INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g20 No. 2 axa 10-11
  • 3. Nu Ka Tae Ame Nyuiwo Kpea Fu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 3. Nu Ka Tae Ame Nyuiwo Kpea Fu?
  • Nyɔ!—2020
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Ta Nya Sia Le Vevie
  • Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ
  • Nya Si Biblia Gblɔ
  • 4. Ðe Wowɔ Mí Be Míakpe Fua?
    Nyɔ!—2020
  • Nya Si Biblia Gblɔ Tso Fukpekpe Ŋu
    Nyɔ!—2015
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2020
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2020
g20 No. 2 axa 10-11
Atsu kple asi aɖe le wo viŋutsuvi sue si wotso abɔ na la kpɔm esime wòmlɔ anyi ɖe aba me le kɔdzi.

3. Nu Ka Tae Ame Nyuiwo Kpea Fu?

Nu Si Ta Nya Sia Le Vevie

Edze abe enye nu madzɔmadzɔ be ame nyuiwo nakpe fu ene. Eye efia be mehiã be ame natsi dzi be yeawɔ nu nyui o.

Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ

Ame aɖewo xɔe se be ame kuna gadzɔna zi gbɔ zi geɖe. Wogblɔna be ame siwo nɔ agbe nyui va yi la trɔna dzɔna ɖe nɔnɔme nyui me, gake ame siwo nɔ agbe baɖa va yi ya dzɔna ɖe fukpekpe me. Le ame siawo ƒe dzixɔse nu la, efia be ame nyui gɔ̃ hã ate ŋu akpe fu le agbe aɖe si wònɔ kpɔ hafi va dzɔ fifia ta. Ke hã . . .

  • Taɖodzinu ka gbɔe fukpekpe ma aɖo ne ame si wobe egatrɔ dzɔ la meɖo ŋku edzi gɔ̃ hã be yenɔ agbe kpɔ hafi trɔ va dzɔ o?

  • Ne nane si míewɔ va yi hafi va dzɔ ana míadze dɔ alo afɔku nadzɔ ɖe mía dzi la, ke menye ɖeko wòle be míanɔ agbea ale be nu si be yeadzɔ la nadzɔ oa?

    SRƆ̃ NU GEÐE KPEE

    Kpɔ video si nye Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li? si le jw.org/ee.

Nya Si Biblia Gblɔ

Fukpekpe menye tohehe tso Mawu gbɔ o.

Ke boŋ akpa gãtɔ nye nudogoɖenunu, eye zi geɖe la, amewo menyana be afɔku aɖe ate ŋu adzɔ le vome le teƒe ma o.

“Dziɖuɖu le duɖimekeke me mele afɔ ɖeablɛ me ɣesiaɣi o, dziɖuɖu le aʋa me mele kalẽwɔwɔ me ɣesiaɣi o, nuɖuɖukpɔkpɔ mele nunyanya me ɣesiaɣi o, kesinɔnukpɔkpɔ mele tagbɔ ɖaɖɛ me ɣesiaɣi o, eye dzidzedzekpɔkpɔ mele sidzedze me ɣesiaɣi o, elabena azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.”—NYAGBLƆLA 9:11.

Nu vɔ̃ me siwo míenye hã nana míekpea fu.

Zi geɖe la, amewo yɔa nu gbegblẽ si ame aɖe wɔ la be “nu vɔ̃.” Gake Biblia hã zãa nya nu vɔ̃ tsɔ ɖɔa nɔnɔme si dome amegbetɔwo katã, ame nyuiwo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa, nyi la.

“Vodada mee wodzim ɖo, eye menye nu vɔ̃ me tso esime danye fɔ nye fu.”—PSALMO 51:5, Etenuŋɔŋlɔ.

Nu vɔ̃ si dome míenyi gblẽ nu le amegbetɔwo ŋu vevie.

Menye mí kple Mawu dome kadodoa ŋu koe wògblẽ nu le o, ke boŋ ete mí ɖa le Mawu ƒe nuwɔwɔ bubuawo hã gbɔ. Esia wɔe be ame ɖekaɖekawo kple amegbetɔƒome bliboa le fu kpem.

“Ne medi be mawɔ nu si sɔ la, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe didi nɔa menye.”—ROMATƆWO 7:21.

“Nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye wòle veve sem va se ɖe fifi.”—ROMATƆWO 8:22.

Nu ka tae ame nyuiwo kpea fu?

Nu vɔ̃ si ƒe dome ame nyuiwo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa nyi la gbɔe míaƒe fukpekpe geɖe tso. Nu vɔ̃ ma si dome míenyi wɔnɛ be míebua nuwo ŋu nyui o si nana míewɔa nu siwo va gblẽa nu le mí katã ŋu.

Ðe Mawu ɖoe be míakpe fua? Ðe wowɔ mí be míakpe fua?

Biabia 4 lia aɖo nya sia ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe