔbɔe,” etenuŋɔŋlɔ] tea ŋu gbãa ƒu.”—Lododowo 25:15.
“Masɔmasɔwo ado mo ɖa godoo, gake nu si ado tso eme nɔa te ɖe ale si míewɔa nui dzi. Ele vevie be míagbɔ dzi ɖi. Ne míegbɔ dzi ɖi la míetea ŋu kpɔa nyawo gbɔ bɔbɔe.”—G. A., ame si ɖe srɔ̃ ƒe 27 ye nye esia.
MÈGADZU SRƆ̃WÒ ALO AƑOE GBEÐE O.
“Miɖe asi le nu siawo katã ŋu keŋkeŋ: dziku, dɔmedzoe, vɔ̃ɖinyenye, eye nya veamewo kple yakanyawo negado le mia nu o.”—Kolosetɔwo 3:8.
“Ale si srɔ̃nyeŋutsu ɖua eɖokui dzii la doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Eléa eɖokui kpoo eye medoa ɣli ɖe tanye alo dzuam o.”—B. D., ame si ɖe srɔ̃ ƒe 20 ye nye esia.
NYE AME SI TSƆ KENA HEKPƆA MASƆMASƆWO GBƆ KABA.
“Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu.”—Kolosetɔwo 3:13.
“Menɔa bɔbɔe be nàlé eɖokui kpoo ne srɔ̃wò wɔ nu wòku dzi na wò o, eye le nɔnɔme sia me la, àte ŋu awɔ nane alo agblɔ nya aɖe si agbã dzi na srɔ̃wò. Ne edzɔ alea la anyo be nàlɔ̃ faa atsɔ ake. Srɔ̃ɖeɖe mate ŋu akpɔ dzidzedze tsɔtsɔke manɔmee o.”—A. B., ame si ɖe srɔ̃ ƒe 34 ye nye esia.
MIKƆ DZI ME MIANA NU MIA NƆEWO FAA.
“Minɔ nu nam amewo, eye amewo ana nu mi. . . . Elabena dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem na amewo la kee woatsɔ adzidzee na mi.”—Luka 6:38.
“Srɔ̃nyeŋutsu nya nu siwo doa dzidzɔ nam eye wònana wom le ɣeyiɣi siwo me nyemele mɔ kpɔm nɛ o. Esia ta, Mebia ɖokuinye zi geɖe be, ‘Nu kae mawɔ atsɔ ado dzidzɔ nɛ?’ Emetsonue nye be míewɔa nu si nana míekoa nu zi geɖe va se ɖe fifia.”—H. K., ame si ɖe srɔ̃ ƒe 44 ye nye esia.
MÈGANA TA LE NU SI NÀWƆ BE ŊUTIFAFA NANƆ AƑEWÒME LA ŊU O
Ƒome miliɔn geɖe siwo le xexea me godoo siwo ŋu Biblia kpe ɖo wotu nɔnɔme siwo na tomefafa le woƒe ƒomea me ɖo la dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye esia Nyɔ! talawo bia gbee.a Ne ƒomea me tɔ aɖewo mele nu siwo ana ŋutifafa nanɔ ƒomea me wɔm o hã la, eɖea vi ne wò ya èwɔa ŋutifafa, elabena Biblia do ŋugbe be: “Ame siwo doa ŋutifafa ɖe ŋgɔ la kpɔa dzidzɔ.”—Lododowo 12:20.
a Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nu si nàwɔ be dzidzɔ nanɔ wò ƒomea me ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 14 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae. Àkpɔe le www.pr2711.com/ee. Ele BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU.
-