Agbalẽ Si Bɔ Wu Ðesiaɖe Le Xexeame
“Biblia ye nye agbalẽ si woxlẽ wu le ŋutinya me. . . . Biblia bɔ ɖe afisiafi wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe. Woɖe Biblia gɔme hã zi gbɔ zi geɖe, eye ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe.”—“The World Book Encyclopedia.”1
LE GO aɖewo me la, agbalẽ akpa gãtɔ le abe amewo ke ene. Wodzɔna, eye ɖewohĩ woatsi axɔ ŋkɔ eye woaku—negbe blemagbalẽ ʋee aɖewo ko gomee mele nenema le o. Zi geɖe la, agbalẽdzraɖoƒewo zuna abe agbalẽ xoxo gbogbo aɖewo siwo womegaxlẽna o, si sɔ kple gbɔgblɔ be woku, la ƒe yɔdo ene.
Gake le blemagbalẽwo gɔ̃ hã dome la, Biblia ya to vo kura. Togbɔ be ƒe 3,500 ye nye esia si wodze eŋɔŋlɔ gɔme hã la, agbe gale eŋu ale gbegbe. Ele ŋgɔ sasasã na agbalẽ siwo bɔ wu le xexeame godoo.a Wotaa Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo siwo ade miliɔn 60 ƒe sia ƒe. Gbãtɔ si wota le mɔ̃ dzie nye esi Germanytɔ nutovɛla Johannes Gutenberg ta le eƒe agbalẽtaƒe le agbalẽtamɔ̃ dzi le ƒe 1455 me lɔƒo. Tso ɣemaɣi la, wosusui be Biblia (bliboa alo eƒe akpa aɖewo) ƒe xexlẽme si ade biliɔn ene ye wota. Eɖanye subɔsubɔgbalẽ alo agbalẽ bubuwo o, wo dometɔ aɖeke megogo afi aɖeke gɔ̃ hã nɛ o.
Biblia ganye agbalẽ si gɔme woɖe wu le ŋutinya me hã. Woɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ kpakple gbetagbe siwo wu 2,100 me.b Biblia ƒe akpa aɖe ya teti le xexeamenɔla siwo wu 90 le alafa me si le woawo ŋutɔ wo degbe me.2 Ewɔe be agbalẽ sia le dukɔ geɖe me, ele ŋutigbalẽ ƒe amadede vovovo me tɔwo kple gbevovovodolawo si.
ewohĩ xexlẽmea ɖeɖe maʋã wò be nàdzro Biblia me o. Ke hã la, Biblia ƒe bɔbɔ kple gbe siwo me woɖe egɔme ɖo sɔ gbɔ ŋutɔ, si le ɖase ɖim le eŋu be agbalẽ si ƒe nu lé dzi na xexeame katãe wònye. Nyateƒee, edze be nàbu agbalẽ si woƒlena wu eye woɖe egɔme wu le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me la ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Agbalẽ si gabɔ wue nye agbalẽvi akpa dzẽ si nye Quotations From the Works of Mao Tse-tung (Mao Tse-tung ƒe Agbalẽwo me Nyayɔyɔwo) si wogblɔ be wosusu be esiwo wodzra alo womã la ade miliɔn 800.
b Xexlẽme si Biblia Habɔbɔwo ƒe Ƒuƒoƒo ta dzie míenɔ te ɖo yɔ agbɔsɔsɔ sia.
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Gutenberg ƒe Biblia si le Latingbe me ye nye agbalẽ blibo gbãtɔ si wota le agbalẽtamɔ̃ dzi