INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g19 No. 3 axa 6-7
  • Míaƒe Seselelãmewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míaƒe Seselelãmewo
  • Nyɔ!—2019
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • DZIKU
  • NYE AKPEDALA
  • BIBLIA ƑE MƆFIAME BUBUWO
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzikudodo Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • ‘Ame Si Sea Nu Gɔme Nyuie La, Medoa Dziku Kabakaba O’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Ðe Wònye Nu Gbegblẽ Ɣesiaɣi be Woado Dzikua?
    Nyɔ!—1994
  • Nukata Wòle Be Nàɖu Dzikudodo Dzi?
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2019
g19 No. 3 axa 6-7
Dzi le amewo kum le fiase aɖe me esi wole fli me le afi woaxe fe le, gake nyɔnu aɖe kple vianyɔnuvi ya metsi dzi kura o

Míaƒe Seselelãmewo

Biblia xlɔ̃ nu mí tso seselelãme siwo ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu la ŋu, eye wòde dzi ƒo na mí be míatu esiwo aɖe vi na mí la ɖo.

DZIKU

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Ame si gbɔa dzi ɖi blewu la nyo wu kalẽtɔ.”—Lododowo 16:32.

NU SI WÒFIA: Ne míetea ŋu ɖua míaƒe seselelãmewo dzi la, eɖea vi na mí. Togbɔ be asɔ ɣeaɖewoɣi be míado dziku hã la, ne míeɖua míaƒe dziku dzi o la, egblẽa nu. Numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa ɖo kpe edzi be ne ame aɖe do dziku la, zi geɖe la, egblɔa nya alo wɔa nu siwo va venɛ emegbe.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ: Srɔ̃ ale si nàɖu wò dziku dzi hafi wòana nàwɔ nu gbegblẽ. Togbɔ be ame geɖe bua dzikudodo be ènye kalẽwɔwɔ hã, míawo ya míenyae be gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi boŋue wònye. Biblia gblɔ be: “Ame si meɖua eƒe dziku dzi o la le abe du si ŋu wogbã gli le wòtsi nuvo ene.” (Lododowo 25:28) Mɔ ŋutɔŋutɔ aɖe si dzi nàto aɖu wò dziku dzie nye be nànya nyateƒe bliboa hafi aɖe afɔ. “Ame si sea nu gɔme nyuie la, medoa dziku kabakaba o.” (Lododowo 19:11) Anyo be míanya nyaa ƒe akpa sia akpa, esia ana míase nuwo gɔme nyuie eye wòana míalé mía ɖokui.

NYE AKPEDALA

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Minye akpedalawo.”—Kolosetɔwo 3:15.

NU SI WÒFIA: Wogblɔna zi geɖe be ame siwo nye akpedalawo la kpɔa dzidzɔ. Ame siwo to nɔnɔme sesẽ aɖewo me kpɔ gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Wogblɔ be nu si koŋ kpe ɖe yewo ŋu yewote ŋu nɔ te ɖe nɔnɔmea nue nye be—menye nu siwo bu na yewo ŋue yewotsɔ susu ɖo o, ke ɖe nu siwo ta yewoate ŋu ada akpe ɖo boŋ ŋue.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ: Gbe sia gbe la, ŋlɔ nu siwo ta nàda akpe ɖo la ɖi. Mele be nu siawo nanye nu gãwo kokoko o. De ŋugble le nu suesuesuewo abe agu ƒe dzedze, dze nyui si wò kple ame vevi aɖe mieɖo, alo esi agbeŋu bubu gake ɖe wò ene ta. Ne èdea dzesi nu siawo eye nèbua wo ŋu hedaa akpe ɖe wo ta la, ana nàkpɔ dzidzɔ.

Aɖe vi geɖe ŋutɔ na wò ne èbu susu siwo tae nàda akpe ɖe wò ƒomea kple xɔ̃wòwo ta la ŋu. Ne ède dzesi nu si dzɔa dzi na wò tso amewo ŋu la, na woanya to egbɔgblɔ na amea ŋutɔ tẽe, to lɛta, e-mail alo to text message dzi. Esia ana wò kple amea ƒe ƒomedodo me nasẽ ɖe edzi, eye àkpɔ dzidzɔ si dona tsoa nunana me.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

BIBLIA ƑE MƆFIAME BUBUWO

Vidada aɖe le to ɖom Biblia si woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi la esi wòle via ƒe awuwo ŋem

Àte ŋu awɔ Biblia si woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi la ƒe kɔpi. Ele gbegbɔgblɔ 40 me le jw.org

DZO LE TEƑEA HAFI WÒAVA ZU DZRE.

“Dzregɔmetoto le abe ale si woŋɔa tɔʋui ene; eya ta dzudzɔ hafi wòava zu dzre.”—LODODOWO 17:14.

MÈGATSI DZIMAÐI ÐE ETSƆME ŊU O.

“[Mègatsi] dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo sɔ gbɔ nɛ.”—MATEO 6:34.

BU NUWO ŊU NYUIE EYE MÈGANƆ TE ÐE WÒ SESELELÃME DZAA KO DZI AÐE AFƆ O.

“Tamebubuŋutete adzɔ ŋuwò, eye nugɔmesese akpɔ tawò.”—LODODOWO 2:11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe