INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • dg akpa 4 axa 9-10
  • Mawu Gblɔ Eƒe Tameɖoɖowo Na Mí

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Gblɔ Eƒe Tameɖoɖowo Na Mí
  • Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afikae Woakpɔ Ŋuɖoɖoawo Le?
  • Mawu ƒe Nunana
  • Nunya Si De Ŋgɔ La Tsoƒe Tɔxɛ Aɖe
    Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
  • Nufiafia Vavãtɔ Siwo Dzea Mawu Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Biblia Agbalẽ si Ðeke Mesɔ Kpli O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Agbalẽ Si Ðe Sidzedze Mawu Fia
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
Kpɔ Bubuwo
Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
dg akpa 4 axa 9-10

Akpa 4

Mawu Gblɔ Eƒe Tameɖoɖowo Na Mí

1, 2. Aleke míewɔ nya be Mawu ɖoa nya ŋu na amesiwo biaa nya le anukware me?

ENYE nyateƒe be Mawu si lɔ̃a ame la ɖea eƒe tameɖoɖowo fiaa anukwaretɔ siwo dia eyama la. Eɖoa nya ŋu na nyatabiala siwo biaa nya siawo abe nusitae wòɖe mɔ fukpekpe li ɖo la ene.

2 Biblia gblɔ be: “Ne [èdi Mawu] la, ana be, nakpɔe.” “Mawu aɖe le dzi me, amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go.” “Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.”—Kronika I, 28:9; Daniel 2:28; Amos 3:7.

Afikae Woakpɔ Ŋuɖoɖoawo Le?

3. Afikae míate ŋu akpɔ nusitae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li la ƒe ŋuɖoɖo le?

3 Nyabiabia siawo abe nusitae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo kple nusi wòava awɔ le eŋu la ƒe ŋuɖoɖowo le nusi wòna woŋlɔ ɖi ɖe mía ta la me. Nuŋlɔɖi mae nye eƒe Nya, Biblia Kɔkɔe la. “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—Timoteo II, 3:16, 17.

4, 5. Nukae na Biblia nye agbalẽ si to vovo na bubuawo katã?

4 Biblia nye agbalẽ si nye etɔxɛ nyateƒe. Amegbetɔ ƒe ŋutinya si de pɛpɛpɛ wu si yi ɖe megbemegbe ʋĩ do ŋgɔ na amegbetɔwɔwɔ kura gɔ̃ hã le eme. Enye agbalẽ si sɔ ɖe míaƒe ɣeyiɣia nu hã, elabena eƒe nyagblɔɖiwo ku ɖe míaƒe ɣeyiɣia me nudzɔdzɔwo kple esiwo ava adzɔ kpuie hã ŋu.

5 Agbalẽ bubu aɖeke megali si ƒe ŋutinyawo ƒe nyateƒenyenye ŋu kpeɖodzi le nenema o. Le kpɔɖeŋu me, blemagbalẽŋlɔla veviwo ƒe agbalẽ siwo woŋlɔ kple asi la ƒe ʋee aɖewo koe gali. Gake Biblia-gbalẽ siwo woŋlɔ kple asi ya ƒe akpa aɖewo alo wo katã gali: Hebri Ŋɔŋlɔawo (“Nubabla Xoxoa” ƒe agbalẽ 39 la) la tɔwo ade 6,000 eye Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo (“Nubabla Yeyea” ƒe agbalẽ 27 la) la tɔwo ade 13,000.

6. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be nu vevi siwo katã nɔ Biblia me esime Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã eŋɔŋlɔ la kee gale eme egbea?

6 Mawu Ŋusẽkatãtɔ, amesi na woŋlɔ Biblia la kpɔ egbɔ be wokpɔ emenyawo ƒe dede pɛpɛpɛ ta le agbalẽ mawo siwo woŋlɔ kple asi la me. Eyata nu vevi siwo le ŋɔŋlɔ gbãtɔ siwo tso gbɔgbɔ me la me kee le míaƒe Bibliawo me egbea. Nu bubu si hã kpe ɖe mía ŋu be míakpɔ esia adze siie nye be anye ƒe alafa ɖeka koe tso ɣeyiɣi si me woŋlɔ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔ gbãtɔawo dometɔ aɖewo kple ɖewo siwo wogbugbɔ ŋlɔ kple asi la dome. Ɣeyiɣi si tso blemaxexemegbalẽŋlɔlawo ƒe agbalẽ siwo woawo ŋutɔwo ŋlɔ kple esiwo wogbugbɔ ŋlɔ emegbe kple asi ƒe ŋɔŋlɔ siwo li dome la de ƒe alafa geɖe.

Mawu ƒe Nunana

7. Aleke gbegbee Biblia la kakae?

7 Biblia nye agbalẽ si kaka wu le ŋutinya katã me. Esiwo wota ade biliɔn etɔ̃. Agbalẽ aɖeke ƒe xexlẽme megogo afima o. Eye woɖe Biblia la, alo eƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 2,000 me. Eyata wobu akɔnta be Biblia ate ŋu asu ame 98 si le míaƒe anyigba la dzinɔla alafa ɖesiaɖe me.

8-10. Nusiwo tae wòdze be míaku Biblia me dometɔ aɖewo ɖe?

8 Le nyateƒe me la, agbalẽ si gblɔ be Mawu gbɔe yetso eye nusiwo katã aɖi ɖase le eƒe nyateƒenyenye ŋu le esi tso teƒe bubuwo kple le emenyawo me la dze be míadzro eme nyuie.a Eɖe taɖodzinu si le agbe ŋu, nusi xexeamenudzɔdzɔwo fia, kple nusi ɣeyiɣi si gbɔna ahe vɛ la me. Agbalẽ bubu aɖeke mate ŋu awɔ ema o.

9 Ẽ, Biblia la nye nya si Mawu gblɔ na amegbetɔƒomea. Eto eƒe dɔwɔŋusẽ, alo gbɔgbɔ, dzi fia mɔ eŋɔŋlɔ, eye ame siwo de 40 ye ŋlɔe. Eyata Mawu ƒoa nu na mí to eƒe Nya, Biblia Kɔkɔe la dzi. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã . . . ene.”—Tesalonikatɔwo I, 2:13.

10 Abraham Lincoln, United States ƒe dukplɔla 16 lia, yɔ Biblia be enye “nunana nyuitɔ kekeake si Mawu na amegbetɔ kpɔ . . . Eya manɔmee la, míanya nu nyui tso nu vɔ̃ gbɔ o.” Ke azɔ nukae nunana xɔasitɔ sia gblɔ na mí tso alesi fukpekpe dze egɔmee, nusitae Mawu ɖe mɔ ɖe eŋu ɖo, kple nusi wòawɔ atso eŋu la ŋuti?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Hena Biblia la ƒe nyateƒenyenye ŋuti ɖaseɖiɖi bubuwo la, kpɔ agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? si Watchtower Bible and Tract Society of New York Inc. ta le ƒe 1989 me.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Biblia si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ mee nye nya si wògblɔ na amegbetɔƒomea

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe