INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g20 No. 3 axa 14-15
  • Nu Si Ate Ŋu Aɖe Nazãbubu Ða Keŋkeŋ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Ate Ŋu Aɖe Nazãbubu Ða Keŋkeŋ
  • Nyɔ!—2020
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dziɖuɖu Nyuitɔ Kekeake
  • 1. Nufiafia Nyuitɔ
  • 2. Vevesese Nu Ayi
  • 3. Kplɔla Nyui
  • 4. Ðekawɔwɔ
  • Nazãbubu—Ðe Wòle Nu Gblẽm Le Ŋuwòa?
    Nyɔ!—2020
  • Mina Mí Katã Míawɔ Ðeka Abe Ale Si Yehowa Kple Yesu Wɔ Ðeka Ene
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Xexe Si Me Nazãbubu Manɔ O​—Ɣekaɣie Wòava?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2020
g20 No. 3 axa 14-15
Ame aɖewo siwo xɔ ƒe vovovo eye wotso dukɔ vovovo me la le nu kom.

Nu Si Ate Ŋu Aɖe Nazãbubu Ða Keŋkeŋ

Ame miliɔn geɖe wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati siwo va yi me la dzi, eye wodze agbagba ɖu nazãbubu dzi. Gake le nyateƒe me la, míate ŋu adzudzɔ nazãbubu keŋkeŋ o. Eya ta ɖe wòfia be manya wɔ be míadzudzɔ nazãbubu keŋkeŋ oa?

Dziɖuɖu Nyuitɔ Kekeake

Amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo mete ŋu kpe ɖe amewo ŋu be woadzudzɔ nazãbubu o. Gake ɖe esia fia be dziɖuɖu aɖeke meli si ate ŋu aɖe nazãbubu ɖa oa?

Hafi dziɖuɖu aɖe nate ŋu aɖe nazãbubu ɖa la, ele be

  1. 1. Wòakpe ɖe amewo ŋu woatrɔ ale si wobua ame bubuwo kple ale si wosena le wo ɖokui me ɖe wo ŋu.

  2. 2. Wòakpe ɖe ame siwo ŋu amewo ƒe nazãbubu gblẽ nu le la ŋu be woƒe dzi nadze eme, eye woagase le wo ɖokuiwo me be yewo tɔ dzɔ ne yewo hã yewo bu nazã ɖe ame bubuwo ŋu o.

  3. 3. Kplɔla siwo le esi la nanye ame siwo wɔa nu si le eteƒe eye wodea bubu ame sia ame ŋu.

  4. 4. Wòana ame ƒomeviwo katã nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu nyuie.

Biblia na míenya be Mawu ɖo dziɖuɖu ma tɔgbi anyi. Woyɔa dziɖuɖu ma be “Mawu Fiaɖuƒe.”—Luka 4:43.

Na míakpɔ nu siwo Mawu Fiaɖuƒea ava wɔ la ɖa.

1. Nufiafia Nyuitɔ

“Anyigbadzinɔlawo [asrɔ̃] dzɔdzɔenyenye.”—YESAYA 26:9.

“Dzɔdzɔenyenye vavãtɔ me tsonu anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye vavãtɔ ƒe kutsetse anye tomefafa kple dedienɔnɔ tegbee.”—YESAYA 32:17.

Nu kae nya sia fia? Mawu Fiaɖuƒea afia nu amewo be woawɔ nu si le eteƒe. Ne amewo va nya nu si nye nyui kple vɔ̃ alo nu si le dzɔdzɔe kple nu si mele dzɔdzɔe o la, esia awɔe be woawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu nyuie. Amewo katã akpɔe adze sii be nu nyuitɔ si wole be yewoawɔe nye be yewoalɔ̃ ame ƒomeviwo katã.

2. Vevesese Nu Ayi

Mawu “atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—NYAÐEÐEFIA 21:4.

Nu kae nya sia fia? Mawu Fiaɖuƒea aɖe nu madzɔmadzɔ siwo doa vevesese na mí la katã ɖa. Ame siwo katã ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖo va yi la ƒe dzi adze eme eye womagawɔ wɔɖenui o.

3. Kplɔla Nyui

“Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nu si eƒe ŋkuwo kpɔ la nu o, eye maka mo na ame le nu si eƒe to se la ɖeɖe ko nu o. Adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame tsɛwo, eye wòaka mo na amewo ɖe eteƒe, le ame fafa siwo le anyigba dzi la ta.”—YESAYA 11:3, 4.

Nu kae nya sia fia? Yesu Kristo, ame si nye Mawu Fiaɖuƒe si le dziƒo la ƒe Fia la, awɔ nu ɖe ame siwo katã le anyigba dzi la ŋu nyuie eye makpɔ ame ŋkume o. Dukɔ aɖe ƒe nu madzɔ dzi na Yesu wu dukɔ bubu o, eye akpɔ egbɔ be ame sia ame si le anyigba dzi la wɔna ɖe yeƒe se dzɔdzɔeawo dzi.

4. Ðekawɔwɔ

Mawu Fiaɖuƒea fiaa nu amewo be ‘susu ɖeka kple lɔlɔ̃ ɖeka nanɔ wo si, woawɔ ɖeka, eye tamesusu ɖeka nanɔ wo si.’—FILIPITƆWO 2:2.

Nu kae nya sia fia? Ame siwo katã anɔ Mawu Fiaɖuƒea te la, awɔ ɖeka ŋutɔŋutɔ. ‘Woawɔ ɖeka’ elabena woalɔ̃ wo nɔewo vavã.

Ðe nàte ŋu aka ɖe edzi be dziɖuɖu aɖe li si ate ŋu awɔ nu siawoa?

Ɛ̃, gake ahiã be nàdzro kpeɖodziawo me gbã. Míele kpewòm be nàto mɔ etɔ̃ siawo dzi adzro kpeɖodziawo me:

  • Bia Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka wòakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ susu siwo tae nàte ŋu aka ɖe edzi be, Mawu Fiaɖuƒea ana ŋugbe siwo katã wodo le Biblia me la nava eme kpuie.

  • Ʋu jw.org/ee, eye nàdi BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO > MAWU FIAÐUƑE LA.

  • De Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe, be wò ŋutɔ nàkpɔ lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le wo dome.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe