INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g20 No. 3 axa 6-7
  • Se Veve Ðe Amewo Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Se Veve Ðe Amewo Nu
  • Nyɔ!—2020
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kuxia
  • Nya Si Biblia Gblɔ
  • Vi Kae Wòaɖe Ne Míesea Veve Ðe Ame Nu?
  • Nu Si Nàte Ŋu Awɔ
  • Veveseseɖeamenu—Enaa Woɖea Dɔmenyonyo Kple Dɔmekɔkɔ Fiana
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Se Veve Ðe Ame Nu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Ðe Mawu Sea Veve Ðe Mía Nua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
  • Ƒomegbenɔnɔ Kple Xɔlɔ̃wo
    Nyɔ!—2019
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2020
g20 No. 3 axa 6-7
Ŋutsu aɖe si tso dziehe Amerika kple ŋutsu aɖe si nye Sikhtɔ la nɔ anyi ɖe wo nɔewo xa le yameʋu me. Wole vivi sem na dze si ɖom wole la.

Se Veve Ðe Amewo Nu

Kuxia

Ne ale si amewo to vovo tso mía gbɔ ŋu koe míaƒe susu nɔna la, ate ŋu ana míava nɔ vodada kpɔm le wo ŋu. Esia ana míava nɔ nazã bum ɖe ame siwo mele abe míawo ene o la ŋu. Ne míeva le nazã bum ɖe amewo ŋu la, ke asesẽ na mí be míase veve ɖe wo nu.

Nya Si Biblia Gblɔ

“Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm; mifa avi kple ame siwo le avi fam.”—ROMATƆWO 12:15.

Nu kae nya sia fia? Kpuie ko la, efia be míase veve ɖe ame nu. Veveseɖeamenu nye ŋutete si le ame si be wòatsɔ eɖokui aɖo ame bubu teƒe eye wòase ale si amea le sesem le eɖokui me la gɔme.

Vi Kae Wòaɖe Ne Míesea Veve Ðe Ame Nu?

Ne míese veve ɖe ame aɖe nu la, míava kpɔe be vovototo boo aɖeke mele mía kplii dome o. Míava kpɔe hã be ale si míesena le mía ɖokui me kple ale si míewɔa nui la de sɔsɔ ge kple etɔ. Veveseɖeamenu akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be mí katã míenye ƒome ɖeka me tɔwo, afi ka kee míeɖatso o. Ne míetsɔ susu ɖo mɔ siwo nu míesɔ kple amewo le ŋu la, esia ana wòasesẽ na mí be míabu susu gbegblẽ ɖe wo ŋu.

Veveseɖeamenu akpe ɖe mía ŋu hã be míade bubu amewo ŋu. Tsã la, Anne-Marie si tso Senegal la mebua ame hatsotso aɖe si amewo buna ame tsɛwo la ɖe ɖeke me o. Eɖe ale si veveseɖeamenu kpe ɖe eŋu me esi wògblɔ be: “Esi mekpɔ ale si ame hatsotso ma me tɔwo nɔ fu kpem la, mebia ɖokuinye be nenye nyee le fua kpem ɖe aleke mase le ɖokuinye me. Esia na meva kpɔe be nyemenye gã wu wo le mɔ aɖeke nu o, eye susu aɖeke meli si tae magblɔ be menyo wu wo o.” Nyateƒee, ne míedze agbagba se nɔnɔme sesẽ si me tom amewo le gɔme la, esia ana be míase veve ɖe wo nu tsɔ wu be míanɔ woƒe gbagbãƒewo ko kpɔm.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ

Ne èbua susu manyomanyo ɖe ame hatsotso aɖe ŋu la, ke dze agbagba nàde ŋugble le mɔ siwo nu miaƒe nuwɔnawo sɔ le la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si wosena le wo ɖokuiwo me

Veveseɖeamenu akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be mí katã míenye ƒome ɖeka me tɔwo

  • ne wo kple woƒe ƒomewo le nu ɖum ɖekae ŋu

  • ne wowu dɔ sesẽ aɖe nu le ŋkekea me ŋu

  • ne wole wo xɔlɔ̃wo dome ŋu

  • ne wole ha si dzɔa dzi na wo wu la sem ŋu

Azɔ, dze agbagba nàtsɔ ɖokuiwò ɖo wo teƒe. Bia ɖokuiwò be:

  • ‘Aleke mawɔ nui ne ame aɖe na mese le ɖokuinye me be nyemele ɖeke me o?’

  • ‘Aleke mase le ɖokuinye me ne amewo bu susu gbegblẽ ɖe ŋunye hafi wova nyam gɔ̃ hã?’

  • ‘Ne ɖe nye hã mele ame hatsotso ma si amewo mebuna ɖe ɖeke me o la domea, aleke madi be amewo nawɔ nu ɖe ŋunye?’

Ŋutsu si tso dziehe Amerika kple ŋutsu si nye Sikhtɔ la tsɔ nu ɖeka tɔgbi si wowɔna abe hadede kple woƒe ƒomea, kamedefefe si dzɔa dzi na wo kple dɔ si wowɔna la ƒe foto le wo nɔewo fiam.

Agbemenudzɔdzɔ: Robert (Singapore)

“Tsã la, mebua tokunɔwo be woto vovo kura, womenya naneke o, eye wodoa dziku kabakaba. Eya ta nyemelɔ̃a woƒe nya gbɔ kura o. Esi wòdze abe nye nuwɔna mele nu gblẽm le ame aɖeke ŋu o ta, mesusu be menye nazã bumee mele o.

“Gake esi meva nɔ veve sem ɖe tokunɔwo nu la, ekpe ɖe ŋunye be nyemegava nɔ nazã bum ɖe wo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, susu si tae mebuna be tokunɔwo menya naneke o lae nye be, ne mele nu ƒom na wo la ɖeko wonɔa nye kpɔm gbẽe. Eya ta meva nɔ eŋu bum be, nenye nyee ma ame aɖe le nu ƒom na evɔ nyemele nyaa sem o ɖe, aleke mawɔ nui? Ðeko nye hã manɔ amea kpɔm nenema. Ne mɔ̃ si nana wosea nu le to nam gɔ̃ hã, ɖewohĩ adze le mo nam be ele sesẽm nam be mase nyaa gɔme, evɔ nyateƒea nye be ɖe nyemele nyaa sem nyuie o.

“Esi metsɔ ɖokuinye ɖo tokunɔwo teƒe la, ale si mebua wo tsã la nu yi keŋkeŋ.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe