INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • dg akpa 2 axa 3-4
  • Anyigba Si Dzi Fukpekpe Manɔ O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Anyigba Si Dzi Fukpekpe Manɔ O
  • Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Na Mi̇́ Vavãa?
    Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
  • Fukpekpewo Katã Nu Ayi Kpuie!
    Fukpekpewo Katã Nu Ayi Kpuie!
  • Dzidodo Le Fukpekpe Me Ate Ŋu Aɖe Vi Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
dg akpa 2 axa 3-4

Akpa 2

Anyigba Si Dzi Fukpekpe Manɔ O

1, 2. Aleke ame geɖe ƒe nukpɔsusu to vovoe?

GAKE ame miliɔn geɖe li le xexeame katã siwo ƒe nukpɔsusu to vovo kura. Wokpɔe do ŋgɔ be ɣeyiɣi wɔnuku aɖe le ŋgɔgbe gbɔna na ameƒomea. Wogblɔna be xexe si me vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe aɖeke kurakura manɔ o ava anyigba sia dzi tututu kpuie. Woka ɖe edzi bliboe be nu vɔ̃ɖiwo ɖeɖeɖa ɖo vɔ eye xexe aɖe si le yeye keŋkeŋ ava. Wogblɔna kura gɔ̃ hã be wole xexe yeye sia gɔme ɖom anyi xoxo fifia!

2 Amesiawo ƒe dzixɔsee nye be aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, madzɔmadzɔnyenye, kple ahedada manɔ xexe yeyea me o. Anye xexe si me dɔléle, nuxaxa, avifafa, kple ku gɔ̃ hã manɔ o. Ɣemaɣi woana hehe amewo be woaɖo blibodede gbɔ eye woanɔ agbe le dzidzɔ me le paradisonyigba dzi. Ɛhɛ̃, woafɔ amesiwo ku gɔ̃ hã ɖe tsitre eye woana agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ wo!

3, 4. Nukatae ame mawo ka ɖe woƒe nukpɔsusua dzi?

3 Ðe ɣeyiɣi si gbɔna ŋuti nukpɔsusu sia nye drɔ̃e dzro aɖe ko, nudzroame dzro aɖe koa? Ao, kura o. Xɔse si gɔmeɖokpe like li na be naneke mate ŋu axe mɔ na Paradiso sia si ƒe vava tu aƒe la o dzie wotui ɖo. (Hebritɔwo 11:1) Nukatae woka ɖe edzi alea gbegbe ɖo? Elabena Ŋusẽkatãtɔ si wɔ xexeame katã ye do eƒe ŋugbe.

4 Biblia gblɔ le Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu be: “Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.” “Mawu menye amegbetɔ wònye, ne wòaka aʋatso o . . . Ðe wòagblɔ nya, eye mawɔ edzi oa? Ðe wòaƒo nu, eye mawɔe oa?” “Yehowa Zebaot ka atam be: Alesi mebu ɖe ta me la, nenema wòanɔ, eye alesi meɖo la, nenema wòava mee.”—Yosua 23:14; Mose IV, 23:19; Yesaya 14:24.

5. Nya kawo ŋue wòle be woaɖo?

5 Gake ne Mawu ɖoe be yeana anyigba nazu paradiso si me fukpekpe manɔ o la, ke nuka kura tae wòɖe mɔ nu gbegblẽwo dzɔna? Nukata wòlala ƒe akpe ade sɔŋ vaseɖe fifia eye meɖɔ nu gbegblẽawo ɖo kpɔ o? Ðe ƒe alafa gbogbo mawo me fukpekpewo fia be Mawu metsɔ ɖeke le mía me ŋutɔŋutɔ o, alo kura gɔ̃ hã be meli oa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe