Ðe Agbalẽ Sia Wɔ Ðeka Kple Dzɔdzɔmeŋutinunyaa?
Menye ɣesiaɣie subɔsubɔhawo bu dzɔdzɔmeŋutinunya be xɔlɔ̃woe yewonye o. Le ƒe alafa siwo va yi me la, mawunyaŋununyala aɖewo tsi tre ɖe nusiwo ŋu woke ɖo le dzɔdzɔmeŋutinunya me ŋu esi wokpɔ be agblẽ nu le alesi yewoɖe Biblia gɔmee ŋu. Gake Biblia ƒe futɔe dzɔdzɔmeŋutinunya nye nyateƒea?
NE ÐE Biblia-ŋlɔlawo lɔ̃ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya me nukpɔsusu siwo dzi ame akpa gãtɔ da asi ɖo le eŋlɔɣi dzi la, anye ne agbalẽ si me dzɔdzɔmeŋutinunya me vodada tɔŋkuwo adze le gaglãa ko wòanye. Gake eŋlɔlawo mewɔ ɖeka kple nukpɔsusu dada mawo siwo mesɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya nu o la o. Woŋlɔ nya geɖe siwo menye ɖeko wonye nyateƒe le dzɔdzɔmeŋutinunya me ko o ke wotsi tre ɖe nukpɔsusu siwo dzi woda asi ɖo le ɣeyiɣi mawo me ŋu hã.
Nɔnɔme Ka Mee Anyigba la Le?
Amewo di be yewoanya ŋuɖoɖo na nyabiase ma ƒe akpe geɖewo. Blematɔ geɖe susui be anyigba le gbadzaa. Le kpɔɖeŋu me, Babilontɔwo xɔe se be xexeame katã le abe aɖaka alo xɔ aɖe ene eye anyigbae nye xɔa me ŋutɔŋutɔ. Veda nunɔla siwo le India susui be anyigba le gbadzaa eye eƒe akpa ɖeka koe amewo le. Blematɔwo ƒe to aɖe si le Asia bui be anyigba le abe agba gbadzɛ ene.
Le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me ke la, Helatɔ xexemenunyala Pythagoras gblɔ be esi dzinu kple ɣe le nogoo ta la, ele be anyigba hã nanɔ nogoo. Emegbe Aristotle (ƒe alafa enelia D.M.Ŋ.) hã lɔ̃ ɖe edzi, eye wòɖe nu me be alesi zãdokeli ƒe vɔvɔli si xea dzinua dzi dzenae la ɖo kpe edzi be nu nogoe anyigba nye. Anyigba ƒe vɔvɔli si dzena le dzinu dzi la xana gobaa.
Gake dzixɔse si nye be ɖe anyigba le gbadzaa (eye eƒe dzimekpa dzi koe amewo le) mebu ɖa keŋkeŋ o. Esesẽ na ame aɖewo be woalɔ̃ ɖe nusi wòafia ne woxɔe se be ɖe anyigba le nogoo la dzi—be go eve siwo dzɔ ɖe wo nɔewo nu tututu (antipodes) ye le anyigba ƒe afisiafi si.a Kristotɔ xɔsetaʋlila Lactantius si nɔ anyi le ƒe alafa enelia M.Ŋ. me tsɔ nya la ŋutɔ wɔ fewuɖuɖui. Egblɔ be: “Ðe ame aɖe tsi bome kakaka alea be wòaxɔe ase be ame aɖewo li siwo trɔ ta tu toa? . . . be anyimee nukuwo kple atiwo trɔa ta ɖoa? be dzimee tsi, sno, kple tsikpe dzana yina?”2
Anyigba ƒe go eve siwo dzɔ ɖe wo nɔewo nu tututu ƒe dzixɔse la ɖu ta na mawunyaŋununyala ʋee aɖewo. Nufiafia aɖewo gblɔ be ne ame aɖewo le anyigba ƒe go kemɛ dzi tututu la, ƒomedodo aɖeke mate ŋu anɔ wo kple amegbetɔ siwo míenya la dome o le esi atsiaƒua keke akpa be woatso ta loo alo esi manya wɔ be woato nuto si xɔ dzo gbagbagbã si ƒo xlã anyigbamemãfli me o ta. Ke afikae gokemɛdzinɔlawo atso ava? Esi mawunyaŋununyala aɖewo menya ta le enu o ta la, edze wo ŋu be yewoaxɔe se boŋ be gokemɛdzinɔla aɖeke meli o, alo abe alesi Lactantius gblɔe ene la, anyigba la ŋutɔ mele nogoo o!
Ke hã la, dzixɔse si nye be ɖe anyigba le nogoo la ɖu dzi, eye mlɔeba wova lɔ̃ ɖe edzi le teƒe geɖewo. Gake esi amewo dze yamenutome yiyi gɔme le ƒe alafa 20 lia me ko hafi wote ŋu yi yamenutome ʋĩ eye woawo ŋutɔ kpɔe tsɔ ɖo kpe edzii be nu nogoe anyigba nye.b
Eye akpa kae Biblia nɔ na nya sia? Le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me, ɣeyiɣi si me ame akpa gãtɔ bui be ɖe anyigba le gbadzaa, si nye ƒe alafa geɖe do ŋgɔ hafi Helatɔ xexemenunyalawo nava bui be anye ɖe anyigba le nogoo, eye wònye ƒe akpe geɖe hafi amegbetɔ nanɔ yamenutome akpɔ anyigba be ele nogoo la, Hebritɔ nyagblɔɖila Yesaya gblɔe egɔme nya se ŋutɔ be: “Amesi le anyigba si nye nu nogo la tame.” (Yesaya 40:22, NW) Woate ŋu aɖe Hebrigbe me nya chugh si wozã le afisia gɔme be “nusi le godoo.”3 Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo xlẽ be “anyigba nogo la.”—Moffatt.c
Biblia-ŋlɔla Yesaya metsɔ glitoto siwo bɔ ɣemaɣi le anyigba ƒe nɔnɔme ŋu wɔ dɔe o. Eŋlɔ nya si ŋu dzɔdzɔmeŋutinunya me ŋgɔyiyiwo me nufɔfɔwo mete fli ɖo o.
Nuka Dzie Woɖo Anyigba Gɔme Anyi Ðo?
Nyabiase bubuwo hã ɖu ta na blematɔwo le xexeame ŋu: Nuka dzie anyigba la le? Nukae lé ɣe, ɣleti, kple ɣletiviwo ɖe te le yame? Womenya naneke tso alesi anyigba ƒe nuheŋusẽ kpɔa ŋusẽ ɖe nu bubuwo dzii si ŋu Isaac Newton ke ɖo eye wotae le ƒe 1687 me ŋu o. Womenya naneke tso nufiafia si nye be le nyateƒe me la, yame koe dziƒonuwo tsi ɖo ke menye naneke ŋue woku wo ɖo o la ŋu o. Eyata woƒe numeɖeɖewo fiana zi geɖe be nusiwo ŋu woate ŋu aka asii ŋutɔŋutɔ alo nusiwo li ŋutɔŋutɔe lé anyigba kple dziƒonu bubuwo ɖe yame.
Le kpɔɖeŋu me, blematɔwo ƒe nufiafia aɖe, si ɖewohĩ anye ƒukpodzinɔlawoe toe vɛ, ye nye be tsi ƒo xlã anyigba la eye tsi siawo dzie wòho ɖo. Hindutɔwo susui be gɔmeɖoanyi geɖewo le anyigba si, eye woɖo wo ɖe wo nɔewo dzi. Ele atiglinyi ene dzi, atiglinyiawo le klo gã aɖe dzi, kloa hã le da si xatsa eye wòho ɖe xexemetsiwo dzi la dzi. Helatɔ xexemenunyala Empedocles si nɔ agbe le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. xɔe se be yaƒoƒo si nye libla aɖe dzie anyigba le eye libla siae naa dziƒonuwo nɔa zɔzɔm.
Nukpɔsusu siwo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi wu dometɔ ɖekae nye Aristotle tɔwo. Togbɔ be egblɔ be anyigba le nogoo hã la, melɔ̃ ɖe edzi be ate ŋu anɔ yame ƒuƒlu ko o. Egblɔ le eƒe numeɖegbalẽ si nye On the Heavens (Ku Ðe Dziƒowo Ŋu) me esi wònɔ tsitre tsim ɖe nufiafia si nye be tsi dzie anyigba ho ɖo ŋu be: “Tsi mete ŋu nɔa yame ƒuƒlu o, abe alesi anyigba hã mete ŋu nɔnɛ o ene: ele be nane nanɔ anyi si dzi wòanɔ.”4 Ke nuka dzie anyigba la ‘le’? Aristotle fia nu be wotsi ɣe, ɣleti, kple ɣletiviwo ɖe dziƒonu sesẽ siwo me woate ŋu akpɔ nu atoe ŋu. Wode dziƒonuawo wo nɔewo me, eye anyigba la—si meʋãna o—le titina na wo. Ne dziƒonuawo le xlã ƒom le wo nɔewo me la, nusiwo tsi ɖe wo ŋu—ɣe, ɣleti, kple ɣletinyigbawo—nɔa zɔzɔm le yame.
Aristotle ƒe numeɖeɖea dze abe nusi me susu le ene. Ne wometsi dziƒonuwo ɖe naneke ŋu goŋgoŋ o la, ke aleke woawɔ atsi ɖe yame? Woxɔ Aristotle, amesi ŋu wode bubui ƒe nukpɔsusuwo be wonye nyateƒe wòde ƒe 2,000 kloe. The New Encyclopædia Britannica gblɔ be le ƒe alafa 16 kple 17 liawo me la, eƒe nufiafiawo “de dzi ɖo afisi woxɔ wo be wonye mawusubɔsubɔ me nufiafiawo” le le sɔlemeha la gbɔ.5
Esi woto yamenutomekpɔmɔ̃ vɛ la, ɣletiviŋununyalawo va nɔ nya biam tso Aristotle ƒe nufiafia la ŋu. Gake womete ŋu ke ɖe ŋuɖoɖoa ŋu o vaseɖe esime Aƒetɔ Isaac Newton va ɖe eme be yame ƒuƒlu koe ɣletinyigbawo le, eye ŋusẽ makpɔmakpɔ aɖee lé wo ɖe te—eyae nye nuheŋusẽ. Edze abe nusi dzi manya axɔ ase o ene, eye esesẽ na Newton ƒe dɔwɔhati aɖewo be woaxɔe ase be yame nate ŋu anɔ ƒuƒlu si naneke manɔ eƒe akpa gãtɔ o.d6
Nya kae le Biblia si le nya sia ŋu? Ƒe 3,500 kloe nye esia la, Biblia gblɔe kɔte eme nya se bɔbɔe nyuie be ‘womeku anyigba ɖe naneke ŋu o.’ (Hiob 26:7) Le Hebrigbe si me woŋlɔ nya sia ɖo me la, nya si wozã na “naneke o” (beli-mahʹ) le afisia la gɔmeɖeɖe tẽ ye nye “si ŋu naneke mele o.”7 Contemporary English Version zã nyagbɔgblɔ si nye “ɖe yame ƒuƒlu.”
Ame akpa gãtɔ mebui ɣemaɣi kura be ɣletinyigba atsi “ɖe yame ƒuƒlu” o. Gake Biblia-ŋlɔla la nɔ ŋgɔ sasasã na eƒe ɣeyiɣia esi wòŋlɔ nya si sɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me.
Biblia Kple Atikeŋutinunya —Wowɔ Ðekaa?
Wofia nu geɖe mí le egbe tikewɔwɔ ŋuti nunya me tso dɔléle ƒe kaka kple mɔxexe ɖe enu ŋuti. Ŋgɔyiyi siwo wokpɔ le atikewɔwɔ me le ƒe alafa 19 lia me na woto mɔxexeɖedɔlélenu vɛ le atikewɔwɔ me—dzadzɛnɔnɔ be woatsɔ aɖe dɔxɔxɔ dzi akpɔtɔ. Emetsonu wɔ nuku ŋutɔ. Dɔxɔxɔ kple kuku do ŋgɔ na ame ƒe kuɣi dzi ɖe kpɔtɔ ale gbegbe.
Gake blema tikewɔlawo mese alesi dɔléle wɔna kakana gɔme bliboe o, eye womenya dzadzɛnyenye ƒe vevienyenye le mɔxexe na dɔléle me hã o. Eyata mewɔ nuku o be woƒe atikewɔmɔnuwo dometɔ geɖe adze ŋkumaʋumaʋunui ne ètsɔe sɔ kple egbe tɔwo.
Blema tikewɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖi xoxotɔwo dometɔ aɖee nye Ebers ƒe Papyrus, si me woŋlɔ Egiptetɔwo ƒe atikeŋutinunya me nyawo, tso ƒe 1550 D.M.Ŋ. me lɔƒo ɖo. Dɔ vovovo siwo ade 700 ƒe atikewo le agbalẽxatsaxatsa sia me “tso loɖuame dzi va ɖo afɔfetsuveame dzi.”8 The International Standard Bible Encyclopaedia gblɔ be: “Ŋkuléleɖenuŋu koe atikewɔla siawo tsɔ da gbee, eƒe akpa gã aɖe nye akunyawɔwɔ eye mesɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya nu kura o.”9 Atikeawo ƒe akpa gãtɔ meɖea vi aɖeke o, gake afɔku le wo dometɔ aɖewo ŋu ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne abiteƒe si ɖe tsro le ame vem la, atike si wogblɔ be woawɔ na ame xlẽ ale: “Agbalẽfiala ƒe afɔdzi. Blui ɖe Nyinotsi si wofia yeyee me nyuie nàtsɔ abla teƒeae.”10
Ɣeyiɣi si me woŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ atɔ̃ gbãtɔawo, si me Mose ƒe Sea hã le, me lɔƒoe woŋlɔ Egiptetɔwo ƒe atikegbalẽ sia. Egipte ye Mose si wodzi le ƒe 1593 D.M.Ŋ. nɔ tsi. (Mose II, 2:1-10) Esi wònye Farao ƒemetɔ ta la, ‘wofia Egiptetɔwo ƒe nunyawo katãe.’ (Dɔwɔwɔwo 7:22) Enya Egiptetɔwo ƒe “atikewɔlawo” nyuie. (Mose I, 50:1-3) Ðe woƒe atikewɔmɔnu maɖevi la alo esi me afɔku nɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe nusiwo wòŋlɔ dzia?
Ao. Dzadzɛnyenyese siwo nɔ ŋgɔ na ɣemaɣi tɔwo boŋ ye nɔ Mose ƒe Sea me. Le kpɔɖeŋu me, asrafowo ƒe asaɖaƒuƒuanyi ŋuti se aɖe bia be woaɖe agboti ɖe asaɖa la godo. (Mose V, 23:13) Esia nye mɔxexeɖedɔlélenu mɔnu deŋgɔ ŋutɔ aɖe. Enana be dɔlékui megena ɖe tsi me o eye wòkpɔa ame ta tso kpetadede si tagbatsuwo kakana kple mitsinyedɔ bubu siwo gale ame miliɔn geɖe wum ƒe sia ƒe kokoko le dukɔ siwo me dzadzɛnyenye mele o me.
Dzadzɛnyenyeɖoɖo bubuwo le Mose ƒe Sea me si kpɔ Israel-viwo ta tso dɔxɔleameŋuwo ƒe kaka me. Woɖea amesi dɔ si woate ŋu axɔ le ame ŋu le alo amesi wosusui be ele eŋu la ɖe aga. (Mose III, 13:1-5) Ele be woanyã nudodo siwo ka lã si ku le eɖokui si ŋu (si ɖewohĩ anye dɔléle aɖee wui) alo aklɔ agba siwo ka eŋu la hafi agazã alo woagblẽ wo dome kura. (Mose III, 11:27, 28, 32, 33) Wobua amesiame si ka asi ame kuku ŋu be eŋu mekɔ o eye ele be wòawɔ ŋutikɔkɔkɔnu aɖe si ƒe akpa aɖe bia be wòanyã eƒe awuwo ahale tsi. Le ŋkeke adre siwo me eŋu mekɔ o me la, mele be wòagogo ame bubu o.—Mose IV, 19:1-13.
Nunya si tɔgbe menɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe atikewɔlawo si ɣemaɣi o dze le dzadzɛnyenyese siawo me. Ƒe akpe geɖe hafi woasrɔ̃ alesi dɔléle wɔna kakana le atikeŋutinunya me la, Biblia gblɔ mɔxexe ɖe wo nu ƒe mɔnu siwo me susu le be woatsɔ akpɔ ame tae tso dɔxɔxɔ me. Eyata mewɔ nuku o be Mose te ŋu gblɔ le Israel-viwo ŋu le eƒe ŋkekea me be wonɔa agbe wòɖoa ƒe 70 alo 80.e—Psalmo 90:10.
Àlɔ̃ ɖe edzi be Biblia me nya siwo míegblɔ va yi la sɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me. Gake Biblia me nyagbɔgblɔ bubuwo li siwo dzi womate ŋu atsɔ dzɔdzɔmeŋutinunya aɖo kpee o. Ðe ema fia kokoko be Biblia tsi tre ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋua?
Nusi Dzi Womate Ŋu Aɖo Kpee O Xɔxɔ
Ne womate ŋu aɖo kpe nya aɖe dzi o la, mefia kokoko be nya ma menye nyateƒe o. Amegbetɔ ƒe ŋutete be wòake ɖe ɖaseɖiɖi siwo asu ŋu eye be wòaɖe wo gɔme nyuie xea mɔ na dzɔdzɔmeŋutinunya me kpeɖodziwo kpɔkpɔ. Gake womate ŋu aɖo kpe nyateƒenya aɖewo dzi o le esi womegblẽ ɖaseɖiɖi aɖeke ɖi o, alo ɖaseɖiɖia do viviti alo womeke ɖe eŋu o ta, alo esi dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe ŋutetewo alo woƒe nunyanya meɖo afisi woate ŋu aƒo nya ta si ŋu ɖikeke mele o la o ta. Ðe wòanye alea wòle le Biblia me nyagbɔgblɔ siwo ŋu womate ŋu akpɔ ɖaseɖiɖi bubuwo le o gomea?
Le kpɔɖeŋu me, womate ŋu aɖo kpe nya siwo Biblia gblɔ tso nutome makpɔmakpɔ si nye gbɔgbɔmemewo nɔƒe ƒe anyinɔnɔ ƒe nyateƒenyenye—alo eƒe aʋatsonyenye—dzi le dzɔdzɔmeŋutinunya me o. Míate ŋu agblɔ nya ma ke le nukunu siwo ƒe nya wogblɔ le Biblia me ŋu. Xexeame katã ƒe Tsiɖɔɖɔ si va le Noa ƒe ŋkekea me ŋuti ɖaseɖiɖi kɔte siwo dze le anyigbaŋutinunya me mesɔ gbɔ adze ame aɖewo ŋu o. (Mose I, ta 7) Ðe wòle be míatsɔe be ke ɖe nu ma medzɔ oa? Ɣeyiɣiawo ƒe yiyi kple tɔtrɔwo ate ŋu ana ŋutinya me nudzɔdzɔ aɖewo nado viviti. Eyata ɖe mate ŋu adzɔ be ƒe akpe geɖe siwo va yi le anyigba ƒe ŋutinya me la tutu Tsiɖɔɖɔa ƒe ɖaseɖiɖi gbogbo aɖewo ɖa oa?
Nyateƒee, nyagbɔgblɔwo le Biblia me siwo míate ŋu atsɔ ɖaseɖiɖi siwo li fifia aɖo kpe woƒe nyateƒenyenye alo aʋatsonyenye dzi o. Gake ɖe wòle be wòawɔ nuku na mía? Menye dzɔdzɔmeŋutinunyagbalẽe Biblia nye o. Gake enye agbalẽ si me nyawo nye nyateƒe. Míedzro ɖaseɖiɖi sẽŋu siwo fia be nuteƒewɔla kple anukwareɖilawoe eŋlɔlawo nye la me va yi xoxo. Eye ne wole nu ƒom tso nya siwo do ƒome kple dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu la, woƒe nyawo nyea nyateƒea tututu eye blematɔwo ƒe “dzɔdzɔmeŋutinunya” me nufiafia siwo nyea xotutuwo ko ƒe ɖeke menɔa wo me o. Eyata dzɔdzɔmeŋutinunya menye futɔ na Biblia o. Susu nyui geɖe fũ li siwo tae míaʋu míaƒe susu me ada Biblia ƒe nyawo akpɔ.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a “Anyigba ƒe go eve siwo dzɔ ɖe wo nɔewo nu tututu . . . ye nye teƒe eve siwo le akpa kemɛ dzi tututu na wo nɔewo. Ne wote fli dzɔdzɔe to wo dome la, ato anyigba ƒe titina. Nya antipodes gɔme le Helagbe mee nye afɔ ɖe afɔ nu. Ne ame eve tsi tre ɖe anyigba ƒe go eve siwo dzɔ ɖe wo nɔewo nu tututu eye womia ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli la, woƒe afɔƒome atɔ wo nɔewo.”1—The World Book Encyclopedia.
b Hekpe ɖe eŋu la, nusi le nogoo le go sia go me ko ƒe afisiafie nàkpɔ be exa nyuie, afika ke nètsi tre ɖo kpɔe o. Zi geɖe la, nu nogo si le gbadzaa la adze le koklozi ƒe nɔnɔme me menye abe nusi le nogoo le go sia go me ene o.
c Ne míagblɔe tututu la, nu nogo si ƒe dzigbe kple anyigbe de sɔsɔ gee anyigba nye; etame kple eƒe anyime le gbadzaa vie.
d Nukpɔsusu aɖe si bɔ le Newton ŋɔlie nye be tsi ye xɔ xexeame—eyae nye xexeame katã ƒe “detsi”—eye tsi siwo sina ƒoa xlã kple du le tsi sia mee naa ɣletinyigbawo nɔa xlã ƒom.
e Le ƒe 1900 me la, amewo ƒe agbenɔƒe le Europa-dukɔ geɖe me kple United States mede ƒe 50 o. Tso ɣemaɣi la, edzi ɖe edzi ŋutɔ, menye le atikewɔwɔ me ŋgɔyiyiwo ɖeɖeko ta o ke le mɔxexe ɖe dɔléle nu le esi wova le fɔ lém ɖe dzadzɛnyenye ŋu kple agbenɔnɔmɔnu siwo de ame dzi wu ta.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]
Ne womate ŋu aɖo kpe nya aɖe dzi o la, mefia kokoko be nya ma menye nyateƒe o
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Ƒe akpe geɖe hafi amewo nakpɔ anyigba tso yemenutome la, Biblia gblɔe be ‘anyigba le nogoo’
[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]
Aƒetɔ Isaac Newton ɖe nu me be nuheŋusẽe lé ɣletinyigbawo ɖe woƒe toƒewo be afima koe woƒoa xlã tonɛ ɣesiaɣi