Aleke Agbalẽ La Wɔ Gakpɔtɔ Li?
Dzɔdzɔmenuwo gblẽa nu le blemanuŋɔŋlɔwo ŋu—dzo, fafa, kple dzaƒoƒo. Afɔkunu siawo ate ŋu agblẽ nu le Biblia hã ŋu. Alesi wòwɔ to nugblẽnuwo me le ŋutinya me le blemagbalẽwo dome va zu agbalẽ si bɔ ɖe xexeame katã wu ɖesiaɖe la ɖe dzesi ŋutɔ. Mele be míabu ŋutinya ma nya tsɛe o.
MENYE kpe dzie Biblia-ŋlɔlawo ŋlɔ woƒe nyawo ɖo o; menye anyikpememe siwo nɔa anyi eteƒe didina hã dzie woŋlɔ wo ɖo o. Kpeɖodziwo fia be nusiwo te ŋu gblẽna dzie woŋlɔ woƒe nyawo ɖo—ɖe papyrus (si wotsɔ Egiptetɔwo ƒe numiemie aɖe si woyɔa ŋkɔ ma ke na wɔe) kple lãgbalẽ dzi.
Nukae dzɔ ɖe nuŋɔŋlɔ gbãtɔwo dzi? Ðewohĩ wonyunyɔ gbaɖegbe ke le blema Israel. Agbalẽnyala Oscar Paret ɖe nu me be: “Fafa, kple dzaƒoƒo, kpakple nyevi hamehame ate ŋu agblẽ nu le nu eve siawo siwo dzi woŋlɔa nu ɖo [papyrus kple lãgbalẽ] siaa ŋu bɔbɔe. Míenya alesi pepa, kple lãgbalẽ sesẽ gɔ̃ hã, gblẽnae ne ele ya nu alo le xɔ si me fafa le me la le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me.”1
Ne agbalẽ gbãtɔ siwo Biblia-ŋlɔlawo ŋlɔ megali o la, ke aleke nya siwo woŋlɔ ya wɔ gakpɔtɔ li va ɖo míaƒe ŋkekea me?
Nugbugbɔgaŋlɔla Siwo Léa Fɔ Ðe Dɔ Ŋu Kpɔ Eta
Esi woŋlɔ gbãtɔawo vɔ teti la, wokpɔ wo dzi gaŋlɔ bubuwo kple asi. Le nyateƒe me la, Ŋɔŋlɔawo gbugbɔgaŋlɔ va zu dɔ koŋ wowɔna le blema Israel. (Ezra 7:6; Psalmo 45:2) Gake nusiwo gblẽna dzie woŋlɔ esiwo wogbugbɔ gaŋlɔ hã ɖo. Mlɔeba la, ehiãna be woagaŋlɔ bubuwo kple asi aɖo woawo hã teƒe. Esi gbãtɔawo va vɔ kura la, esiawo siwo wogbugbɔ gaŋlɔ dzie wokpɔ ŋlɔ asinuŋɔŋlɔ siwo wova ŋlɔ emegbe. Esiwo wogbugbɔ gaŋlɔ dzi kpɔkpɔ aŋlɔ bubuwo nye nusi wonɔ wɔwɔm ƒe alafa geɖe. Ðe nugbugbɔgaŋlɔlawo ƒe vodada siwo wowɔ le ƒe alafaawo me trɔ nu geɖe le Biblia me nyawo mea? Kpeɖodziawo ɖee fia be metrɔ o.
Amesiwo tsɔ nugbugbɔgaŋlɔ ɖo dɔe la wɔa nuteƒe le woƒe dɔa wɔwɔ me ale gbegbe. Wodea bubu deto nya siwo wogbugbɔ ŋlɔna ŋu. Woléa fɔ ɖe dɔ ŋu hã. Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “nugbugbɔgaŋlɔla” ye nye so·pherʹ, si fia nuxexlẽ ɖekaɖekae kple eŋɔŋlɔ ɖi. Be míakpɔ alesi nugbugbɔgaŋlɔlawo ŋlɔa nu wòdena pɛpɛpɛe la, mina míalé ŋku ɖe Masoretwo ŋu kpɔ.a Agbalẽnyala Thomas Hartwell Horne ɖe nu me le wo ŋu be: “Woxlẽa . . . alfabetawo ɖekaɖeka eye wonyaa esi le titina na Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo, [Biblia-gbalẽ gbãtɔ atɔ̃awo] nyagbekɔsɔkɔsɔ si le titina na agbalẽ ɖesiaɖe, kple zi gbɔ zi alesi [Hebrigbe me] alfabetawo dometɔ ɖesiaɖe dze le Hebri Ŋɔŋlɔawo katã me.”3
Eyata nugbugbɔgaŋlɔla bibiwo zã numetotomɔnu vovovowo. Be womagaŋlɔ Biblia ƒe ŋɔŋlɔdzesi ɖeka pɛ hã be o la, menye nya siwo wogbugbɔ ŋlɔ koe woxlẽna o, woxlẽa ŋɔŋlɔdzesiawo ke hã. Kpɔ agbagbadzedze blibo si esia wɔwɔ bia ɖa: Wogblɔ be woxlẽ ŋɔŋlɔdzesi ɖekaɖeka 815,140 le Hebri Ŋɔŋlɔawo me!4 Wodze agbagba fɔléleɖeŋutɔe alea tsɔ kpɔ egbɔ be yewoŋlɔ nua wòde pɛpɛpɛ.
Ke hã menye amesiwo mewɔa vodada o ye nugbugbɔgaŋlɔlawo nye o. Ðe kpeɖodziwo li be, togbɔ be wotsɔ ƒe alafa geɖe kpɔ Biblia me nyawo dzi gbugbɔ gaŋlɔ hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be egale eƒe nɔnɔa?
Nusita Kakaɖedzi Blibo Anɔ Mía Si
Susu nyuiwo li be míaxɔ edzi ase be wokpɔ Biblia ta míeva tu pɛpɛpɛ egbea. Kpeɖodzia ye nye eƒe asinuŋɔŋlɔ siwo li—wobui be Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽwo katã alo eƒe akpa aɖewo siwo ade 6,000 kple Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo siwo ade 5,000 ye li. Wo dometɔ aɖee nye Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔ aɖe si wofɔ le ƒe 1947 me si fia alesi woŋlɔ nuwo wode pɛpɛpɛ le Ŋɔŋlɔawo gbugbɔgaŋlɔ me. Woyɔe tso ɣemaɣi ke be “míaƒe ɣeyiɣia me asinuŋɔŋlɔ vevitɔ kekeake si wofɔ kpɔ.”5
Esi Bedouin ɖekakpui alẽkplɔla aɖe kplɔ eƒe lãwo yi gbeɖuƒee le ƒe ma ƒe gɔmedzedze la, ekpɔ agado aɖe le Ƒukukua gbɔ. Ekpɔ zɔwo le eme, naneke menɔ akpa gãtɔ me o. Gake le zɔa ɖeka si nu wotre nyuie me la, ekpɔ agbalẽxatsaxatsa aɖe si woŋlɔ ɖe lãgbalẽ dzi bla avɔ ɖe eŋu nyuie, esi dzi woŋlɔ Biblia-gbalẽ si nye Yesaya katã ɖo. Edze le agbalẽxatsaxatsa sia si ta wokpɔ nyuie gake wòzu belibeli ŋu be wodzra teƒe aɖewo ɖo le eŋu. Ðekakpui ma si nye alẽkplɔla menya kura be blema agbalẽxatsaxatsa ma si yelé ɖe asi la ava zu nusi dzi woahe xexeame katã ƒe susu ayii o.
Nukae ɖe dzesi le asinuŋɔŋlɔ sia ya ŋu nenema gbegbe? Le ƒe 1947 me la, Hebrigbe me asinuŋɔŋlɔ si do xoxo wu si me agbalẽawo katã nɔ la nye esi woŋlɔ le ƒe alafa ewolia M.Ŋ. me. Gake wobui be ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. mee woŋlɔ agbalẽxatsaxatsa siab—enɔ anyi didi wu kemɛa ƒe akpe ɖeka.c Agbalẽnyalawo di vevie be yewoatsɔ agbalẽxatsaxatsa sia asɔ kple esiwo wova ŋlɔ emegbe kura akpɔ alesi wòle ɖa.
Le numekuku aɖe me la, agbalẽnyalawo tsɔ Yesaya ƒe Agbalẽ si le Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo me ƒe ta 53 lia sɔ kple Masoretwo ƒe nuŋɔŋlɔ si woŋlɔ le ƒe akpe ɖeka megbe. Agbalẽ si nye A General Introduction to the Bible gblɔ tso nusi ŋu woke ɖo le numekukua me ŋu be: “Le nya 166 siwo le Yesaya 53 me dome la, ŋɔŋlɔdzesi wuiadre ŋu koe nya ku ɖo. Alesi wova nɔ nyawo ŋlɔmee ŋu koe wo dometɔ ewo ku ɖo, eye megblẽ naneke le gɔmesesea ŋu o. Nuŋlɔɖaŋua koe wotrɔ le ene bubuwo gome, abe le nyablanyawo gome ene. Ŋɔŋlɔdzesi etɔ̃ mamlɛawo nye nya si wozã na ‘kekeli,’ si wotsɔ kpe kpukpui 11 lia me nyawo, eye metrɔ gɔmesesea boo o. . . . Ale le ta ɖeka si me nya ɖekaɖeka 166 le me la, nya ɖeka (ŋɔŋlɔdzesi etɔ̃) ŋu koe nya ku ɖo le ƒe akpe ɖeka ƒe nugbugbɔgaŋlɔ megbe—eye nya sia metrɔ mawunyakpukpuia ƒe gɔmesese boo o.”7
Nufialagã Millar Burrows, si tsɔ ƒe geɖe wɔ dɔ le agbalẽxatsaxatsaawo ŋu eye wònɔa ŋku lém ɖe wo me nyawo ŋu la, ƒo nya ta alea tɔgbe ke be: “Woate ŋu agblɔ le vovototo siwo le . . . Yesaya ƒe agbalẽxatsaxatsa la kple Masoretwo ƒe nuŋɔŋlɔwo me ŋu be nugbugbɔgaŋlɔ me vodadawoe wonye. Le esiawo megbe la, ɖekawɔwɔ ɖedzesi aɖe le wo kple Titinaɣeyiɣiwo me ƒe asinuŋɔŋlɔawo dome le nu veviwo me. Ðekawɔwɔ ma si le asinuŋɔŋlɔ si do xoxo wu kura alea gbegbe me la nye ɖaseɖiɖi si ganaa kakaɖedzi be nuŋɔŋlɔ siwo zãm wole tso gbaɖegbe ke la de pɛpɛpɛ le nu veviwo me.”8
Míate ŋu agblɔ be “ɖaseɖiɖi si ganaa kakaɖedzi” le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa 19 lia me, esi wofɔ Codex Sinaiticus, asinuŋɔŋlɔ si woŋlɔ ɖe lãgbalẽ zɔzrɔ̃e dzi si wosusu be ƒe alafa enelia M.Ŋ. mee woŋlɔe la, eva ɖo kpe edzi be Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔ siwo wova ŋlɔ le ƒe alafa geɖe megbe la me nyawo de pɛpɛpɛ. Wosusui be ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe afã gbãtɔ mee woŋlɔ Yohanes ƒe Nyanyuia si le papyrus dzi, si ƒe kakɛ aɖe si wofɔ le Faiyūm nutome le Egipte, esi mede ƒe 50 le agbalẽa ŋutɔ ŋɔŋlɔ vɔ megbe o. Ke xɔdzo me nɔnɔ na naneke megblẽ le eŋu o togbɔ be enɔ afima ƒe alafa geɖe hã. Eƒe nuŋɔŋlɔ wɔ ɖeka kple asinuŋɔŋlɔ si wova ŋlɔ emegbe kura la tɔ.9
Eyata ɖaseɖiɖiawo ɖo kpe edzi be le nyateƒe me la, nugbugbɔgaŋlɔlawo dze agbagba ŋutɔ ŋlɔ nu wòde pɛpɛpɛ. Ke hã wowɔ vodadawo. Asinuŋɔŋlɔ ɖeka aɖeke meli si me vodada aɖeke kura mele o—Yesaya ƒe Agbalẽ si le Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo me hã le eme. Togbɔ be ele nenema hã la, agbalẽnyalawo te ŋu kpɔ vovototo mawo siwo le emawo kple gbãtɔ siwo woŋlɔ la dome ɖɔ wo ɖo.
Nugbugbɔgaŋlɔlawo ƒe Vodadawo Ðɔɖɔɖo
Tsɔe be wobia tso ame 100 si be woatsɔ asi aŋlɔ agbalẽ gã aɖe me nyawoe. Wo dometɔ aɖewo ya teti awɔ vodada godoo. Gake wo katã mawɔ vodada mawo ke o. Ne ètsɔ 100 si wogbugbɔ ŋlɔ la katã sɔ kple wo nɔewo nyuie la, àte ŋu ake ɖe afisiwo vodadawo le ŋu eye nànya nusi le esi dzi wokpɔ ŋlɔ wo me, ne mèxlẽ esi dzi wokpɔ hafi ŋlɔe la kpɔ o hã.
Nenema ke menye vodada ma kee Biblia gbugbɔgaŋlɔlawo katã wɔ o. Esi Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔ akpe geɖe li fifia woatsɔ asɔ kple wo nɔewo akpɔ ta la, nuŋɔŋlɔŋununyalawo te ŋu ke ɖe vodadaawo ŋu, wonya nya siwo nɔ esi dzi wokpɔ ŋlɔ me eye woŋlɔ ɖɔɖɔɖo siwo hiã ɖi. Numekuku tsitotsito mawo kpe ɖe nuŋɔŋlɔŋununyalawo ŋu wogbugbɔ ŋlɔ nuŋɔŋlɔ siwo de ɖe gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔe ɖo me. Le Hebri kple Hela gbe me nuŋɔŋlɔ siawo siwo ŋu wotrɔ asi le me la, wotsɔa nya siwo dzi asinuŋɔŋlɔ akpa gãtɔ da asi ɖo la be eyae nye nyuitɔ si dzi wokpɔ ŋlɔ bubuawo, eye zi geɖe la, woŋlɔa vovototo alo alesi woŋlɔ nane bubui le asinuŋɔŋlɔ aɖewo me ɖe etenuŋɔŋlɔwo me. Esiwo wogbugbɔ gaŋlɔ siwo ŋu nuŋɔŋlɔŋununyalawo trɔ asi le ye nye esi Biblia gɔmeɖelawo zãna tsɔ ɖea Biblia gɔmee ɖe egbe gbegbɔgblɔwo me.
Eyata ne ètsɔ egbe Biblia gɔmeɖeɖe aɖe la, kakaɖedzi blibo li be Hebri kple Hela gbe me nuŋɔŋlɔ siwo wozã tsɔ ɖe egɔmee la te ɖe esi Biblia-ŋlɔla gbãtɔwo ŋlɔ ŋu ŋutɔŋutɔ.d Alesi Biblia wɔ gakpɔtɔ li le egbugbɔgaŋlɔ kple asi ƒe akpe geɖe me la nye nusi wɔ nuku ale gbegbe. Eyata Aƒetɔ Frederic Kenyon, si nye Britain Blemanudzraɖoƒe ƒe dzikpɔla ɣeyiɣi didi aɖe te ŋu gblɔ be: “Menye vodada be woate gbe ɖe edzi vevie be kakaɖedzi le nya si le Biblia me ŋu o . . . Womate ŋu agblɔ nya sia tso blemagbalẽ bubu aɖeke ŋu le xexeame o.”10
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Masoretwo (si gɔmee nye “Kɔnyinyi ƒe Aƒetɔwo”) nye Hebri Ŋɔŋlɔawo gbugbɔgaŋlɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa adelia kple ewolia M.Ŋ. domee. Woyɔa woƒe asinuŋɔŋlɔwo be Masoretwo ƒe nuŋɔŋlɔwo.2
b Ele eme be gbegɔmeɖela ɖekaɖekawo ate ŋu aku ɖe Hebri kple Hela gbe me nuŋɔŋlɔawo ŋu goŋgoŋ alo woaɖe wo gɔme ase mɔ dzi ya.
c Textual Criticism of the Hebrew Bible, si Emanuel Tov ŋlɔ, gblɔ be: “Esi wozã blemanuwo dzidzemɔnu si nye carbon 14 tsɔ do 1QIsaa [Yesaya ƒe Agbalẽ si le Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo me] kpɔ la, fifia wobui be anye ƒe 202 kple 107 DMŊ (blemanuŋɔŋlɔwo dokpɔmɔnuwo ƒe ɣeyiɣikɔntabubu: ƒe 125-100 DMŊ) domee woŋlɔe . . . Edze le eme be blemanuŋɔŋlɔwo dokpɔmɔnuwo ƒe ɣeyiɣikɔntabubu si ƒe nya gblɔm míele, si ŋu wotrɔ asi le le ƒe siawo me, ale be wònye ɣeyiɣikɔntabubumɔnu si le dedie wu, si me wonɔa te ɖe ŋɔŋlɔdzesiwo ƒe dzedzeme kple alesi woɖo woe tsɔtsɔ sɔ kple nu bubuwo, abe gaku siwo dzi woŋlɔ ƒewo ɖo kpakple wo dzi nuŋɔŋlɔwo ene dzi bua ƒe si nuwo xɔ, la va nye mɔnu si ŋu kakaɖedzi le wu.”6
d D.M.Ŋ. fia be “Do ŋgɔ na Mía Ŋɔli.” M.Ŋ. fia “Mía Ŋɔli” si wolɔ̃a yɔyɔ be A.D., esi gɔmee nye Anno Domini, si fia be “le Aƒetɔ la ƒe ƒea me.”
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Nugbugbɔŋlɔla bibiwo kpɔ Biblia la ta
[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]
Yesaya ƒe Agbalẽ si le Ƒukukua ƒe Agbalẽawo me (dzedzemea pɛpɛpɛe nye esia) sɔ kple Masoretwo ƒe nuŋɔŋlɔ si woŋlɔ ƒe akpe ɖeka megbe le nusianu kloe me